INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/08 axa 1
  • Nu Xɔasiwo Le Mía Si Míana Amewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Xɔasiwo Le Mía Si Míana Amewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Keke Ðe Nu Xɔasi Siwo ‘Woɣla Ðe Eya Amea Me Nyuie’ La Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Na Wò Dzi Naku Ðe Nu Xɔasi Siwo Mawu Na Mí La Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Ðee Fia Be Yekpɔ Ŋudzedze Ðe Mawu Ƒe Nunana Xɔasi Siwo Míekpɔna O La Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Kpɔ Dzidzɔ Si Tsoa Nunana Me!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
km 11/08 axa 1

Nu Xɔasiwo Le Mía Si Míana Amewo

1 Gbɔgbɔmenu xɔasi gbogbo aɖewo siwo ŋu míedea asixɔxɔe la le Mawu ƒe Nya la me. (Ps. 12:7; 119:11, 14) Ɣeaɖeɣi la, Yesu zã kpɔɖeŋuwo tsɔ ƒo nu tso Fiaɖuƒea ƒe akpa vovovowo ŋu, eye wòbia eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miese nu siawo katã gɔmea?” Esi woɖo eŋu be ɛ̃ la, egblɔ na wo be: “Ne nenemae la, ekema ne wofia nu nufiala aɖe tso dziƒofiaɖuƒea ƒe nuwo ŋu la, ke ele abe ame aɖe si nye aƒetɔ aɖe, si ɖea nu yeyewo kple nu xoxowo doa goe tso eƒe nu xɔasiwo dzraɖoƒe la ene.”—Mat. 13:1-52.

2 Míate ŋu atsɔ Biblia me nyateƒe siwo míesrɔ̃ esime míedze nusɔsrɔ̃ gɔme la asɔ kple nu xɔasi xoxowo. Ne míeyi edzi le Mawu ƒe Nya la me nu goglowo srɔ̃m to ɖokuisinusɔsrɔ̃ me la, míeva kena ɖe Biblia me nyateƒe siwo nye nu xɔasi yeyewo na mí la ŋu. (1 Kor. 2:7) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, to “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la dzi la, míegava sea nu xɔasi yeyewo gɔme.—Mat. 24:45.

3 Míedea asixɔxɔ gã aɖe gbɔgbɔmenu xɔasi siawo ŋu, xoxoawo kple yeyeawo siaa. Esia ʋãa mí míedina be míayi edzi axɔ hehe si awɔe be nuteƒekpɔkpɔ nasu mía si abe Mawu ƒe Nya la fialawo ene, eye míagba go le nyateƒe xɔasi siwo míesrɔ̃ la gbɔgblɔ na amewo me.

4 Yesu Ðo Kpɔɖeŋu Ði: Yesu ku kutri geɖe le nu xɔasi siawo fiafia amewo me tsɔ ɖe ale si wòse le eɖokui me ku ɖe nu siawo ŋu la fia. Esime ɖeɖi te eŋu gɔ̃ hã la, medzudzɔ nu xɔasiwo ɖeɖe ɖe go tso eƒe “nudzraɖoƒe” la o.—Yoh. 4:6-14.

5 Lɔlɔ̃ si nɔ Yesu si na ame siwo si Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ mesu o la ʋãe wògblɔ Mawu ƒe Nya la me nyateƒe xɔasi siwo naa agbe la na wo. (Ps. 72:13) Ame siwo gbɔgbɔmedɔ nɔ wuwum la ƒe nu wɔ nublanui nɛ, eye esia ʋãe ‘wòfia nu geɖewo wo.’—Mar. 6:34.

6 Srɔ̃ Yesu Ƒe Kpɔɖeŋu: Ne míedea asixɔxɔ gã aɖe nu xɔasi siwo le mía si ŋu la, aʋã mí míadi vevie be míatsɔ gbɔgbɔmenu xɔasi siawo afia amewo tso Biblia me tẽe, abe ale si Yesu wɔe ene. (Lod. 2:1-5) Togbɔ be ɣeaɖewoɣi la, ɖeɖi ate ŋu ate mía ŋu hã la, míatso dzi me faa aƒo nu dzonɔamemetɔe tso Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea ŋu na amewo. (Mar. 6:34) Ale si míekpɔ ŋudzedze deto ɖe nu xɔasi siwo le mía si ŋu la aʋã mí be míawɔ geɖe wu, eye míadze agbagba ɣesiaɣi be míawɔ míaƒe ŋutete katã le subɔsubɔdɔa me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe