Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ May 1
“Ale si dzɔdzɔmefɔkuwo le dzidzim ɖe edzi egbea la na be ame geɖewo biana wo ɖokuiwo be, ɖe wòanye be Mawu ye le to hem na mí mahĩ. Nu kae nèsusu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ 1 Yohanes 4:8.] Nyati sia ɖe nu si tae míate ŋu abu fɔ Mawu ɖe fukpekpe siwo dzɔdzɔmefɔkuwo hena vanɛ ta o la me.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 30 lia la fiae.
Awake! May
Xlẽ Mateo 6:10. Eye nàbia be: “Èbia ɖokuiwò se be, nu kae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na anyigba la mahã kpɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Le Biblia ƒe nya nu la, tameɖoɖo aɖe nɔ Mawu si na anyigba la le gɔmedzedzea me, eye tameɖoɖo ma metrɔ o. Nyati sia ɖe nya sia me.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 10 lia la fiae.
Gbetakpɔxɔ June 1
“Biblia me ŋutinya siwo amewo nya nyuie dometɔ ɖekae nye esi ku ɖe Noa kple Tsiɖɔɖɔa ŋu. Èsusu be Tsiɖɔɖɔa va ŋutɔŋutɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nukutɔe la, Yesu ƒo nu tso eŋu be enye nu ŋutɔŋutɔ. [Xlẽ Luka 17:26, 27.] Magazine sia gblɔ susu vevi siwo tae míate ŋu axɔ nuŋlɔɖi si ku ɖe Tsiɖɔɖɔa ŋu la dzi ase ɖo kple nusɔsrɔ̃ vevi siwo le eme la na mí.”
Awake! June
“Vihehe nyea kuxi sesẽ aɖe, vevietɔ ne ɖevia ɖo eƒe ƒewuiwo me, eye wòde dzesi tɔtrɔ ɖedzesiwo le eɖokui ŋu. Afi kae nèsusu be dzilawo ate ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo si ŋu kakaɖedzi le la tsoe? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Yesaya 48:17,18.] Magazine sia ɖo aɖaŋu aɖewo siwo sɔ na míaƒe ŋkekea si akpe ɖe dzilawo ŋu be woaɖe nunya kple nugɔmesese afia le wo viwo hehe me.”