‘Dzidzɔtɔe Nye Ŋutsu Si Doa Dzi Le Tetekpɔ Me’
1 Ele na Kristotɔwo katã be woakpe akɔ kple dodokpɔwo. (Tim. II, 3:12) Dodokpɔwo ate ŋu anye lãmegbegblẽ, gakuxiwo, tetekpɔwo, kple yometitiwo, eye woate ŋu ava le mɔ bubu geɖewo nu. Satana hea dodokpɔwo vaa mía dzi bene yeatsɔ agbɔdzɔ mí, ana míagatsɔ ɖeke le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me o, alo míadzudzɔ Mawu subɔsubɔ kura gɔ̃ hã. (Hiob 1:9-11) Aleke dzidodo le dodokpɔwo me nana wokpɔa dzidzɔe?—Pet. II, 2:9.
2 Dzra Ðo Ðe Dodokpɔwo Ŋu: Yehowa na eƒe nyateƒe Nya si ƒe akpa aɖee nye nuŋlɔɖi siwo ku ɖe Yesu ƒe agbenɔnɔ kple eƒe nufiafiawo ŋu la mí. Ne míesea Yesu ƒe nyawo hewɔna ɖe wo dzi la, ekema míele gɔmeɖoanyi sesĩ ɖom anyi, eye esia adzra mí ɖo ɖe dodokpɔwo ŋu. (Luka 6:47-49) Míekpɔa ŋusẽdodo to mɔ bubuwo hã dzi—mía nɔvi Kristotɔwo, hamea ƒe kpekpewo, kple Biblia srɔ̃gbalẽ siwo dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela tana na mí. Míewɔa Mawu ƒe nunana si nye gbedodoɖa la ŋu dɔ geɖe.—Mat. 6:13.
3 Yehowa na mɔkpɔkpɔ hã mí. Ne míetu xɔse sẽŋu ɖo ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo me la, míaƒe mɔkpɔkpɔ ava zu “luʋɔ ƒe seke, si li dedie, eye wòsesẽ.” (Heb. 6:19) Le Biblia ŋlɔɣi la, tɔdziʋuwo medzona le melidzeƒewo seke matsɔmatsɔ o, nenye be yame ƒe nɔnɔmewo nyo gɔ̃ hã. Ne ahom aɖe tu le vome la, seke la ɖiɖi ɖe tsia me ate ŋu ana be ya malɔ tɔdziʋua ɖe nu woayi aɖalɔ agakpewo o. Nenema kee ne míetu xɔse ɖo ɖe Mawu ƒe ŋugbedodo me fifia la, ana míanɔ te sesĩe ne nɔnɔme sesẽ siwo le abe ahom ene la va mía dzi. Nɔnɔme sesẽwo ate ŋu ado mo ɖa le vome. Togbɔ be amewo xɔ nya siwo Paulo kple Barnaba nɔ gbeƒã ɖem la nyuie le Listra gbã hã la, nɔnɔmeawo trɔ kpata esime Yudatɔ tsitretsiɖeŋulawo va ɖo afi ma.—Dɔw. 14:8-19.
4 Dzidodo Hea Dzidzɔkpɔkpɔ Vanɛ: Ne míeyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi togbɔ be wole tsitre tsim ɖe mía ŋu hã la, enana míaƒe susu dzea akɔ anyi. Dzi dzɔa mí ne wobu mí be míedze bena woado ŋukpe mí le Kristo ƒe ŋkɔ la ta. (Dɔw. 5:40, 41) Dzidodo le dodokpɔwo me kpena ɖe mía ŋu míetua nɔnɔme nyui siwo nye ɖokuibɔbɔ, toɖoɖo, kple dzidodo le nu sia nu me ɖo. (Mose V, 8:16; Heb. 5:8; Yak. 1:2, 3) Míesrɔ̃nɛ tso dzidodo me be ele be míakpɔ mɔ na Yehowa, aɖo ŋu ɖo eƒe ŋugbedodowo ŋu, eye míasii tso.—Lod. 18:10.
5 Míenyae be ɣeyiɣi kpui aɖe koe dodokpɔwo nɔa anyi. (Kor. II, 4:17, 18) Dodokpɔwo naa mɔnukpɔkpɔwo mí be míaɖe ale si gbegbe míelɔ̃ Yehowae afia. Ne míedoa dzi le wo me la, ana woate ŋu aɖo Satana ƒe nutsotsowo ŋu. Le esia ta míenaa ta o! ‘Dzidzɔtɔe nye ŋutsu, si doa dzi le tetekpɔ me la; elabena ne eva li ke la, akpɔ agbefiakuku.’—Yak. 1:12.