INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/10 axa 3
  • Ne Èhiã Agbalẽ Siwo Le Dutagbewo Me Kaba

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Èhiã Agbalẽ Siwo Le Dutagbewo Me Kaba
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Agbalẽ Nana le Anyigbamama si me Gbevovodolawo Le Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Míaƒe Internet Nyatakakadzraɖoƒea—Zãe Nàtsɔ Akpe Ðe Gbe Bubu Dolawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Nane si Akpe Ðe Wo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Míaƒe Internet Nyatakakadzraɖoƒea—Zãe Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
km 10/10 axa 3

Ne Èhiã Agbalẽ Siwo Le Dutagbewo Me Kaba

Ɣeaɖewoɣi la, míedoa go dutagbedola aɖewo siwo dina be yewoaxlẽ míaƒe agbalẽwo le wo degbe me, evɔ agbalẽ mawo mele míaƒe hamea si o. Ènya be ne Internet kple printer le asiwò la, wò ŋutɔ àte ŋu awɔ míaƒe agbalẽwo ƒe kɔpiwo le gbegbɔgblɔ siwo ade 400 mea? Ale si nàwɔe enye esi:

• Ʋu míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org.

• Ne èʋui la, àkpɔe be woɖo gbegbɔgblɔ ʋɛ aɖewo ɖe eƒe ɖusikpa dzi. Zi anyigba ƒe nɔnɔmetata nogoe si le wo te la dzi be nàkpɔ gbegbɔgblɔ siwo katã le nyatakakadzraɖoƒea.

• Tia gbegbɔgblɔ si dim nèle la eye nàzi edzi. Enumake teƒe aɖe aʋu, afi si nàkpɔ agbalẽ siwo ƒe kɔpi nàte ŋu awɔ le, abe traktwo, agbalẽ gbadzawo, kple agbalẽ aɖewo me nyatiwo ene. Esi nuŋɔŋlɔawo le gbegbɔgblɔ si nètia me ta la, mègatsi dzi nenye be mète ŋu le tanya siwo woŋlɔ ɖe afi ma la xlẽm o.

• Tia tanyawo dometɔ ɖe sia ɖe eye nàzi edzi. Enumake agbalẽa alo nyatia adze; azɔ àte ŋu ata eƒe kɔpi to wò printer la dzi.

Agbalẽ siwo le mía si la ƒe ɖewo koe le míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒea; àte ŋu adɔ agbalẽ bubu geɖewo to hamea dzi. Ne ènya tu amea ƒe ɖetsɔleme ɖo alea vɔ ko la, anyo ŋutɔ be nàdɔ wo degbe me gbalẽwo to hamea dzi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe