Mide Dzi Ƒo Na Mia Nɔewo Hena Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ
Hebritɔwo 10:24 xlɔ̃ nu mí be ‘míanɔ mía nɔewo ŋu bum, ale be míado ŋusẽ [alo ade dzi ƒo na] mía nɔewo hena lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ.’ Míate ŋu ado ŋusẽ alo ade dzi ƒo na mía nɔviwo to míaƒe kpɔɖeŋu kple míaƒe nyagbɔgblɔ siwo ɖea xɔse fiana me. Gblɔ wò nuteƒekpɔkpɔ dedziƒonamewo na nɔviwo. Na woakpɔ dzidzɔ si kpɔm nèle le Yehowa subɔsubɔ me la adze sii. Le ɣeyiɣi ma ke me la, mègatsɔ wo nɔ sɔsɔm kple ɖokuiwò alo ame bubuwo o. (Gal. 6:4) Zã wò ŋutete nàtsɔ ade dzi ƒo na nɔviwòwo hena “lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ,” ke menye hena fɔbuameɖokui kple dɔ nyuiwo wɔwɔ o. (Kpɔ Subɔsubɔ Suku gbalẽa, axa 158, mm. 4.) Ne míedo ŋusẽ mía nɔviwo hena lɔlɔ̃ la, ekema dɔwɔwɔwo, abe dɔmenyonyo na amewo alo gbeƒãɖeɖe ene, akplɔe ɖo.—2 Kor. 1:24.