INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/09 axa 3
  • Kafu Yehowa Gbe Sia Gbe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kafu Yehowa Gbe Sia Gbe
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nutome Gã Takpekpea Na Amekpekpe Ʋãme Aɖe!—Mikafu Yehowa Dzidzɔtɔe Gbesiagbe!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Kafu Yehowa, Mía Mawu La!
    Midzi Ha Na Yehowa
  • Kafu Yehowa, Mía Mawu La!
    ‘Mikɔ Gbe Dzi Miadzi Ha Na Yehowa Dzidzɔtɔe’
  • Ðeviwo, Mikafu Yehowa!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
km 7/09 axa 3

Kafu Yehowa Gbe Sia Gbe

1. Nu kae Mawu subɔlawo dina be yewoawɔ, eye nu ka tae?

1 Fia David ɖe ale si wòɖoe kplikpaa be yeakafu Yehowa ‘gbe sia gbe,’ alo tegbee gɔ̃ hã la gblɔ. (Ps. 145:2, 7, 21) Susu geɖewo li siwo tae wòle be míawo hã míakafu Yehowa gbe sia gbe.—Ps. 37:10; 145:14, 18; 2 Pet. 3:13.

2. Aleke ƒomewo ate ŋu akafu Yehowa gbe sia gbee?

2 Kafu Yehowa Le Aƒe Me: Agbalẽ siwo me nyawo tua ame ɖo la sɔ gbɔ ɖe mía si siwo akpe ɖe mía ŋu míaɖo dze tso gbɔgbɔmenuwo ŋu ne míele gbe sia gbe mawunyakpukpuia me dzrom, ne míele gome kpɔm le Ƒometadedeagu me, kple ne míele dzadzraɖo wɔm ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋu. Ƒome geɖewo na wòzu numame na wo be woaƒo ƒu aɖu nu ɖekae, zi ɖeka ya teti, le ŋkekea me. Esia wɔnɛ be woɖea dzi ɖi ɖoa dze eye wònaa mɔnukpɔkpɔ geɖe sua wo si wokafua Yehowa. Ne dzilawo na be ƒomea ɖoa dze le dziɖeɖi me alea la, ate ŋu anye kpekpeɖeŋu nyui aɖe na wo le ɖeviwo hehe “le Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me.”—Ef. 6:4; 5 Mose 6:5-7.

3. Ne míele mía nɔviwo dome la, mɔnukpɔkpɔ kawoe sua mía si?

3 Kafu Yehowa Le Nɔviwo Dome: Ne míele gbeadzi alo le hamea ƒe kpekpewo me la, mɔnukpɔkpɔ nyuiwo sua mía si be mía kple mía nɔviwo míakafu Yehowa. (Lod. 15:30; Fp. 4:8; Heb. 13:15) Esi wònye be mí katã míelɔ̃ Yehowa ta la, ele be wòanɔ bɔbɔe na mí be míaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe nyuiwɔwɔwo ŋu agblɔ faa ne míele dze ɖom kple mía nɔewo.—Ps. 106:1.

4. Nɔnɔme kawo mee nàte ŋu akafu Yehowa le?

4 Kafu Yehowa Ne Èle Dze Ðom Kple Dzimaxɔsetɔwo: Togbɔ be míaƒe nɔnɔmewo maɖe mɔ na mí be míakpɔ gome le dutoƒosubɔsubɔdɔa me gbe sia gbe o hã la, nuƒoƒo tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu na míaƒe dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo kple ame bubu siwo ƒo xlã mí ate ŋu aƒã mɔkpɔkpɔ ɖe ame siwo si dzi nyui le la me. (Ps. 27:14; 1 Pet. 3:15) Esi nɔvinyɔnu aɖe nɔ mɔ zɔm la, ete ŋu ɖi ɖase na nyɔnu aɖe si hã nɔ yameʋu me kplii, si wɔe be nyɔnua ƒe dzi dze eme eye dzi ɖo eƒo ale gbegbe be wòtsɔ eƒe adrɛs kple telefon xexlẽdzesi na nɔvinyɔnua kple susu be yewoagate ŋu ava yi dzeɖoɖoa dzi. Esi xexea me ƒe xaxa siwo nu le sesẽm ɖe edzi kple nɔnɔme siwo le vovlom ɖe edzi la na amewo le fu kpem la, Yehowa ƒe amewo yi edzi le “nu si nyo wu ŋuti nya nyui” gblɔm na ame siwo di be yewoaɖo to. Esia naa mɔkpɔkpɔ sua amewo si eye wòʋãa wo be woakafu Yehowa.—Yes. 52:7, NW; Rom. 15:11.

5. Nu ka tae míedina be míakafu Yehowa, eye ne míewɔa mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ tsɔ kafua Yehowa la, nu kae ate ŋu ado tso eme?

5 Aleke gbegbe wòado dzidzɔ na Yehowa be wòakpɔe be ye subɔlawo le ye kafum gbe sia gbee nye esi! Abe ale si Yehowa ƒe nuwɔwɔ siwo wokpɔna la kafunɛ ene la, míawo hã míate ŋu ana Yehowa ƒe kafukafunyawo nanɔ mía nu ɖaa tso ŋkeke yi ŋkeke ne míele aƒe me, le hamea me, kple ne míele dze ɖom kple ame siwo mekpɔ zu Yehowa kafulawo haɖe o.—Ps. 19:2-5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe