INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb16 August axa 8
  • Fia Nyateƒea

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fia Nyateƒea
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Dzra Wò Ŋutɔ Wò Magazine Nana Ƒe Dzeɖonyawo Ðo
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
mwb16 August axa 8

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Fia Nyateƒea

Tso September me la, kpɔɖeŋudzeɖonya yeye aɖe anɔ dzedzem le Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽa me si ƒe tanyae nye “Fia Nyateƒea.” Míaƒe taɖodzinue nye be míazã nyabiase kple mawunyakpukpui aɖe atsɔ ahe amewo ƒe susu yi Biblia me nyateƒe aɖe dzi kpuie.

Ne amea tsɔ ɖe le eme la, míate ŋu atsɔ trakt, magazine, alo agbalẽ aɖe nɛ, loo alo aɖe video aɖe le jw.org afiae atsɔ aɖo tɔtrɔyi gɔme anyi ale be wòanɔ mɔ kpɔm na mí. Ele be míadze agbagba atrɔ ayi le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe ahayi dzeɖoɖo si gɔme míedze la dzi. Woatu dzeɖonya yeyeawo kple sukuviwo ƒe dɔdeasiwo ɖe agbalẽ si nye Nu Kae Biblia Fia Mí? ƒe akpa si nye taa totoɖeme la dzi. Le agbalẽa ƒe akpa sia la, míakpɔ nyabiase kple mawunyakpukpui bubu siwo míate ŋu azã atsɔ awɔ tɔtrɔyi alo adze nusɔsrɔ̃ gɔme to Biblia ɖeɖe dzi.

Mɔ ɖeka koe kplɔa ame yia agbe me. (Mt 7:13, 14) Esi míeɖea gbeƒã na ame siwo le subɔsubɔha vovovowo me kple ame siwo tso teƒe vovovowo ta la, ele be míaƒo nu tso Biblia me nyateƒe siwo adzɔ dzi na wo dometɔ ɖe sia ɖe la ŋu. (1Ti 2:4) Ne míeva bi ɖe Biblia me nyati vovovowo zazã kple “nyateƒenya la ŋu dɔ [wɔwɔ] pɛpɛpɛ” me la, dzi adzɔ mí geɖe eye míakpɔ dzidzedze le Biblia me nyateƒea fiafia ame bubuwo me.—2Ti 2:15.

Nɔviŋutsu aɖe le mawunyakpukpui aɖe me dzrom kple ɖekakpui aɖe

ZÃ DZEÐONYA YEYE SIA NE ÈLE . . .

  • gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me

  • vomeɖase ɖim

  • Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme dzem

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe