INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/11 axa 3
  • Nɔnɔme Vevitɔ Si Wòle Be Wòanɔ Nufiala Nyui Si

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nɔnɔme Vevitɔ Si Wòle Be Wòanɔ Nufiala Nyui Si
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Srɔ̃ Yesu—To Nufiafia Lɔlɔ̃tɔe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Lɔlɔ̃—Nɔnɔme Nyui Xɔasi Aɖee Wònye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Lɔlɔ̃ Netu Wò Ðo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Tu Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina Gbeɖe O La Ðo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
km 11/11 axa 3

Nɔnɔme Vevitɔ Si Wòle Be Wòanɔ Nufiala Nyui Si

1. Nɔnɔme kae nye vevitɔ si wòle be wòanɔ nufiala nyui si?

1 Nu kae kpena ɖe ame ŋu wònyea Biblia fiala nyui? Sukudede yea? Nuteƒekpɔkpɔ si su ame si yea? Dzɔdzɔmeŋutete si le ame si yea? Le nyateƒe me la, nu si dzi wotu Se blibo la katã ɖo, si wotsɔ dea dzesi Yesu yomedzelawo eye wònye Yehowa ƒe nɔnɔme ɖedzesi eneawo ƒe vevitɔ si wɔa dɔ ɖe ame dzi wu lae. (Yoh. 13:35; Gal. 5:14; 1 Yoh. 4:8) Eyae nye lɔlɔ̃. Nufiala nyuiwo ɖea lɔlɔ̃ fiana.

2. Nu ka tae wòle vevie be míalɔ̃ amewo?

2 Lɔ̃ Amewo: Nufiala Gã, Yesu, lɔ̃ amewo, eye esia ʋã wo woɖo toe. (Luka 5:12, 13; Yoh. 13:1; 15:13) Ne míetsɔa ɖe le eme na amewo la, míaɖi ɖase na wo ɣesiaɣi si mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi na mí. Mɔxenuwo abe yometiti kple ɖekematsɔleme ene maɖe dzi le mía ƒo o. Míatsɔ ɖe le ame siwo míeɖea gbeƒã na la ƒe nuhiahiãwo me anukwaretɔe, eye míatrɔ asi le míaƒe nufiafiawo ŋu woasɔ ɖe woƒe nɔnɔmeawo nu. Míalɔ̃ faa agbɔ dzi ɖi ne míele nu fiam Biblia nusrɔ̃vi ɖe sia ɖe, eye míawɔe nenema ke ne míele nu si míasrɔ̃ kple wo dometɔ ɖe sia ɖe la dzram ɖo le aƒe me.

3. Aleke Biblia me nyateƒea lɔlɔ̃ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me?

3 Lɔ̃ Biblia Me Nyateƒeawo: Yesu lɔ̃ Biblia me nyateƒeawo hã eye wòbu wo nu xɔasiwoe. (Mat. 13:52) Ne míelɔ̃ nyateƒea la, míaƒo nu tso eŋu dzonɔamemetɔe, eye esia ate ŋu aʋã míaƒe nyaselawo woaɖo to mí kple dzidzɔ. Lɔlɔ̃ sia akpe ɖe mía ŋu be míaƒe susu nanɔ nu xɔasi siwo fiam míele wo la dzi, ke menye ŋutete siwo mele mía si o la dzi o. Eye esia awɔe be míatsi dzimaɖi fũu le gbeadzi o.

4. Aleke míawɔ atu amewo lɔlɔ̃ ɖo?

4 Tu Lɔlɔ̃ Ðo: Aleke míawɔ atu amewo lɔlɔ̃ ɖo? Míate ŋu awɔ esia ne míede ŋugble tso lɔlɔ̃ si Yehowa kple Via ɖe fia mí la kpakple gbɔgbɔmenɔnɔme wɔnublanui si me amewo le le míaƒe anyigbamama me ŋu. (Mar. 6:34; 1 Yoh. 4:10, 11) Míaƒe lɔlɔ̃ na Biblia me nyateƒea ade to ɖe edzi ne míewɔa ɖokuisinusɔsrɔ̃ hedea ŋugble edziedzi. Lɔlɔ̃ nye gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖe. (Gal. 5:22) Eya ta míate ŋu aƒo koko na Yehowa abiae be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea mí, eye míabiae be wòakpe ɖe mía ŋu míaƒe lɔlɔ̃ natsi ɖe edzi. (Luka 11:13; 1 Yoh. 5:14) Afi ka kee míeɖade suku se ɖo o, nuteƒekpɔkpɔ ka kee ɖasu mía si le nyateƒea me o, alo dzɔdzɔme ŋutete ka kee ɖale mía si o, míate ŋu anye nufiala nyuiwo ne míeɖea lɔlɔ̃ fiaa amewo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe