INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb17 August axa 8
  • Srɔ̃ Mawu Ƒe Nɔnɔmewo—Xɔse

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Srɔ̃ Mawu Ƒe Nɔnɔmewo—Xɔse
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Na Míaƒe Xɔse Nadzi Ðe Edzi”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Xɔse—Enye Nɔnɔme Nyui Aɖe Si Nana Míesẽa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Xɔ Yehowa Ƒe Ŋugbedodowo Dzi Se
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Èxɔ Nyanyuia Dzi Se Ŋutɔŋutɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
mwb17 August axa 8

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Srɔ̃ Mawu Ƒe Nɔnɔmewo—Xɔse

NU SI TA WÒLE VEVIE:

  • Míehiã xɔse be míate ŋu adze Mawu ŋu nyuie.—Heb 11:6

  • Ne míexɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi sea, akpe ɖe mía ŋu míado dzi le dodokpɔwo me.—1Pe 1:6, 7

  • Xɔse manɔamesi ate ŋu ahe mí ade nu vɔ̃ me.—Heb 3:12, 13

ALE SI NÀWƆE:

  • Do gbe ɖa nàbia xɔse geɖe.—Lk 11:9, 13; Ga 5:22

  • Xlẽ Mawu ƒe Nyaa eye nàde ŋugble le eŋu.—Ro 10:17; 1Ti 4:15

  • De ha edziedzi kple ame siwo si xɔse le.—Ro 1:11, 12

Atsu kple asi aɖe le nu srɔ̃m tso Biblia me nyagblɔɖi siwo ava eme kpuie la ŋu

Aleke mate ŋu ado ŋusẽ nye kple nye ƒomea ƒe xɔse?

MIKPƆ VIDEO SI NYE TI NU SIWO ANA NÀWƆ NUTEƑE YOME—XƆSE, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu kae nye “xɔse si me alakpa mele o”? (1Ti 1:5)

  • Hafi xɔse sesẽ nasu mía si la, nɔnɔme gbegblẽ kawoe wòle be míatsri?

  • Nu ka tae míahiã xɔse le xaxa gã la me? (Heb 10:39)

BIBLIAMEME SI ŊU MATE ŊU ADE ŊUGBLE LE:

Abraham ɖee fia be yexɔ Yehowa dzi se le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me.—Heb 11:8-10, 17-19.

Bia ɖokuiwò be, ‘Mɔ ka nue mate ŋu asrɔ̃ xɔse si Abraham ɖe fia le?’

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe