KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—De Dzi Ƒo Na Ðetsɔlemetɔwo Be Woade Kpekpeawo
NU SI TA WÒLE VEVIE: Kpekpeawo naa mɔnukpɔkpɔ mí ɣesiaɣi be ‘míadzi ha na Yehowa ahakafui.’ (Ps 149:1) Wofiaa ale si míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu mí le kpekpeawo me. (Ps 143:10) Zi geɖe la ɖetsɔlemetɔwo kple Biblia nusrɔ̃viwo yia ŋgɔ kabakaba ne wodze kpekpeawo dede gɔme.
ALE SI NÀWƆE:
Kpee enumake ne anya wɔ. Mele be míalala be míaɖo Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme anyi hafi akpee o.—Nyɖ 22:17
Gblɔ ale si míewɔa kpekpeawo nɛ eye nàƒo nu tso nu siwo míava srɔ̃ le kpekpe si akplɔe ɖo me la ŋu nɛ. Nu siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le go sia me: hamea ƒe kpekpewo ƒe amekpegbalẽvi, video si nye Nu Kawoe Yia Edzi Le Fiaɖuƒe Akpata Me? kple Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu gbalẽ gbadzaa ƒe nusɔsrɔ̃ 5 kple 7 lia
Na kpekpeɖeŋu. Ðe wòhiã be woakpe ɖe ɖetsɔlemetɔa ŋu be wòaɖo ʋu ava kpekpea alo atia awu si sɔ na kpekpea? Nɔ egbɔ le kpekpea me ne wò kplii miazã wò agbalẽwo. Ðee fia ame bubuwo