INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb23 January axa 11
  • Dze Agbagba Nànya Mawu Ƒe Susu Le Nuwo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dze Agbagba Nànya Mawu Ƒe Susu Le Nuwo Ŋu
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wò Nyametsotsowo Neɖee Fia Be Èɖoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Na Wò Nyametsotsowo Nadze Yehowa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Biblia Xexlẽ Gbe Sia Gbe Ana Míake Ðe Nunya Vavãtɔ Ŋu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Dzilawo​—Mifia Mia Viwo Ale Si Woana Mawu Nakpɔ Dzidzɔ
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
mwb23 January axa 11
Woɖe fotoa tso video sia me: “Ele Be ‘Míatsɔ Dzidodo Anɔ Duɖimekekea Dzi’—Ðu Nu Siwo Me Nunyiame Le.” Rebekah le agbalẽ gbadza si nye “The Origin of Life—Five Questions Worth Asking” zãm tsɔ le nu me kum.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Dze Agbagba Nànya Mawu Ƒe Susu Le Nuwo Ŋu

Míedi be míadze Yehowa ŋu le nu sia nu si míewɔna me. (Lod 27:11) Hafi míate ŋu awɔ esiaa, ele be míaƒe nyametsotsowo nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe susu le nuwo ŋu ne sedede tẽe aɖeke meli si afia mɔ mí o hã. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia?

Wɔ ɖoɖo nànɔ Biblia srɔ̃m edziedzi. Ɣesiaɣi si míexlẽ Biblia la, ɖeko wòle abe Yehowa le dze ɖom kpli mí ene. Míate ŋu anya ale si Yehowa bua nuwo ŋu ne míesrɔ̃a nu tso ale si wòwɔ nu ɖe eƒe amewo ŋua ŋu eye míedea ŋugble le ame siwo wɔ nu nyui alo nu vɔ̃ le eŋkumea ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu. Ne eva hiã be míatso nya me le nane ŋua, gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo ŋku nufiame veviwo kple gɔmeɖose siwo míesrɔ̃ le Mawu ƒe Nyaa mea dzi.—Yh 14:26.

Ku nu me. Ne eva hiã be nàtso nya me le nane ŋua, bia ɖokuiwò be, ‘Mawunyakpukpui alo Biblia me ŋutinya kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋunye manya ale si Yehowa sena le eɖokui me tso nyaa ŋu?’ Do gbe ɖa nàbia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò, eye nàzã habɔbɔa ƒe numekugbalẽ siwo le mia degbe me atsɔ adi Biblia ƒe gɔmeɖose siwo ku ɖe nɔnɔme si me nèlea ŋu eye nàwɔ wo dzi.—Ps 25:4.

MIKPƆ VIDEO SI NYE ELE BE ‘MÍATSƆ DZIDODO ANƆ DUÐIMEKEKEA DZI’—ÐU NU SIWO ME NUNYIAME LE, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Le videoa mea, aleke woƒo nya ɖe nɔvinyɔnu sɔhɛa nu?

  • Aleke nàte ŋu awɔ dɔwɔnu siwo míetsɔ kua nu mea ŋu dɔ ne èdo go nyaƒoɖeamenu siawo tɔgbi?

  • Ne míegbɔ dzi ɖi ku nu me eye míewɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ ale be míatso nya me nyuiea, aleke wòɖea vi na mí?—Heb 5:13, 14

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe