KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
Ale Si Nàwɔ Ate Ŋu Aɖo Nya Ŋu Nyuie
Nyaŋuɖoɖo nyuiwo tua hamea ɖo. (Ro 14:19) Woɖea vi na ame siwo ɖo nyaa ŋu hã. (Lod 15:23, 28) Eya ta ele be míadze agbagba be míaɖo nya ŋu zi ɖeka ya teti le kpekpe ɖe sia ɖe me. Gake menye ɣesiaɣi si míedo asi ɖe dzie woayɔ mí o. Eya ta anyo be nàdzra nyaŋuɖoɖo geɖe ɖo.
Nyaŋuɖoɖo nyui . . .
nɔa kpokploe, eme kɔna eye medidina o. Zi geɖe la, axɔ sekɛnd 30 alo esi mede o
nyea esi nàgblɔ le wò ŋutɔ wò nyagbewo me
menyea nya si wogblɔ va yi la gbugbɔgagblɔ ne mehiã o
Ne wòe nye ame gbãtɔ si woyɔ la, . . .
ɖo nya si wobiaa ŋu tẽe wòanɔ kpokploe
Ne woɖo nyaa ŋu vɔ la, àte ŋu . . .
agblɔ ale si mawunyakpukpui aɖe si woyɔ la de nu ŋuɖoɖoa mee
agblɔ ale si nyaa ka míi
agblɔ mɔ siwo nu míate ŋu awɔ wo ŋu dɔ le
agblɔ nuteƒekpɔkpɔ kpui aɖe si te gbe ɖe nya vevia dzi