INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb18 August axa 3
  • Miɖo Ŋku Lot Srɔ̃ Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Miɖo Ŋku Lot Srɔ̃ Dzi
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðo Ŋku Lot Srɔ̃ Dzi
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Lot Srɔ̃ Kpɔ Megbe
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Menye Ame Dahe Le Gɔmedzedzea Me—Fifia Mezu Kesinɔtɔ Le Gbɔgbɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Mèganɔ “Nu Siwo Le Megbe La Kpɔm” O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
mwb18 August axa 3
Lot srɔ̃ trɔ megbe le Sodom kpɔm eye wòtrɔ zu dzekɔ

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Miɖo Ŋku Lot Srɔ̃ Dzi

Nu ka tae Lot srɔ̃ kpɔ megbe esi wònɔ sisim le Sodom? Biblia megblɔ nu si tae o. (1Mo 19:17, 26) Nya si gblɔm Yesu nɔ hafi ƒo nu tso Lot srɔ̃ ŋu la ɖee fia be anya nɔ nu siwo wògblẽ ɖe megbe la susum. (Lk 17:31, 32) Nu kae ana be Mawu magakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o abe ale si wòdzɔ ɖe Lot srɔ̃ dzi ene? Mele be míana ŋutilãmenuwo didi nanye nu vevitɔ na mí o. (Mt 6:33) Yesu fia nu be míate ŋu “anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o.” (Mt 6:24) Ke ne míeva de dzesii be ŋutilãmenuwo va le vuvum tsyɔ nu siwo le vevie le agbe me dzi ya ɖe? Míate ŋu ado gbe ɖa na Yehowa be wòana nunya mí be míade dzesi nu siwo me wòle be míawɔ asitɔtrɔ le, eye míabia dzideƒo kple nu si ado ŋusẽ mí be míawɔ tɔtrɔa.

MINƆ TE ÐE VIDEO SI NYE MIÐO ŊKU LOT SRƆ̃ DZI SI LE AKPA ETƆ̃ ME LA DZI, EYE MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Ana le dɔ me; Akpenɛ kple Nyruiea; Eɖem kple Akpenɛ wole gbe dom ɖa

    Mɔ ka nue mate ŋu ato nye nuwɔnawo dzi aɖee fia be ‘meɖo ŋku Lot srɔ̃ dzi’?

    Aleke ale si woƒoe ɖe Akpenɛ nu be wòadi ga geɖe la kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe nuŋububu, nuƒoƒo kple nuwɔnawo dzi?

  • Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Lot srɔ̃ ƒe kpɔɖeŋua me egbea?

  • Aleke Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ kpe ɖe Kudzo ƒe ƒomea ŋu?

  • Ŋusẽ kae ame siwo Ana nɔ ha dem kplii le dɔwɔƒe la kpɔ ɖe edzi le gbɔgbɔ me?

  • Nu ka tae wòle be dzi nanɔ mía ƒo ne wole eƒom ɖe mía nu be míati ga yome?

  • Nu kae kpe ɖe Eɖem kple Akpenɛ ŋu be wogatsɔ gbɔgbɔmenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ?

  • Biblia ƒe mɔfiame kawo dzie video sia te gbe ɖo?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe