INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb23 January axa 9
  • Yehowa Kpena Ðe Mía Ŋu Ne Míele Nɔnɔme Sesẽwo Me Tom

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Kpena Ðe Mía Ŋu Ne Míele Nɔnɔme Sesẽwo Me Tom
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðo Ŋku Edzi Be Yehowa Ye Nye “Mawu Gbagbe La”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Yehowa Megblẽ Mí Ði O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Ale Si Yehowa Le Kpekpem Ðe Mía Ŋu Be Míado Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
mwb23 January axa 9
Dzilawo kple wo vi sue eve le dze ɖom kple woƒe hamea me tɔwo to videokadodo dzi.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Yehowa Kpena Ðe Mía Ŋu Ne Míele Nɔnɔme Sesẽwo Me Tom

Míele nɔnɔme sesẽ geɖe me tom le ŋkeke mamlɛ siawo me. Ɣeaɖewoɣia, míate ŋu ase le mía ɖokui me be míaƒe kuxiwo wu tsɔtsɔ na mí. Gake ne míeyi edzi te ɖe Yehowa ŋua, akpe ɖe mía ŋu míado dzi le kuxi siwo gbãa dzi na mí gɔ̃ hã me. (Yes 43:2, 4) Aleke míate ŋu ate ɖe Yehowa ŋu ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom?

Gbedodoɖa. Ne míegblɔ míaƒe dzimenyawo na Yehowa la, enaa ŋutifafa kple dzidzeme mí ale be míate ŋu ado dzi.—Flp 4:6, 7; 1Te 5:17.

Kpekpeawo. Le kpekpeawo mea, Yehowa naa gbɔgbɔmenuɖuɖu mí eye míedea ha kple mía nɔviwo. Míehiã na nu siawo fifia wu tsã. (Heb 10:24, 25) Ne míedea kpekpeawo, míedzrana ɖo ɖe eŋu, eye míekpɔa gome le emea, kpekpeɖeŋu si Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe nanaa aɖe vi na mí bliboe.—Nyɖ 2:29.

Gbeadzisubɔsubɔdɔa. Anɔ bɔbɔe na mí be míatsɔ susu aɖo nu siwo tua ame ɖo ŋu ne míedzea agbagba be míawɔ geɖe le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ale si míate ŋui. Ewɔnɛ hã be míedoa ŋusẽ xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo si le mía kple Yehowa kpakple mía nɔviwo, siwo nye míaƒe hadɔwɔlawoa dome.—1Ko 3:5-10.

MIKPƆ VIDEO SI NYE YEHOWA AXƆ WÒ, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu kae kpe ɖe Malu ŋu be eya kple Yehowa dome nɔ kplikplikpli esime wònɔ nɔnɔme sesẽwo me tom?

  • Abe ale si wònɔ le Malu gome enea, aleke Psalmo 34:18 me nyawo ate ŋu afa akɔ na mí le xaxaɣiwo?

  • Aleke nu siwo me Malu toa ɖee fia be Yehowa naa “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” mí ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom?—2Ko 4:7

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe