Ate Ŋu Ahiã Be Nàdi Gbe Aɖe Koŋ Dolawo Hafi Aɖe Gbeƒã
1. Le nuto siwo me wodoa gbe vovovowo le me la, nu ka tae womaa hamewo ƒe anyigbamamawo ɖe gbegbɔgblɔ siwo wodona la nu?
1 Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea dzi esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea megbe la, “wote gbe bubuwo dodo” na ame siwo tso anyigba ƒe teƒe bubuwo va ƒo ƒu la. (Dɔw. 2:4) Nu si do tso emee nye be ame siwo anɔ abe 3,000 ene xɔ nyɔnyrɔ. Nukutɔe la, edze abe vavalawo dometɔ akpa gãtɔ se gbe ɖeka aɖe xoxo ene, ɖewohĩ wose Hebrigbe alo Helagbe. Gake Yehowa tiae be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia na wo le woawo ŋutɔwo degbe me. Ðikeke mele eme o be, susu vevi siwo tae la dometɔ ɖekae nye be, zi geɖe la, amewo ɖoa to nya nyuia wu ne wosee le woawo ŋutɔwo degbe me. Eya ta egbea la, le nuto siwo me amewo doa gbe vovovowo le me la, womaa hamewo ƒe anyigbamamawo ɖe gbegbɔgblɔ siwo wodona la nu. (Kpɔ Ðoɖo gbalẽa, axa 107, mm. 2-3) Womenaa anyigbamama dutagbedolawo ƒe ƒuƒoƒowo o, ke boŋ woɖea gbeƒã na ame siwo doa woƒe gbea le hame si kpɔa ƒuƒoƒoa dzi la kple hame bubu siwo le nutoa me la ƒe anyigbamama me.
2. (a) Nu kae nye amewo didi ƒe dɔa, eye nuto kawo mee esia wɔwɔ ahiã le? (b) Aleke hamewo ate ŋu akpe ɖe wo nɔewo ŋu woaɖe gbeƒã le anyigbamama siwo me wodoa gbe vovovowo le me? (d) Nu kae wòle be míawɔ ne míeke ɖe gbe bubu dola aɖe si ɖe ɖetsɔleme fia la ŋu?
2 Ne èle nuto aɖe si me amewo katã doa gbe ɖeka le me la, ɖeko nàɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me. Ke hã nɔnɔmea ato vovo ne èle nuto aɖe si me wodoa gbe vovovowo le la me. Gbe bubu dolawo ƒe hame vovovowo anya nɔ gbeƒã ɖem le nuto ma ke me. Togbɔ be hameawo ana nyatakakawo mi tso ame siwo ŋu woke ɖo, siwo doa gbe si me miewɔa kpekpewo le ŋu hã la, miaƒe hamea alo ƒuƒoƒoa koŋ dzie agba le be miadi ame siwo miate ŋu aɖe gbeƒã na le miaƒe gbea me. (Kpɔ aɖaka si nye “Mikpe Ðe Mia Nɔewo Ŋu.”) Eya ta ahiã be miawɔ amewo didi ƒe dɔ aɖe, si me miabia ame siwo doa miaƒe gbea ta le la. Aleke míawɔ amewo didi ƒe dɔ sia?
3. Nu ka dzie afi si hame alo ƒuƒoƒo aɖe adi amewo le kple ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si woazã ɖe dɔ sia ŋu la nɔ te ɖo?
3 Ðoɖowɔwɔ Ðe Amewo Didi Ƒe Dɔa Ŋu: Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si míazã ɖe amewo didi le nuto siwo me wodoa gbe vovovowo le ŋu la nɔ te ɖe nutoa me ƒe nɔnɔmewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, ame nenie doa gbegbɔgblɔ ma le nutoa me? Gbeƒãɖela nenie li? Woƒe adrɛs nenie le hamea alo ƒuƒoƒoa si xoxo? Womebia tso hamea si be woadi amewo le nuto ɖe sia ɖe me sɔsɔe o, gake woate ŋu atiae be yewoazã ɣeyiɣi geɖe atsɔ adi amewo le nuto siwo me amewo sɔ gbɔ ɖo wu le woƒe anyigbamamaa me la me kple nuto siwo medidi fũu tso wo gbɔ o la me. Ke hã amewo didi ƒe ɖoɖo nyui wɔwɔ le vevie ale be mɔnukpɔkpɔ nate ŋu asu ame geɖe si be woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.—Rom. 10:13, 14.
4. (a) Aleke wòle be woawɔ ɖoɖo ɖe amewo didi ƒe dɔa ŋu? (b) Mɔ siwo dzi nàto ake ɖe ame siwo doa miaƒe gbea ŋu la dometɔ aɖewo ɖe?
4 Be miaƒo asa na dɔgbugbɔwɔ le teƒe siwo amewo didi hiã le la, ele be hamemetsitsiwo ƒe ha la, vevietɔ subɔsubɔdɔdzikpɔla, nawɔ ɖoɖo tso amewo didi ƒe dɔa ŋu eye wòakpɔ edzi. (1 Kor. 9:26) Le dutagbe ƒuƒoƒowo me la, nɔviŋutsu aɖe si dze—anyo wu ne enye hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla si hame si le ƒuƒoƒo ma dzi kpɔm la ƒe hamemetsitsiwo ƒe ha atia—la ate ŋu axɔ ŋgɔ na esia wɔwɔ. Hame kple ƒuƒoƒo geɖe zãa mɔnu aɖe tsɔ dzea amewo didi dɔa gɔme. Wowɔa amewo didi dɔa to sasrãkpɔwo dzi be woanya nuto siwo woatsɔ akpe ɖe anyigbamamaa ŋu. Ne esɔ la, hame si le ƒuƒoƒo aɖe dzi kpɔm la ƒe hamemetsitsiwo ƒe ha ate ŋu awɔ ɖoɖo na hame bliboa be woakpɔ gome le amewo didi dɔa me ɣeaɖewoɣi.—Kpɔ aɖaka si nye “Ale Si Nàwɔ Ake Ðe Ame Siwo Doa Gbe Si Me Miewɔa Kpekpeawo Le Ŋu.”
5. (a) Aɖaŋuɖoɖo kawo dzie gbeƒãɖela siwo le amewo didi dɔa wɔm la ate ŋu awɔ ɖo? (b) Nya kae míate ŋu agblɔ ne míele amewo didi ƒe dɔa wɔm?
5 Ele be míaɖo taɖodzinu aɖe koŋ na mía ɖokui ɣesiaɣi si míakpɔ gome le amewo didi dɔa me. Esi dɔ sia nye míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe ta la, ele be míado awu si sɔ na gbeadzidede. Ame geɖe kpɔe be dzeɖonyawo me toto kple gbea dodo ne wole ameawo dim kpena ɖe wo ŋu wokpɔa dzidzɔ eye wogabina ɖe gbea dodo me. Míate ŋu abu gaƒoƒo si míezã tsɔ di amewo la ŋuti kɔnta, gake mele be míabu ɣeyiɣi si míezã tsɔ wɔ anyigbamama ƒe nɔnɔmetatawo kple eŋuti nuŋlɔɖiwo la ya o. Ne míeke ɖe ame aɖe si doa míaƒe gbegbɔgblɔa ŋu la, ele be míadze agbagba agblɔ nya nyuia nɛ eye míana subɔsubɔdɔdzikpɔlaa alo nɔvi si wòtia la nanya enumake ale be woadee anyigbamama ƒe nuŋlɔɖiwo me. Ele be míawɔ esia ne amea metsɔ ɖeke le eme o gɔ̃ hã. Togbɔ be amewo didi dɔa le vevie hã la, ele be míada asɔ be míate ŋu akpɔ gome le subɔsubɔdɔa ƒe akpawo katã me.—Kpɔ aɖaka si nye “Nya Si Míagblɔ Ne Míele Amewo Didi Ƒe Dɔa Wɔm.”
6. Kuxi tɔxɛ kawoe le tokunɔwo didi me?
6 Tokunɔwo Didi: Kuxi tɔxɛwo le tokunɔwo didi ŋu eye ebia agbagbadzedze blibo kple kutrikuku vevie. Womate ŋu anɔ te ɖe ame aɖe ƒe ŋkɔ, eƒe dzedzeme, alo eƒe awudodo dzi anya be enye tokunɔ o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, le didi be yewoakpɔ tokunɔa ta ta la, ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ahe ɖe megbe le nyatakakawo nana gbeƒãɖela si le tokunɔwo dim la me. Aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna siwo ku ɖe ale si míadi tokunɔwo ŋu la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míele ame siwo doa gbe aɖe koŋ hã dim.
7. (a) Numekuku kawoe míate ŋu awɔ le nuto siwo me amewo tso aƒewo ɖo me be míake ɖe tokunɔwo ŋu? (b) Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ aɖe nazãbubu ɖa le amewo me?
7 Tokunɔgbe hamewo kple ƒuƒoƒowo kpɔ dzidzedze esi wodi amewo le afi siwo amewo tso aƒewo ɖo la. Ðewohĩ aƒemenɔla aɖe agblɔ be yenya aƒelika, dɔwɔhati, alo sukuhati aɖe si zãa tokunɔgbe. Ðewohĩ ekpɔ tokunɔwo ƒe suku le afi aɖe. Ðewohĩ eƒe ƒometɔ aɖe nye tokunɔ. Nenɔ susu me na wò be wò sasrãkpɔa ana ame aɖewo nabu nazã ɖe ŋuwò. Gake nu geɖe li àte ŋu awɔ be aƒemenɔlaa naɖe dzi ɖi. Wɔ nu ɖe eŋu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe tso dzi me, eye nàɖe nu me nɛ kpuie anukwaretɔe le bubumɔ nu. Nu nyuiwo do tso eme na ame aɖewo esi wonɔ tokunɔgbe me Biblia alo DVD bubuwo ƒe akpa aɖewo ɖem fia le videoɖemɔ̃ dzi esime wonɔ nya biam aƒemenɔlaa nenye be enya ame aɖe si nye tokunɔ. Eyome wogblɔna be yewodi be yewoaƒo nu tso mɔkpɔkpɔ si Biblia na la ŋu na tokunɔawo. Ne aƒemenɔlaa le hehem ɖe megbe le nyatakakanana me gɔ̃ hã la, ɖewohĩ alɔ̃ axɔ hame ƒe kpekpewo ƒe amekpegbalẽvi be wòatsɔe ana eƒe ƒometɔ alo exɔlɔ̃ aɖe si nye tokunɔ la ya teti.
8. Aleke hame siwo te ɖe tokunɔgbe hame aɖe ŋu la ate ŋu ana kpekpeɖeŋu?
8 Tokunɔgbe hame aɖe ate ŋu atia ŋkeke ɖeka alo eve le ƒea me akpe hame aɖe si te ɖe wo ŋu si doa gbe bubu la be woava kpe ɖe yewo ŋu yewoadi tokunɔwo le du siwo le woƒe anyigbamama gã la me la dometɔ ɖeka me. Le kpekpe hena gbeadzi yiyi si dzi tokunɔgbe hamea akpɔ me la, woate ŋu aƒo nu tso mɔfiame siwo ku ɖe dɔ sia wɔwɔ ŋu la ŋu eye woate ŋu awɔ eƒe wɔwɔfia hã. Ne mede ɖeke o la, gbeƒãɖela siwo tso tokunɔgbe hamea me la dometɔ ɖeka nanɔ ƒuƒoƒo ɖe sia ɖe me eye woatsɔ anyigbatata si fia asi nuto si tututu me woadi amewo le la ana ƒuƒoƒoa.
9. Aleke woate ŋu awɔ amewo didi ƒe dɔa le teƒe siwo tokunɔwo ƒoa ƒu ɖo hena hadede kple modzakaɖeɖe alo hena kpekpeɖeŋu siwo wonana le nutoa me la xɔxɔ?
9 Woate ŋu awɔ amewo didi ƒe dɔ la le teƒe siwo wonya be tokunɔwo ƒoa ƒu ɖo hena hadede kple modzakaɖeɖe alo hena kpekpeɖeŋu siwo wonana le nutoa me la xɔxɔ. Ele be gbeƒãɖelawo nado awu siwo sɔ ɖe nɔnɔmea nu. Anyo wu be gbeƒãɖelawo naɖo dze kple ame ɖeka alo eve aɖewo siwo hã va teƒea eye woadze aɖaŋu tsɔ wu be woaɖi ɖase na ƒuƒoƒo bliboa. Ne dzeɖoɖoa tse ku la, ɖewohĩ woate ŋu atsɔ woƒe adrɛswo ana wo nɔewo.
10. Aleke gbeƒãɖelawo ate ŋu adi amewo le asitsaƒe siwo le woƒe nutoa me la?
10 Mɔnu bubu hãe nye be woayi asitsaƒe siwo le nutoa me, abe mɔmemidzeƒewo, nunyaƒewo, kple nuɖuɖudzraƒewo ene, alo ayi asitsaƒe ƒomevi bubuwo. Le asitsaƒe mawo la, míate ŋu abia kpuie ko be dɔwɔla alo asisi aɖe si vaa afi ma edziedzi la zãa tokunɔgbe hã. Ne tokunɔwo ƒe suku aɖe le anyigbamamaa me la, míate ŋu atsɔ míaƒe agbalẽ siwo le DVD dzi la dometɔ aɖewo ana wo be woatsɔ ade woƒe agbalẽdzraɖoƒe.
11. Nu ka tae amewo didi ƒe dɔa nye subɔsubɔdɔa ƒe akpa vevi aɖe?
11 Dɔ Vevi Aɖe: Ebia ɣeyiɣi geɖe ŋutɔ hafi nàte ŋu ake ɖe aƒemenɔla siwo doa gbe si me miewɔa miaƒe kpekpewo le la ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, gbegbɔgblɔ siwo wodona le nuto aɖewo me la tea ŋu trɔna kabakaba le esi ame aɖewo ʋuna dzona eye ame bubuwo va xɔna ɖe wo teƒe ta, esia wɔnɛ be esesẽna be woana anyigbamama ƒe nuŋlɔɖiwo nasɔ ɖe ɣeyiɣia nu. Ke hã le nuto geɖe me la, amewo didi ƒe dɔa nye míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa vevi aɖe. Yehowa ame si de dɔ asi na mí be míaɖe gbeƒã la mekpɔa ame ŋkume o. (Dɔw. 10:34) Eƒe “lɔlɔ̃nue nye be woaɖe ame ƒomeviwo katã, eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.” (1 Tim. 2:3, 4) Eya ta neva eme be míawɔ nu aduadu kple Yehowa kpakple mía nɔewo be míake ɖe dukɔwo katã me tɔ siwo si “dzi nyui, si nyo” le la ŋu.—Luka 8:15.
[Aɖaka si le axa 5]
Mikpe Ðe Mia Nɔewo Ŋu
Ne hame alo ƒuƒoƒo aɖe di be woakpe ɖe yewo ŋu ne yewoadi ame siwo doa yewoƒe gbea, siwo yewoate ŋu aɖe gbeƒã na ŋu la, subɔsubɔdɔdzikpɔla la ate ŋu abia gbe bubu dolawo ƒe hame siwo te ɖe wo ŋu la ƒe hamemetsitsiwo. Anyo wu be subɔsubɔdɔdzikpɔlaa nabia hame siwo medidi fũu tso wo gbɔ o alo hame siwo wònya nyuie be yewoƒe gbea dolawo sɔ gbɔ ɖe woƒe anyigbamama me la. Emegbe hame siwo gbɔ wobia kpekpeɖeŋu le la ƒe hamemetsitsiwo ate ŋu agblɔe na woƒe gbeƒãɖelawo be ne woke ɖe ame aɖe si doa gbe ma ŋu la, woaŋlɔ eƒe adrɛs eye woatsɔe ana woƒe subɔsubɔdɔdzikpɔla be eya hã natsɔe ana hame alo ƒuƒoƒo si le kpekpeɖeŋu biam la. Hame siwo le anyigbamama siwo me wodoa gbe vovovowo le me la ƒe subɔsubɔdɔdzikpɔlawo ate ŋu awɔ ɖoɖo aɖe si asɔ, si dzi hameawo kple ƒuƒoƒoawo azɔ ɖo ale be woakpe anyigbamama la ɖo eye woaɖo ɖetsɔlemetɔwo ɖe hame alo ƒuƒoƒo si ƒe gbe wose la me tɔwo.
Ne gbeƒãɖelawo ke ɖe ame aɖe si ɖe ɖetsɔleme vavã fia evɔ wòdoa gbe bubu (alo enye tokunɔ) ŋu la, ele be woakpe Please Follow Up (S-43) gbalẽvia ɖo enumake eye woatsɔe ana hamea ƒe agbalẽŋlɔla. Esia ana be woana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu amea kaba.—Kpɔ km 5/11 axa 3.
[Aɖaka si le axa 6]
Ale Si Nàwɔ Ake Ðe Ame Siwo Doa Gbe Si Me Miewɔa Kpekpeawo Le Ŋu
• Bia ame bubuwo—Biblia nusrɔ̃viwo, ƒometɔwo, dɔwɔhatiwo kple bubuawo.
• Bia gbea dolawo ta se ŋuɖɔɖotɔe le teƒe siwo wonaa hahoo kpekpeɖeŋuwo le, abe agbalẽdzraɖoƒe siwo le nutoa me, dziɖuɖudɔwɔƒewo kple sukuwo ene.
• Lé ŋku ɖe gbeƒãɖeɖe siwo ku ɖe wɔna siwo dutagbedola aɖewo ɖo be yewoawɔ le dutoƒo la ŋu le nutoa me nyadzɔdzɔgbalẽwo me.
• Nɔ fiase kple asitsaƒe siwo le nutoa me siwo kpɔa dutagbedolawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ la yim.
• Ðo kplɔ̃ si dzi agbalẽ vovovowo le la ɖe asitsaƒe aɖe, yunivɛsitidelawo ƒe takpekpewɔƒe aɖe, alo ʋuɖoƒe aɖe si nènya be ame siwo doa gbe si me miewɔa kpekpeawo le la vana edziedzi la ne èxɔ mɔɖeɖe tso teƒea dzi kpɔlawo gbɔ.
[Aɖaka si le axa 7]
Nya Si Míagblɔ Ne Míele Amewo Didi Ƒe Dɔa Wɔm
Te ɖe amea ŋu, nàƒo nu nɛ tẽe xɔlɔ̃wɔwɔtɔe tso dzi me, eye esia aɖe nazãbubu ɖe sia ɖe ɖa le eme. Eɖea vi wu ne ètsɔ agbalẽ aɖe si le miaƒe gbea me la fia aƒemenɔlaa gbã.
Ne èdo gbe na amea vɔ la, àte ŋu agblɔ be: “Míele ame siwo doa ․․․․․․․․․․ la dim ale be míate ŋu agblɔ mɔkpɔkpɔ si Biblia na mí la ŋu nya na wo. Ènya ame aɖe si míate ŋu aɖo dze kplea?”
Ne èle tokunɔwo dim la, àte ŋu agblɔ be: “Ŋdi na wò. Meɖe kuku madi be matsɔ nane afia wò. [Zã videoɖemɔ̃ sue aɖe, eye nàɖe New World Translation—On DVD ƒe kpukpui aɖe fiae. Eyome gblɔ nɛ be:] Amerika Tokunɔgbe Biblia ƒe akpa aɖee nye esia. Tsɔ kpe ɖe Biblia ŋu la, video geɖe siwo ŋu wotrɔ asi le be woakpe ɖe tokunɔwo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu la le mía si, eye míexɔa ga ɖe wo ta o. Ðe nènya ame aɖe si nye tokunɔ alo ame aɖe si mesea nu nyuie o si zãa tokunɔgbea?” Ne aƒemenɔlaa mete ŋu ɖo ŋku ame aɖeke dzi o la, zi geɖe la, eɖea vi ne èyɔ teƒe siwo wòanya kpɔ tokunɔ aɖe le kpɔ, abe dɔwɔƒe, suku, alo le eƒe nutoa me ene la nɛ.