INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb21 May axa 7
  • Tohehe Nye Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ɖeɖefia

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tohehe Nye Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ɖeɖefia
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Taɖodzinu si Le Amehehe Ŋu Gɔmesese
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Amehehe—Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ɖeɖefia Ye Wònye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Aleke Wòle Be Nàhe Viwòwoe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • ‘Ðo To Amehehe, Ne Nàdze Nunya’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
mwb21 May axa 7
Dzila aɖewo tɔ ɖe xɔmɔ nu le avi fam esime wokpɔ wo viŋutsu si gbe dzimetɔtrɔa wòle ʋuʋum dzo le aƒea me.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Tohehe Nye Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ɖeɖefia

Nu si tohehe fia koŋue nye amehehe, gake ebia hã be woaɖɔ ame ɖo alo agbe nya na ame. Yehowa hea to na mí ale be míate ŋu asubɔe le mɔ nyuitɔ nu. (Ro 12:1; Heb 12:10, 11) Tohehe te ŋu vena ɣeaɖewoɣi, gake ekpena ɖe ame ŋu wòwɔa nu si dzea Mawu ŋu eye Mawu yranɛ. (Lod 10:7) Nu kae wòle be wòanɔ susu me na ame si le to hem na ame kple ame si wole to hem na siaa?

Ame si le to hem na ame. Hamemetsitsiwo, mía dzilawo, kple ame bubuwo dzea agbagba be yewoahe to na mí le lɔlɔ̃ kple tufafa me abe ale si Yehowa wɔnɛ ene. (Yr 46:28) Ne ehiã be woahe to na ame vevie hã, ele be woawɔe le lɔlɔ̃ me eye wòasɔ ɖe nɔnɔmea nu.—Tit 1:13.

Ame si wole to hem na. Mɔ ka ke dzie woto ɖɔ mí ɖo o, ele be míaxɔe kple dzi faa awɔ tɔtrɔwo enumake. (Lod 3:11, 12) Esi mí katã míede blibo o taa, míehiã ɖɔɖɔɖo; eye ate ŋu ava le mɔ vovovo nu. Nane si míexlẽ le Biblia me alo se le hamea ƒe kpekpewo me ate ŋu aɖɔ mí ɖo. Eva hiãna ɣeaɖewoɣi be ʋɔnudrɔ̃kɔmiti nahe to na ame aɖewo. Ne míelɔ̃na xɔa ɖɔɖɔɖoa, ana míava kpɔ agbe mavɔ.—Lod 10:17.

MIKPƆ VIDEO SI NYE “AME SI YEHOWA LƆ̃NA LA, EYAE WÒHEA TO NA,” EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Foto si tso video si nye ‘Ame Si Yehowa Lɔ̃na La, Eyae Wòhea To Na’ me. Canon ƒe ɖevime: Eya kple edzilawo le gbea dzi.

    Aleke Canon ƒe ɖevime nɔ, eye aleke nuwo va trɔe?

  • Foto si tso video si nye ‘Ame Si Yehowa Lɔ̃na La, Eyae Wòhea To Na’ me. Canon ƒe ɖekakpui me: Hamemetsitsiwo kpe kplii.

    Aleke Yehowa he to nɛ lɔlɔ̃tɔe?

  • Foto si tso video si nye ‘Ame Si Yehowa Lɔ̃na La, Eyae Wòhea To Na’ me. Canon ƒe tsitsime: Eya kple ɖevi aɖewo le dze ɖom le hamea ƒe kpekpe aɖe me.

    Lɔ̃ faa Yehowa naɖɔ wò ɖo

    Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe nuteƒekpɔkpɔa me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe