Ðe Nàte Ŋu Agawɔ Geɖe Wu Le Subɔsubɔdɔa Mea?
1. Hiahiã kpata kae le gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu, eye nu ka tae?
1 Esi Yesu kpɔ ale si gbegbe amehawo tsɔ ɖe le Fiaɖuƒe nya nyuia me la, ena mɔfiame eƒe nusrɔ̃lawo be “miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la be, wòaɖo dɔwɔlawo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” (Mat. 9:37, 38) Esi míele nuŋeɣia ƒe nuwuwu ta la, míaƒe dɔa gahiã kpata fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe. Esia fia be ele be míabu ale si míawɔ akpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me geɖe wu la ŋu gbedodoɖatɔe.—Yoh. 14:13, 14.
2. Aleke ame aɖewo wɔ nu ɖe amekpekpe si nye be woaɖo dɔwɔla geɖewo ɖe nuŋeŋea me la ŋu?
2 Mɔ Siwo Dzi Nàto Awɔ Geɖe Wu: Le Yehowa ƒe mɔfiafia kple kpekpeɖeŋu me la, ame geɖe kpɔe be anya wɔ na yewo be yewoawɔ mɔɖeɖedɔa. (Ps. 26:2, 3; Fp. 4:6) Ame aɖewo dzea agbagba etɔxɛe be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣleti ɖeka alo esi wu nenema le ƒea me. Esia nye mɔ nyui aɖe si dzi woto le geɖe wɔm le woƒe subɔsubɔdɔa me. Dzidzɔ si wo dometɔ geɖe kpɔ le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me la ʋã wo wotso nya me be yewoazu gbesiagbe mɔɖelawo.—Dɔw. 20:35.
3. Ne èwɔ mɔɖeɖedɔa kpɔ la, nu ka ŋue wòanyo be nàbu fifia?
3 Àgate Ŋu Awɔ Mɔɖeɖedɔa Akea?: Ne èwɔ mɔɖeɖedɔa kpɔ la, ɖikeke mele eme o be ègaɖoa ŋku ɣeyiɣi dodzidzɔname mawo dzi kokoko. Ðe nèbu eŋu kpɔ le gbedodoɖa me ne anya wɔ be nàgawɔ mɔɖeɖedɔa akea? Ðewohĩ nɔnɔme siwo wɔe be nèɖe asi le mɔɖeɖedɔa ŋu la meganye mɔxenu na wò fifia o. Eye ɖewohĩ ate ŋu anya wɔ na wò fifia be nàgase vivi le subɔsubɔdɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ sia me ake.—1 Yoh. 5:14, 15.
4. Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kae le ʋuʋu ɖi na mí katã?
4 Nuŋeŋedɔa le edzi yim eye eteƒe madidi o dɔa awu enu. (Yoh. 4:35, 36) Mina mí katã míabu ale si nɔnɔmeawo le na mí fifia ŋu ahakpɔe ɖa be ɖe míate ŋu awɔ asitɔtrɔ aɖewo be míate ŋu awɔ geɖe wu le nuŋeŋedɔa me hã. Alo ne míekpɔe le nyateƒe me be míate ŋu awɔ geɖe wu o la, ɖe míate ŋu ana míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa nanyo ɖe edzi le mɔ aɖewo nua? (Mar. 12:41-44) Mɔnukpɔkpɔ kae nye esi wònye wotsɔ ɖo ame siwo katã nɔnɔmeawo aɖe mɔ na fifia ŋkume be Yehowa nazã wo le dɔ tɔxɛ sia si nye mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me!—Ps. 110:3.