KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
Srɔ̃ Mawu Ƒe Nɔnɔmewo—Ðokuibɔbɔ
NU SI TA WÒLE VEVIE:
Ðokuibɔbɔ nana mí kple Yehowa dome nɔa kplikplikpli.—Ps 138:6
Ðokuibɔbɔ nana mí kple amewo dome nɔa nyuie.—Flp 2:3, 4
Dada gblẽa nu le ame ŋu.—Lod 16:18; Eze 28:17
ALE SI NÀWƆE:
Lɔ̃ faa nàwɔ dɔ tsɛwo atsɔ akpe ɖe amewo ŋu.—Mt 20:25-27
Mègana wò ŋutetewo kple mɔnukpɔkpɔ siwo su asiwò la nana nàda o.—Ro 12:3
Mɔ ka nue mate ŋu aɖe ɖokuibɔbɔ afia le geɖe wu?
MIKPƆ VIDEO SI NYE TSRI NU SIWO GBLẼA NUTEƑEWƆWƆ ME—DADA, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:
Nu kae ale si míewɔa nui ne woɖo aɖaŋu na mí la ɖena fiana le mía ŋu?
Aleke gbedodoɖa kpena ɖe mía ŋu míesrɔ̃a ɖokuibɔbɔ?
Mɔ kawo nue mate ŋu aɖee afia le be mebɔbɔa ɖokuinye?