INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/07 axa 1
  • Miyi Edzi ‘Mianɔ Ku Geɖe Tsem’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Miyi Edzi ‘Mianɔ Ku Geɖe Tsem’
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Miyi Edzi Mianɔ Ku Geɖe Tsem’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Ale Si Woanye Atilɔ Siwo Tsea Ku Kple Yesu Xɔlɔ̃wo
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • ‘Kpɔ Weinka Sia Dzi’!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
km 6/07 axa 1

Miyi Edzi ‘Mianɔ Ku Geɖe Tsem’

1 Yesu yɔ eɖokui le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ aɖe me be weinti vavã la, Fofoa be Agbledela, eye wòyɔ eyomedzela siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na be weinti ƒe alɔ siwo tsena. Esime Yesu nɔ dɔ si kpɔɖeŋu ƒe Agbledela wɔna ɖɔm la, ete gbe ɖe ale si wòle vevie be alɔawo nalé ɖe weinti la ŋuti sesĩe la dzi. (Yoh. 15:1-4) Nusɔsrɔ̃ si le emee nye be, ele be ame sia ame si le ƒomedodo nyui me kple Yehowa nanɔ abe “weinti vavã,” Yesu Kristo, ƒe alɔ siwo tsena ene. Ele be míayi edzi anɔ ‘gbɔgbɔa ƒe kutsetse’ kple Fiaɖuƒea ƒe kutsetse siaa tsem geɖe.—Gal. 5:22, 23; Mat. 24:14; 28:19, 20.

2 Gbɔgbɔa Ƒe Kutsetse: Woate ŋu akpɔ míaƒe gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi to ale si gbegbe míetsea gbɔgbɔa ƒe kuwoe me. Ðe nèdzea agbagba be yeatu Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kutsetsea ɖo to Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ kple ŋugbledede le eŋu edziedzi mea? (Fil. 1:9-11) Do gbe ɖa nàbia Mawu be wòana gbɔgbɔ kɔkɔe si ate ŋu ana nàtu nɔnɔme nyui siwo kafua Yehowa ɖo, eye wòakpe ɖe ŋuwò nànɔ gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi wɔm la wò.—Luka 11:13; Yoh. 13:35.

3 Gbɔgbɔa ƒe kua tsetse ate ŋu akpe ɖe mía ŋu hã be míazu gbeƒãɖela veviedonulawo geɖe wu. Le kpɔɖeŋu me, lɔlɔ̃ kple xɔse ʋãa mí be míadi ɣeyiɣi anɔ gome kpɔm le subɔsubɔdɔa me edziedzi togbɔ be vovo mele mía ŋu o hã. Nɔnɔme nyui siwo nye ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo, dɔmefafa, kple ɖokuidziɖuɖu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu ɖe tsitretsiɖeŋulawo ŋu nyuie. Dzidzɔ nana be míekpɔa dzidzeme le subɔsubɔdɔa me nenye be amewo gbe toɖoɖo mí gɔ̃ hã.

4 Fiaɖuƒea Ƒe Kutsetsea: Míedina be míatse Fiaɖuƒea ƒe kutsetsea hã. Esia ƒe akpa ɖee nye “kafukafuvɔsa, si nye nuyi siwo ʋua [Yehowa ƒe] ŋkɔ me le dutoƒo la ƒe kutsetse.” (Heb. 13:15) Míewɔa esia to gbeƒãɖeɖe nya nyuia dzonɔamemetɔe kple tameɖoɖo kplikpaa me. Ðe nèle agbagba dzem be yeatse Fiaɖuƒea ƒe kua geɖe to asitɔtrɔ le wò subɔsubɔdɔa ŋu be wòanyo ɖe edzi mea?

5 Yesu ɖee fia be ye yomedzela wɔnuteƒewo atse ku agbɔsɔsɔme vovovowo. (Mat. 13:23) Eya ŋuti mele be míatsɔ mía ɖokuiwo anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo o, ke boŋ míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe le Yehowa subɔsubɔ me. (Gal. 6:4) Ne míezãa Mawu ƒe Nya la ƒe kekelia tsɔ dzroa mía ɖokui me anukwaretɔe la, akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi anɔ Yehowa kafum to ‘ku geɖe tsetse me.’—Yoh. 15:8.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe