Video Yeye Si Ana Míadze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme
Míeda video kpui aɖe si ƒe tanyae nye Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia? ɖe jw.org. dzi, eye wòle vi ɖem na ame gbogbo aɖewo. Wotrɔ asi le videoa ŋu be wòaʋã ɖetsɔlemetɔwo be woalɔ̃ míasrɔ̃ Biblia kpli wo femaxee. Ale si nàwɔ ake ɖe videoa ŋue nye esi: ʋu míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒea ƒe gɔmedzeƒea nàyi ete lɔƒo, eye nàʋu tanya si nye “Bia Be Míava Srɔ̃ Biblia Kpli Ye Femaxee.” Alo tsɔ QR-xlẽnu ɖe foto dzesi si le míaƒe trakt yeyeawo ƒe megbekpaa dzi be wòaʋu afi ma na wò. Mɔ siwo dzi míato awɔ video la ŋu dɔ nyuie lae nye esi.
Ne èle tɔtrɔyi wɔm la, àte ŋu abia aƒemenɔlaa be: “Meɖe kuku mate ŋu aɖe video kpui aɖe afia wòa? Videoa akpe ɖe ŋuwò nànya ale si nàwɔ akpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo le asiwò ku ɖe Biblia ŋu.” Ne elɔ̃ la, ekema ɖe video la fiae le wò asikɔmpiuta alo asitelefon dzi alo le aƒemenɔlaa ŋutɔ ƒe kɔmpiuta dzi.
Ne míena trakt la le vomeɖaseɖiɖi alo dutoƒoɖaseɖiɖidɔa me la, míate ŋu atsɔ QR-dzesia afia amea ahade dzi ƒo nɛ be wòazã eƒe asikɔmpiuta alo asitelefon si dzi QR-xlẽnu le la atsɔ aʋui. Le gbegbɔgblɔ geɖe me la, QR-dzesia aʋu videoa na wò tẽe le míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒea dzi, eye àte ŋu akpɔ videoa le wò asikɔmpiuta alo asitelefon dzi enumake.
Gblɔ video la ŋu nya na wò dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, ƒometɔwo kple wò ame nyanyɛ bubuwo, eye nàɖee afia wo. Alo ɖo video la ƒe kadodo ɖe wo to e-mail dzi, eye nàde dzi ƒo na wo be woaʋui akpɔe.
Ne míewɔ dɔwɔnu yeye sia ŋu dɔ nyuie la, míate ŋu adze Biblia nusɔsrɔ̃ geɖe gɔme ahakpe ɖe “ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ” la ŋu be woadze si Mawu.—Dɔw. 13:48.