Nutome Sue Takpekpe Si Akpe Ðe Mía Ŋu Míakpɔ Míaƒe Gbɔgbɔmemenyenye Ta
1. Mɔ siwo dzi Yehowa tona kpena ɖe mía ŋu be míate ŋu awɔ dɔ si wòde mía si be míaɖe gbeƒã nya nyuia na amewo la dometɔ ɖekae nye ka?
1 Yehowa naa mɔfiame, hehe, kpakple dzideƒo si míehiã la mí dɔmenyotɔe be míate ŋu awɔ dɔ si wòde mía si be míaɖe gbeƒã nya nyuia na amewo. (Mat. 24:14; 2 Tim. 4:17) Mɔ siwo dzi wòtona naa kpekpeɖeŋu siawo mí la dometɔ ɖekae nye nutome sue takpekpe si míedena ƒe sia ƒe. Ðoɖo yeye si wowɔ ɖe ƒe 2010 subɔsubɔƒea ƒe nutome sue takpekpewo ŋu ƒe tanyae nye “Kpɔ Wò Gbɔgbɔmemenyenye Ta,” si wotu ɖe Romatɔwo 8:5 kple Yuda 17-19 dzi. Wowɔ ɖoɖo be woadze takpekpe siawo gɔme tso February 8, 2010 ƒe kwasiɖaa dzi.
2. (a) Mɔ kawo nue nutome sue takpekpea aɖe vi na mí le? (b) Aleke nutome sue takpekpe siwo wowɔ va yi kpe ɖe ŋuwò le gbeƒãɖeɖedɔa me?
2 Ale Si Wòaɖe Vi Na Míi: Wotrɔ asi le takpekpe sia ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu be míanɔ ŋudzɔ ɖe afɔkuwo, abe susuhenu siwo dina be yewoagblẽ míaƒe ɣeyiɣiwo dome heɖea míaƒe susu ɖa le nu si le vevie wu dzi ene, la ŋu. Míasrɔ̃ ale si míaɖu mɔɖeɖeɖenuŋu ƒe gbɔgbɔ dzi, eye míasrɔ̃ nu si wòfia be woanye gbɔgbɔmeme. Nuƒo kpui siwo woaƒo le Kwasiɖagbe la afia afɔ siwo ame ɖekaɖekawo kple ƒomewo ate ŋu aɖe atsɔ ado ŋusẽ woa kple Mawu dome ƒomedodoa ne wole xaxa vovovo kple xɔse ƒe dodokpɔ sesẽwo me tom. Takpekpea akpe ɖe mía ŋu míadzɔ míaƒe dziwo ŋu, ana míakpɔtɔ anɔ gbɔgbɔmelãmesẽ me eye wòana yayra geɖe siwo ava su ame siwo akpɔ woa kple Mawu dome ƒomedodoa ta si la nanɔ susu me na mí nyuie ɣesiaɣi.
3. Ɣekaɣie miaƒe hamea ade nutome sue takpekpea, eye nu kae wòle be nàɖo kplikpaa awɔ?
3 Ne wona mienya ŋkeke kple teƒe si miaƒe hamea ade nutome sue takpekpea le ko la, kpɔ egbɔ be nèwɔ ɖoɖo siwo hiã be nàdee ŋkeke evea katã eye nànɔ afi ma ahaɖo to ŋdi kple ŋdɔ ƒe wɔnawo siaa nyuie. Kakaɖedzi nenɔ asiwò be Yehowa yrana ɖe veviedolawo ƒe agbagbadzedzewo dzi ɣesiaɣi.—Lod. 21:5.
4. Nu kae míakpɔ mɔ na be asu mía si godoo le míaƒe nutome sue takpekpe si le mía ŋgɔ la me?
4 Nyateƒee, Yehowa ye nye nunana nyui sia nala. Ðoɖo si kluvi nyateƒetɔ la wɔ na takpekpe sia la nye nu si tututu míehiã be míayi edzi abe Kristotɔ subɔlawo ene. Míedaa akpe na Yehowa ɖe mɔnuɖoɖo siwo katã wòwɔ lɔlɔ̃tɔe be woakpe ɖe mía ŋu “míalé míaƒe mɔkpɔkpɔ me ʋuʋu le dutoƒo la me ɖe asi sesĩe maʋamaʋae” la ta.—Heb. 10:23-25; Yak. 1:17.