INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/12 axa 1
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Wò Agbagbadzedzewo Ta

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔ Dzidzɔ Le Wò Agbagbadzedzewo Ta
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Lɔ̃ Ame Siwo ‘Tsea Ku Le Dzidodo Me’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • ‘Miyi Edzi Mianɔ Ku Geɖe Tsem’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • ‘Mawue Nana Wòtsina’!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Mègana Ta O!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
km 11/12 axa 1

Kpɔ Dzidzɔ Le Wò Agbagbadzedzewo Ta

1. Nu kae ate ŋu aɖe dzo si le mía me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la dzi kpɔtɔ?

1 Mawu wɔ amegbetɔ be ‘wòakpɔ dzidzɔ le eƒe agbagbadzedzewo ta.’ (Nyagb. 2:24) Gake ne míekpɔa nu nyui siwo dona tso míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me dzea sii o la, esia aɖe dzi le mía ƒo eye wòate ŋu ana be míaganɔ dzidzɔ kpɔm o, eye wòaɖe dzo si le mía me la dzi kpɔtɔ. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be nukpɔsusu nyui nakpɔtɔ anɔ mía si?

2. Nu ka tae wòle be míada sɔ le nu si míekpɔa mɔ na le míaƒe subɔsubɔdɔa me la me?

2 Da Sɔ Le Nu Si Nèkpɔa Mɔ Na Me: Ðo ŋku edzi be togbɔ be ame ʋɛ aɖewo koe ɖo to Yesu hã la, ɖikeke aɖeke mele eme o be eƒe subɔsubɔdɔa kpɔ dzidzedze. (Yoh. 17:4) Le kpɔɖeŋu si Yesu wɔ ku ɖe nukuwula ŋu me la, egblɔe ɖi be Fiaɖuƒegbedeasia, si le abe nuku ene la, matse ku le dzi geɖewo me o. (Mat. 13:3-8, 18-22) Ke hã nu nyui geɖe dona tso míaƒe kutrikuku me.

3. Aleke míate ŋu ‘atse ku’ ne ame geɖe meɖoa to míaƒe gbedeasia o gɔ̃ hã?

3 Ale Si Míetsea Ku Geɖe: Le Yesu ƒe kpɔɖeŋua nu la, ame siwo sea gbedeasia gɔme la ‘atse ku.’ (Mat. 13:23) Ne lu mie hetsi la, menye lu fẽwoe wòtsena o, ke boŋ luku yeyewoe wòtsena. Eya ta menye nusrɔ̃la yeyewo wɔwɔ kokokoe nye kutsetse si ɖenɛ fiana be Kristotɔ aɖe kpɔ dzidzedze o, ke boŋ Fiaɖuƒea ƒe nuku geɖe wuwu to gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia dzi ye. Nu nyui geɖe dona tso eme, eye míate ŋu akpɔ dzidzɔ le esia ta, ne amewo gbe toɖoɖo gɔ̃ hã. Míele akpa aɖe wɔm le Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ me. (Yes. 43:10-12; Mat. 6:9) Mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe su mía si be míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo. (1 Kor. 3:9) Eye ‘nuyiwo ƒe kutsetse’ sia doa dzidzɔ na Yehowa.—Heb. 13:15, 16.

4. Nu kawoe ate ŋu ado tso míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me le míaƒe manyamanya me?

4 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nu nyuiwo ate ŋu ado tso dɔ sesẽ si wɔm míele la me le míaƒe manyamanya me. Anɔ eme be Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa ƒe nuwuwu megbee ame aɖewo siwo wòɖe gbeƒã na la va zu eƒe nusrɔ̃lawo. Nenema kee ate ŋu adzɔ be, emegbe kura hafi Fiaɖuƒea ƒe nuku si míewu la ava ƒo ke ɖe to le ame aɖe ƒe dzi me ahatsi, eye amea ava xɔ nyateƒea le míaƒe manyamanya me. Nyateƒee, nu nyui geɖewo dona tso míaƒe subɔsubɔdɔa me. Eya ta mina ‘míayi edzi anɔ ku geɖe tsem’ eye míaɖee afia be míenye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo.—Yoh. 15:8.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe