INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/14 axa 3
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Kae Ana Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me?—Akpa 2 Lia
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Dzilawo—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Woalɔ̃ Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Alesi Woatu Ƒome Ðo Be Wòasẽ Ŋu Le Gbɔgbɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Zã Nu Siwo Míeda Ðe Internet Dzi Nàtsɔ Afia Nu Viwòwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
km 5/14 axa 3

Nyabiaɖaka

◼ Nu kawoe wòle be ɖeviwo nasrɔ̃ be woayi ŋgɔ aɖo tsitsinyenye gbɔ?

Dzila Kristotɔwo dzea agbagba geɖe hafi ‘hea wo viwo le Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ me.’ (Ef. 6:4) Le kpɔɖeŋu me, dzilawo kpɔe be eɖea vi ne yewodzro gbe sia gbe mawunyakpukpuia me kple ɖeviawo ŋdi sia ŋdi. Le ƒometadeaguɣi kple ɣeyiɣi bubuwo la, ƒomewo ate ŋu akpɔ míaƒe videowo ahadzro wo me. Woate ŋu adzro “Sɔhɛwo Biana Be . . . ” ƒe nyati aɖe si sɔ me. Woate ŋu awɔ Biblia me nudzɔdzɔ aɖe ƒe fefe alo awɔ ale si míaɖi ɖase ƒe wɔwɔfia. Ke hã be ɖeviwo ‘nayi ŋgɔ aɖo tsitsinyenye gbɔ’ la, ele be woafia Biblia me nyateƒe gogloawo wo.​—Heb. 6:1.

De ŋugble le nu siwo míefiaa amewo le gbeadzi ŋu kpɔ. Zi geɖe la, míedzea agbagba be míazã Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa atsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple amewo ne míedo go wo zi gbãtɔ alo ne míetrɔ yi wo gbɔ. Ne wowu agbalẽ ma sɔsrɔ̃ nu la, míesrɔ̃a “Midzra Mia Ðokui Ðo Ðe Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me” gbalẽa hã kpli wo. Nu ka tae? Elabena Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa naa Ŋɔŋlɔawo me sidzedze veviwo sua nusrɔ̃viwo si, eye “Mawu Ƒe Lɔlɔ̃” gbalẽa fiaa ale si woawɔ Biblia me gɔmeɖosewo ŋu dɔ le woƒe agbenɔnɔ me gbe sia gbe la wo. Agbalẽ eve siawo sɔsrɔ̃ kpena ɖe ame yeyewo ŋu be woaƒo “ke ɖe to” le Kristo me ‘ahali ke ɖe xɔse la me.’ (Kol. 2:6, 7) Agbalẽ siawo aɖe vi na mía viwo hã godoo! Ehiã be míafia nu woawo hã tso tafe la, Fiaɖuƒe la kple nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu. Ele be ɖeviwo nanya nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo, kple nu si ana woade dzesi nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo. Ele be mía viwo naka ɖe edzi be Yehowa Ðasefowoe fiaa nyateƒea. Ele be woase Biblia me gɔmeɖosewo gɔme ahasrɔ̃ ale si woana hehe “woƒe nugɔmesese ƒe ŋutetewo.” (Heb. 5:14) Anyo be dzilawo nabu ɖeviawo ƒe ƒexɔxɔ kple nugɔmeseseŋutete ŋu. Ke hã, ɖevi geɖe tea ŋu srɔ̃a Biblia me nyateƒe gogloawo tso esime wole sue ŋutɔ gɔ̃ hã.​—Luka 2:42, 46, 47.

Be míakpe ɖe dzilawo ŋu la, míada nusɔsrɔ̃ ŋuti mɔfiame siwo wotu ɖe Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa dzi la ɖe míaƒe nyatakakadzraɖoƒea. Miate ŋu akpɔ esiawo le jw.org, le BIBLE TEACHINGS > TEENAGERS te. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, míada nusɔsrɔ̃ ŋuti mɔfiame siwo wotu ɖe “Mawu Ƒe Lɔlɔ̃” gbalẽa dzi la hã ɖe afi ma. Ke hã dzilawo ate ŋu azã agbalẽawo ŋutɔ hã. Miate ŋu atso nya me be miazã dɔwɔnu siawo le miaƒe Ƒometadedeagu fiẽsi me loo, alo ne miele nu srɔ̃m kple ɖeviawo ɖekaɖeka, alo ne miele ale si ɖeviawo awɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃e la fiam wo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe