Mègahe Ðe Megbe O!
1. Mɔ ka nue ‘míetea nu nyui’ amewo le o?
1 To gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia dzonɔamemetɔe dzi la, ‘míetea nu nyui’ ame siwo le anyigbamama si wode asi na mí me la o. (Lod. 3:27) Gbedeasi nyuitɔ si míate ŋu agblɔ na ameƒomea ye nye ɣeyiɣi nyui siwo gbɔna le Mawu ƒe dziɖuɖua te la ŋuti nya. Togbɔ be ànya nɔ Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa ŋu nya gblɔm na amewo dɔmenyotɔe to vomeɖaseɖiɖi alo agbalẽwo mama dzi hã la, nu ka tae màɖoe wò taɖodzinu be yeasrɔ̃ Biblia kple amewo, nenye be mèle ewɔm haɖe o?
2. Nu kae ate ŋu ana míanɔ hehem ɖe megbe le Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ŋu?
2 Ɣeaɖewoɣi la, nu siwo koŋ xea mɔ na mí le Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me dometɔ ɖekae nye ale si míesena le mía ɖokui me ɖe dɔa ŋu. Ame aɖewo hena ɖe megbe le Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ŋu, elabena wosenɛ le wo ɖokuiwo me be yewomedze o alo vovo mele yewo ŋu o. Aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna la akpe ɖe ŋuwò be màgahe ɖe megbe le Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ dɔa ŋu o.—Mat. 28:19; Dɔw. 20:20.
3. Nu ka tae míedze afia Biblia amewo?
3 Kakaɖedzi Manɔamesi: Ðewohĩ mède suku yi ŋgɔ o alo le susu bubu aɖewo ta la, kakaɖedzi mele asiwò be yeate ŋu awɔ Biblia nusɔsrɔ̃ o. Subɔla Kristotɔ kpɔdzidzedze siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me nye ‘ame manyagbalẽwo kple ame tsɛwo.’ Nu kae kpe ɖe wo ŋu be wofia nyateƒea amewo? “Woa kple Yesu wonɔ anyi.” (Dɔw. 4:13) Wosrɔ̃ nu tso Yesu, Nufiala Gã la, gbɔ, eye woŋlɔ eƒe nufiafiawo kple eƒe nufiafiamɔnuwo ɖi ɖe Ŋɔŋlɔawo me na mí. Nenye be mède suku yi ŋgɔ o gɔ̃ hã la, wole hehe si ɖeke mesɔ kple o la nam wò.—Yes. 50:4; Kor. II, 3:5.
4. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Amos ƒe kpɔɖeŋua me?
4 Yehowa zã nyagblɔɖilawo tsɔ ka mo na dziɖula siwo da vo alo ame bubu siwo le ɖoƒe kɔkɔwo la ɣeaɖewoɣi. Wo dometɔ aɖewo, abe Amos ene, menye ame ŋkuta aɖeke o. Amos gblɔ be: “Nyemenye nyagblɔɖila alo nyagblɔɖilawo ƒe vi o, ke boŋ lãkplɔvi kple gbotidola menye.” (Amos 7:14) Ke hã, Amos mehe ɖe megbe kura le Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasi gbɔgblɔ na Amazya, si nye nyivisubɔsubɔ ƒe nunɔla la me o. (Amos 7:16, 17) Ele be wòanɔ susu me na mí ɣesiaɣi be Mawu ƒe dɔ wɔm míele, eye eyama ana míadze bliboe hena dɔ si wòde mía si la wɔwɔ.—Tim. II, 3:17.
5. Nu ka tae wòle be míadze agbagba adze Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme nenye be vovo menɔa mía ŋu o gɔ̃ hã?
5 Ne Vovo Menɔa Mía Ŋu O: Ne vovo menɔa ŋuwò o gɔ̃ hã la, ɖikeke mele eme o be, èɖo ɣiyiɣi ɖi xoxo hena gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzi. Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ate ŋu anye gbeadzisubɔsubɔdɔa ƒe akpa siwo doa dzidzɔ na ame wu la dometɔ ɖeka. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖe wònye be nàkpɔe be Yehowa ƒe Nya la le ŋusẽ nyui kpɔm ɖe ame aɖe ƒe agbenɔnɔ dzi. (Heb. 4:12) Edoa dzidzɔ na Yehowa ŋutɔ ne míetsɔ mía ŋutɔwo míaƒe nuwo sa vɔe bene míakpe ɖe ame aɖe ŋu be ‘nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu esi.’ (Tim. I, 2:4) Mawudɔlawo gɔ̃ hã kpɔa dzidzɔ nenye be ame aɖe trɔ tso eƒe mɔ tsãtɔ dzi hewɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi.—Luka 15:10.
6. Mɔnukpɔkpɔ kae su mía si be míawɔ nu wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu?
6 Mawu “le didim be, woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.” (Tim. I, 2:4) Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi wònye be míawɔ dɔ si wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, eye míagahe ɖe megbe le Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me o!