Zã “Mawu Ƒe Nya La Me Nya Vevi Aɖewo”—Nàtsɔ Adze Dzeɖoɖo Gɔme
1. Dɔwɔnu yeye kae su mía si si míate ŋu azã le gbeadzi?
1 Le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia yeyea ƒe gɔmedzedze la, wotrɔ asi le akpa aɖe ŋu, si nye “Mawu Ƒe Nya La Me Nya Vevi Aɖewo.” Aleke míate ŋu azã dɔwɔnu yeye sia atsɔ adzra dzeɖonyawo ɖo na gbeadzi? Esi woɖo mawunyakpukpui aɖewo ɖe Biblia me nyati vovovowo te le akpa sia abe ale si wòle le Reasoning gbalẽa me ene ta la, míate ŋu azãe atsɔ adze dzeɖoɖowo gɔme.
2. Aleke míate ŋu azã “Mawu Ƒe Nya La Me Nya Vevi Aɖewo” le gbeadzi?
2 Ne èdi be yeazã nyabiase 8 lia la, àte ŋu agblɔ be: “Míeva be míadzro nya vevi aɖe si ŋu ame geɖe tsi dzi ɖo me kpli wò kpuie, eyae nye, ‘Ðe wòle be míabu fɔ Mawu ɖe míaƒe fukpekpewo ta?’ [Le nuto aɖewo me la, asɔ wu ne ètsɔ nyabiasea fia aƒemenɔlaa.] Nu kae nye wò susu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ale si Biblia ɖo nyabiase sia ŋu la afa akɔ na wò.” Ʋu mawunyakpukpui siwo le nyati ma te la dometɔ ɖeka alo esi wu nenema nàxlẽe tẽe tso Biblia me, eye nàdzro eme. Ne aƒemenɔlaa tsɔ ɖe le nyaa me la, àte ŋu atsɔ nyabiase 20 siwo woɖo ɖe Biblia la ƒe axa 5 lia afiae, eye nàna wòatia esi me wòadi be miadzro ne ègatrɔ va. Alo àte ŋu atsɔ míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖe si me wòakpɔ nyati si me miedzro ŋuti numeɖeɖe bubuwo le la anae.
3. Aleke míate ŋu azã “Mawu Ƒe Nya La Me Nya Vevi Aɖewo” atsɔ adze dzeɖoɖo gɔme kple ame siwo menye Kristotɔwo o?
3 Nyabiase 4 lia kple 13 lia va se ɖe 17 lia me dzodzro ado dzidzɔ na ame siwo menye Kristotɔwo o. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu azã nyabiase 17 lia ahagblɔ be: “Nya vevi aɖe le mía si si aɖe vi na ƒomewo. Ðe nàlɔ̃ ɖe edzi be ƒomewo le kuxi geɖe me tom egbea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nya si wogblɔ le afi sia dzi wɔwɔ le vi ɖem na ƒome geɖe: “Srɔ̃nyɔnu . . . nade bubu deto srɔ̃a ŋu.” [Mehiã be nàgblɔ be Efesotɔwo 5:33 me nyawoe nye esiawo o. Ne nyɔnue aƒemenɔlaa nye la, ke àte ŋu agblɔ Efesotɔwo 5:28 me nyawo nɛ.] Meɖe kuku, èxɔe se be aɖaŋuɖoɖo siawo dzi wɔwɔ aɖe vi na srɔ̃tɔwoa?”
4. Nu kae nàte ŋu awɔ le dzeɖoɖo kple ame si menye Kristotɔ o la ƒe nuwuwu?
4 Ne èle wò nyawo nu wum la, wɔ ɖoɖo kplii ne miayi dzeɖoɖoa dzi ɣebubuɣi. Ðewohĩ àdi be yeatrɔ ava dzro mawunyakpukpui bubu siwo le nyabiase si nèzã la te me kplii. Le ɣeyiɣi si sɔ dzi la, na aƒemenɔlaa nanya be aɖaŋuɖoɖo nyui siwo me dzrom miele la tso Biblia me. Ne nu siwo me miedzro va yi vivi aƒemenɔlaa nu eye wòdea bubu Biblia ŋu la, ke àte ŋu atsɔ míaƒe agbalẽ aɖe si nèkpɔ be ado dzidzɔ nɛ la anae.—Kpɔ December 2013 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia.