Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ May 1
“Ðevi ƒe ku naa dzilawo faa konyi vevie hena ɣeyiɣi didi aɖe. Afi kae nèbu be woate ŋu akpɔ akɔfafa le? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Romatɔwo 15:5.] Magazine sia dzro mɔ siwo dzi Mawu tona faa akɔ na ame siwo le nu xam la dometɔ aɖewo me.”
Awake! May
“Nu dze edzi na ame aɖewo ŋutɔ, evɔ ame miliɔn geɖewo ya da ahe. Èbu be nɔnɔme siawo siwo meda sɔ o nu ava yi gbe aɖe gbea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se ale si Mawu bua ame dahewoe ɖa. [Xlẽ Psalmo. 22:25.] Magazine sia ɖe mɔkpɔkpɔ si le Biblia me na ame dahewo me.”
Gbetakpɔxɔ May 15
“Aleke nàɖo nya si wobia le afi sia ŋui? [Xlẽ nyabiase si le akpaa dzi, eye nàɖe mɔ wòaɖo eŋu.] Biblia gblɔ susu si ta wòle be míalé mɔkpɔkpɔ me ɖe asi la na mí. [Xlẽ Mateo 6:9, 10.] Magazine sia ɖe ale si Mawu ƒe Fiaɖuƒe ana be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzii me.”
Awake! May
“Ðe nèbu be Mawu ɖo nu si míava wɔ le agbe me kple míaƒe kugbe ɖi na mía? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Mawunyakpukpui sia ɖee fia be Mawu ɖea mɔ na amewo be woatia ale si woanɔ agbee. [Xlẽ Mose V, 30:19.] Nyati sia ɖe nu si Biblia gblɔ tso nya sia ŋu me.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 12 lia fiae.