NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 3 MOSE 1-3
Taɖodzinu Si Le Nunanawo Ŋu
Nunana alo vɔsa siwo wobia tso Israel-viwo si le Se ƒe nubablaa te la dzea Yehowa ŋu, eye wonye vɔvɔli na Yesu ƒe tafevɔsa alo viɖe siwo míakpɔ tso vɔsa ma me.—Heb 8:3-5; 9:9; 10:5-10.
Abe ale si ko wòle be lã siwo katã woatsɔ asa vɔe la nasɔ blibo eye kpɔtsɔtsɔ aɖeke manɔ wo ŋu o ene la, nenema kee Yesu tsɔ eƒe ŋutilã si deblibo eye kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele eŋu o la sa vɔe.—1Pe 1:18, 19
Abe ale si ko wotsɔa nu siwo woatsɔ asa numevɔ la katã nana Mawu ene la, nenema kee Yesu hã tsɔ eɖokui na Yehowa bliboe
Abe ale si ko ame siwo sa ŋutifafavɔ si dze Mawu ŋu la nɔa ŋutifafa me kplii ene la, nenema kee amesiamina siwo ɖua Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu la hã le ŋutifafa me kple Mawu