INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/13 axa 4
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
km 5/13 axa 4

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le June Me

“Ame sia ame kloe si míeɖo dze kple la di be ŋutifafa nanɔ xexea me. Ke hã aʋawɔwɔ kpɔtɔ le edzi yim. Le wò susu nu la, nu ka tae amegbetɔwo mete ŋu he ŋutifafa va xexea me o?” Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Tsɔ nyati si le June 1 ƒe Gbetakpɔxɔ, ƒe megbekpaa dzi fiae, midzro numeɖeɖe si le nyabiase gbãtɔa te la me, eye miaxlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖeka ya teti. Tsɔ magazineawo nɛ eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava dzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.

Mide dzesii: Miwɔ kpɔɖeŋudzeɖonya sia ƒe wɔwɔfia le kpekpe hena gbeadziyiyi si miawɔ le June 1 dzi la me.

Gbetakpɔxɔ June 1

“Míele dze ɖom kple míaƒe aƒelikawo tso kuxi aɖe si le fu ɖem na ame geɖe ŋu. Wobu nazã ɖe ame geɖe ŋu kpɔ. Èsusu be teƒe aɖe le xexea me si womebua nazã ɖe ame ŋu le oa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpɔ ale si Mawu bua amewo katãe ɖa. [Xlẽ Dɔwɔwɔwo 10:34.] Magazine sia ɖe ale si Mawu ava ɖe nazãbubu ɖa keŋkeŋ la me.”

Awake! June

“Míedi be míanya wò susu le nane ŋu. Ame sia ame dina be agbe nadze edzi na ye. Èsusu be nu geɖewo ƒeƒle ye ana agbe nadze edzi na mía? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpɔ nuxlɔ̃amenya si Yesu gblɔ ɖa. [Xlẽ Luka 12:15.] Magazine sia gblɔ ale si míada asɔ le ŋutilãmenuwo ƒeƒle me, eye wòɖo aɖaŋu nyui siwo akpe ɖe mía ŋu míanya gazazã.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe