NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | YEREMIYA 22-24
Ðe ‘Dzi Si Ana Nàdze Si’ Yehowa Le Asiwòa?
Yehowa tsɔ amewo sɔ kple gbotsetsewo
Nuteƒewɔla siwo nɔ Yudatɔ siwo woɖe aboyoe yi Babilon dome la le abe gbotsetse nyuiawo ene
Fia Zedekiya si mewɔ nuteƒe o kple ame bubu siwo wɔ nu gbegblẽwo la le abe gbotsetse gbegblẽawo ene
Aleke míawɔ ‘dzi si ana míadze si’ Yehowa nasu mía si?
Yehowa ana ‘dzi si míatsɔ adze sii’ la mí ne míesrɔ̃a eƒe Nya la eye míewɔna ɖe edzi
Ele be míadzro míaƒe dziwo me anukwaretɔe ahaho nuwɔna kple nudzodzro siwo ate ŋu agblẽ mí kple Yehowa dome la ɖa