Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Be Woazu Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo
1 Se si Yesu de na eƒe nusrɔ̃lawo le Mateo 28:19, 20 la yi ŋgɔ ale gbegbe. Wobia tso Kristo ƒe nusrɔ̃lawo si be woawɔ nusrɔ̃la geɖewo, eye nusrɔ̃la yeye siawo hã nayi edzi awɔ ame bubuwo nusrɔ̃lawoe. Woto esia dzi ɖo Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui gbɔgblɔ dɔ mamlɛtɔ, si woawɔ le xexea me godoo le nuwuɣi ɖedzesi sia si me míele me la, gɔme anyi.—Mat. 24:14.
2 Míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ate ŋu anye mía viwo alo ame bubu siwo lɔ̃ faa be míasrɔ̃ Biblia kple yewo. Míedina vavã be míakpe ɖe ame siawo tɔgbi ŋu be woawo hã woalɔ̃ awɔ ame bubuwo Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawoe.—Luka 6:40.
3 Kpe Ðe Wo Ŋu Be Woaɖi Ðase: De dzi ƒo na wò nusrɔ̃viwo be woagblɔ nu siwo srɔ̃m wole la na ame bubuwo. Gblɔ gbeadzinuteƒekpɔkpɔ dedziƒonamewo na wo. Na hehe viwòwo tso woƒe ɖevime ke be woakpɔ gome le ɖaseɖiɖidɔa me nyuie le woƒe ŋutetewo nu. (Ps. 148:12, 13) To wò nyagbɔgblɔwo kple kpɔɖeŋuwo dzi nàɖe ale si nèdea asixɔxɔ ɖaseɖiɖidɔa ŋu la fia.—1 Tim. 1:12.
4 Ame siwo lɔ̃na ɖe Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo dzi eye wonɔa agbe ɖe wo nu la koe wòzãna. Enye nyateƒe be, gbeƒãɖela yeyewo menya nu geɖe abe Fiaɖuƒegbeƒãɖela ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔ siwo si nuteƒekpɔkpɔ geɖe su la ene o, gake ele be ame yeye siawo naxɔ Biblia me nufiafia veviwo dzi ase, eye woasu te ate ŋu aɖe wo me na ame bubuwo. (Kpɔ Ðoɖo, axa 79-82.) Ele be woado go le “Babilon Gã la” me keŋkeŋ, woadzudzɔ gomekpɔkpɔ le dunyahehe me, eye woanɔ kpekpeawo dem edziedzi.—Nyaɖ. 18:2, 4; Yoh. 17:16; Heb. 10:24, 25.
5 Ne ènya ka ɖe edzi be yeƒe Biblia nusrɔ̃vi aɖe dze anye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ ko la, ele be nàna dzikpɔla zimenɔla nanya enumake. Awɔ ɖoɖo be hamemetsitsi eve nakpe kple mia kple wò Biblia nusrɔ̃via bene woakpɔe ɖa be edze anye Fiaɖuƒe nya nyui gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ le hamea me mahã. Ekema mɔnukpɔkpɔ aʋu ɖi na wò be nàna hehe geɖe wu wò Biblia nusrɔ̃via ne mia kplii miele gome kpɔm le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ɖekae.