NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | LODODOWO 22-26
“Mla Ðevi Ðe Mɔ Si Wòato La Ŋu”
Aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le Lododowo ƒe agbalẽa me na dzilawo. Abe ale si ko atilɔwo tsina ɖoa ta akpa si wobi wo ɖo ene la, nenema ke ɖeviwo hehe nana wònɔa bɔbɔe be woava subɔ Yehowa ne wotsi.
Ðeviwo hehe nyuie bia ɣeyiɣi kple agba- gbadzedze geɖe
Ele be dzilawo naɖo kpɔɖeŋu nyui, eye woafia nu wo viwo, axlɔ̃ nu wo, ade dzi ƒo na wo eye woahe to na wo ne ehiã
Amehehe nye amemamla le lɔlɔ̃ me be woatsɔ aɖɔ susua kple dzia ɖo
Ele be woahe ɖeviwo le mɔ vovo- vowo nu