Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le February Me
“Esi míeɖo dze kple amewo la, míekpɔe be susu vovovowoe le wo si ku ɖe Biblia ŋu. Ame aɖewo xɔe se be enye Mawu ƒe Nya, ame aɖewo hã susui be agbalẽ dzro aɖe koe wònye. Aleke wò ya èbua Biblia?” Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Tsɔ nyati si le February 1 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe megbekpaa dzi fiae; midzro numeɖeɖe si le nyabiase gbãtɔa te la me, eye miaxlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖeka ya teti. Tsɔ magazineawo nɛ eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava dzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.
Gbetakpɔxɔ February 1
“Ame akpa gãtɔ adi be woatsi aʋawɔwɔ nu le xexea me. Èsusu be esɔ be míakpɔ mɔ be ŋutifafa nava xexea katã mea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se Biblia me ŋugbedodo sia ɖa. [Xlẽ Psalmo 46:10.] Nukutɔe la, nu ɖedzesi siwo dzɔ le Xexemeʋa I me kple emegbe siaa la ɖo kpe edzi be Mawu ana ŋugbedodo sia nava eme kpuie eye wòatsi aʋawɔwɔ nu tegbee. Magazine sia ɖe nya siawo me.”
Nyɔ! February
“Míeva gbɔwò be míaɖo dze kpuie tso kuxi aɖe si le fu ɖem na mí katã ŋu. Edze abe ɣeyiɣia mesuna na mí gbeɖe be míawɔ nu siwo katã míeɖo be míawɔ o ene. Èsusui be esi nu siwo wòle be míawɔ la sɔ gbɔ akpa tae ɣeyiɣia mesuna na mí o loo, alo esi míegblẽa ɣeyiɣi fũu ɖe nu siwo mehiã o ŋu tae? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ame geɖe menya be Biblia ɖo aɖaŋu nyui siwo akpe ɖe mía ŋu míazã ɣeyiɣia nyuie o. Se eƒe aɖaŋuɖoɖo ɖeka ɖa. [Xlẽ Filipitɔwo 1:10a.] Magazine sia ƒo nu tso nu vevi ene siwo kpena ɖe ame geɖe ŋu wozãa woƒe ɣeyiɣi le nunya me la ŋu.”