INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb18 May axa 8
  • “Nu Si Mawu Bla Ðekae La . . . ”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Nu Si Mawu Bla Ðekae La . . . ”
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • De Bubu “Nu Si Mawu Bla Ðekae La” Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
mwb18 May axa 8
Ŋutsu aɖe kple nyɔnu aɖe lé wo nɔewo ƒe asi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

“Nu Si Mawu Bla Ðekae La . . . ”

Le Mose ƒe Sea me la, wobia tso ame si di be yeagbe srɔ̃a la si be woaŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ nɛ. Esia ana be amewo matsɔ dzitsitsi agbe wo srɔ̃wo o. Ke hã, le Yesu ŋɔli la, subɔsubɔhakplɔlawo na wònɔ bɔbɔe be ame nagbe srɔ̃a. Ŋutsuwo nɔa te ɖe nu sia nu kloe dzi gbea wo srɔ̃wo. (“srɔ̃gbegbalẽ” nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Mr 10:4, 11; “gbe srɔ̃a,” “ewɔ ahasi ɖe nyɔnua ŋu” nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Mr 10:11) Yesu he susu yi nyateƒenya vevi sia dzi be Yehowae ɖo srɔ̃ɖeɖe anyi. (Mr 10:2-12) Srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu azu “ŋutilã ɖeka,” si anɔ anyi ɖaa. Nu si dzi woate ŋu anɔ te ɖo agbe ame srɔ̃ le Ŋɔŋlɔawo nu le Mateo ƒe nuŋlɔɖia me koe nye “ahasiwɔwɔ.”—Mt 19:9.

Egbea, ame geɖe mebua srɔ̃ɖeɖe abe ale si Yesu bunɛ ene o, ke wobunɛ abe Farisitɔwo ene boŋ. Le xexea me egbea la, ne kuxiwo do mo ɖa le srɔ̃ɖeɖe me la, ame geɖe ɖea ta le eme. Gake Kristotɔ srɔ̃tɔwo ya bua woƒe srɔ̃ɖetamkakaa ŋkubiãnyae, eye wodzea agbagba be yewoawɔ ɖe Biblia me mɔfiamewo dzi atsɔ akpɔ kuxiwo gbɔ. Ne miekpɔ video si nye Lɔlɔ̃ Kple Bubudede Ame Nɔewo Ŋu Nana Ƒomewo Wɔa Ðeka vɔ la, miɖo biabia siawo ŋu:

  • Ame aɖe le Biblia xlẽm; srɔ̃ŋutsu aɖe le to ɖom srɔ̃a esi wònɔ nya aɖee gblɔm nɛ; srɔ̃ɖefoto aɖe si vuvu

    Aleke nàte ŋu awɔ ɖe Lododowo 15:1 me nyawo dzi le wò srɔ̃ɖeɖe me, eye nu ka tae esia le vevie?

  • Aleke Lododowo 19:11 akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na kuxiwo?

  • Ne wò srɔ̃ɖeɖe me di be yeagblẽ la, le esi nànɔ ɖokuiwò biam be, ‘Ðe magbe srɔ̃nyea?’ teƒe la, biabia kawo ŋue wòle be nàde ŋugble le?

  • Ne èwɔ ɖe Mateo 7:12 me nyawo dzi la, aleke wòakpe ɖe ŋuwò nanye srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu nyui?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe