Numekugbalẽ Yeye Aɖe
Le xexea me godoo la, gbeƒãɖela miliɔn geɖe wɔa Watch Tower Publications Index la ŋu dɔ nyuie. Ke hã esi etata bia nu geɖe ŋutɔ ta la, gbe ʋɛ aɖewo ko mee wotae ɖo. Eya ta wota Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo la ɖe gbe siwo ade 170 me. Agbalẽ siwo le Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽa me la ƒe akpa gãtɔ nye esiwo wota tso ƒe 2000 me. Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ la mele gbe siwo me wotaa Index ɖo xoxo la me o, gake ele Watchtower Library kple míaƒe INTERNET DZI AGBALẼDZRAÐOƑEA le gbegbɔgblɔ mawo me. Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ la akpe ɖe ŋuwò nàdi ŋuɖoɖo na Biblia me biabiawo, nàwɔ numekuku le nya siwo ka wò ŋu, eye nàdzra ɖo ɖe hame ƒe kpekpewo kple ƒometadedeagu ŋu.