Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Dec. 1
“Aleke nàɖo nyabiase sia ŋui? [Xlẽ nyabiase si le akpa dzi nɛ. Eye nàɖe mɔ wòaɖo eŋu.] Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be yeana ameƒomea nawɔ ɖeka. [Xlẽ Psalmo 46:9, 10.] Magazine sia ɖe nu si Biblia gblɔ tso ale si woawɔ ahe ɖekawɔwɔ ma vae ŋu la me.”
Awake! Dec.
“Ame aɖewo susunɛ be ku nye mɔ aɖe si dzi wotona yia agbenɔnɔ bubu ƒomevi aɖe me; ame bubuwo ya bunɛ be enye agbea ƒe nuwuwu. Èsusu be ku nye nane si wòle be woavɔ̃ na? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpɔ ale si Hiob se le eɖokui me ku ɖe ku si nɔ eŋgɔ la ŋu ɖa. [Xlẽ Hiob 14:14, 15.] Magazine sia na Biblia me numeɖeɖe si me kɔ la mí ku ɖe nu si dzɔna ɖe ame dzi ne eku la ŋu.”
Gbetakpɔxɔ Dec. 15
“Le azãɖuɣiwo la, ame geɖe dzea agbagba be yewoaɖe dɔmenyonyo kple dɔmetɔtrɔ afia. Èsusu be xexea me anyo wu ne amewo ɖea dɔmetɔtrɔ fiana le ƒe bliboa mea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Petro I, 3:8.] Magazine sia ƒo nu tso viɖe siwo dona tso dɔmetɔtrɔ ɖeɖe fia me la ŋu, eye wòfia mɔ ŋutɔŋutɔ siwo dzi míato aɖee afia la dometɔ aɖewo mí.”
Awake! Dec.
“Èsusu be míaƒe ame vevi siwo ku la agava nɔ agbe akea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Biblia gblɔ be woate ŋu ado le ku si me. [Xlẽ Psalmo 68:21.] Magazine sia ɖe nu si ta mele be míavɔ̃ na ku le esi míesusui be enye agbe ƒe nuwuwu keŋkeŋ ta o la me.”