INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/07 axa 1
  • Míegblɔa Míaƒe Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa Na Amewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míegblɔa Míaƒe Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa Na Amewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Lé Wò Mɔkpɔkpɔ Me Ðe Asi Sesĩe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Kpɔ Mɔ Na Yehowa, Eye Nàlé Dzi Ðe Ƒo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Afikae Nàte Ŋu Akpɔ Mɔkpɔkpɔ Ŋutɔŋutɔ Le?
    Nyɔ!—2004
  • Mɔkpɔkpɔ Si Le Asiwò Ava Eme
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
km 11/07 axa 1

Míegblɔa Míaƒe Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa Na Amewo

1 Le ŋkeke mamlɛ sesẽ siawo me la, mɔkpɔkpɔ mele ame siwo le xexea me la dometɔ geɖe si o. (Ef. 2:12) Ame aɖewo ɖoa ŋu ɖe kesinɔnuwo, amegbetɔ dziɖulawo, egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya, kple nu bubuwo ŋu bometsitsitɔe. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye na mí be etsɔme mɔkpɔkpɔ vavã, mɔkpɔkpɔ si nye “luʋɔ ƒe seke, si li dedie, eye wòsesẽ” la le mía si!—Heb. 6:19.

2 Woatrɔ anyigba la wòazu paradiso le Mawu ƒe Fiaɖuƒe dziɖuɖua te. Woafɔ míaƒe ame vevi siwo ku la ɖe tsitre. (Dɔw. 24:15) Ahedada, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, dɔléle, amegãkuku, kple ku maganɔ anyi o. (Ps. 9:19; Mat. 12:20, 21; Nyaɖ. 21:3, 4) Esiawo nye Yehowa ƒe ŋugbedodo siwo ava eme kpuie la dometɔ aɖewo. Nu siwo míele mɔ kpɔm na la dometɔ ka koŋ ye nèle mɔ kpɔm na vevie?

3 Ðe Gbeƒã Nya Nyuia: Mele be míamia nu ɖe Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa dzi o. Lɔlɔ̃ na Mawu kple mía havi ʋãa mí be míasrɔ̃ Yesu eye ‘míagblɔ nya nyui la na ame dahewo, míaɖe gbeƒã ablɔɖe na aboyomewo kple nukpɔkpɔ ake na ŋkuagbãtɔwo, be míana ablɔɖe ame siwo wote ɖe anyi ne woadzo.’ (Luka 4:18, NW) Apostolo Paulo gblɔ nya nyuia le asi me kple afi sia afi si wòate ŋu ake ɖe amewo ŋu le la. Eƒo eɖokui ɖe subɔsubɔdɔa me vevie. (Dɔw. 18:5) Gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me dzonɔamemetɔe ƒe kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi la sɔsrɔ̃ ana be “xexeame ƒe agbagbadzedzewo kple kesinɔnu ƒe beble” magbɔdzɔ míaƒe Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔa me o.—Mar. 4:19.

4 Míaƒe Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa me megbɔdzɔna ne míedo go ɖekematsɔlemetɔ, siwo medea asixɔxɔ boo aɖeke Fiaɖuƒegbedeasia ŋu o alo tsia tsitre ɖe mía ŋu gaglã la o. ‘Míeléa mɔkpɔkpɔ me ʋuʋu ɖe asi sesĩe maʋãmaʋãe.’ (Heb. 10:23) ‘Nya nyui la mekpea ŋu na mí o.’ (Rom. 1:16) Ate ŋu adzɔ be míaƒe kakaɖedzi kple veviedodonu si dze ƒãa la aʋã ame aɖewo woaɖo to mí mlɔeba.

5 Togbɔ be míenaa amewo nyaa nu tso xexea me ƒe nɔnɔme siwo le gbegblẽm ɖe edzi siwo nye Biblia me nyagblɔɖiwo me vava ŋu hã la, menye dzɔgbevɔ̃e gbeƒãɖelawoe míenye o. Ke boŋ míaƒe Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔ—si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia—koŋ ŋue míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa kuna ɖo. Mina míatsɔ kakaɖedzi kple dzonɔameme anɔ gbeƒã ɖem nya nyui sia ale be “mɔkpɔkpɔ ƒe kakaɖedzi blibo [nanɔ mía si] vaseɖe nuwuwu.”—Heb. 6:11.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe