INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb23 September axa 16
  • Zã JW.ORG Ƒe Gɔmedzeƒea Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Zã JW.ORG Ƒe Gɔmedzeƒea Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Te Esia Kpɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Èbu Nya Siawo Ŋu Kpɔa?
    Nyɔ!—2019
  • Te Esia Kpɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • “Nu Yeye Kurae Wònye!”
    Nyɔ!—2016
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
mwb23 September axa 16
JW.ORG gɔmedzeƒea ƒe fotowo; nyati vovovowo le dzedzem le afi ma le gbegbɔgblɔ vovovowo me.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Zã JW.ORG Ƒe Gɔmedzeƒea Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me

Wotrɔ asi le nyati kple video siwo le míaƒe nyatakakadzraɖoƒea ƒe gɔmedzeƒe ŋu be wòado dzidzɔ na ame siwo le nyateƒea dim. (Dw 13:48) Zi geɖea, wokuna ɖe nu siwo dzɔdzɔm le xexea me alo nu siwo xɔ susu me na amewo eye wole nu ƒom tso wo ŋua ŋu.

Aleke nàte ŋu azã jw.org ƒe gɔmedzeƒea le gbeƒãɖeɖedɔa me?

  • Nɔ nyatakakadzraɖoƒea yim edziedzi. De dzesi nyati siwo le gɔmedzeƒea ƒe akpa si nye nu siwo wodo bobloe eye nàkpɔe ɖa be aleke yeate ŋu azã nyati mawo atsɔ akpe ɖe ɖetsɔlemetɔ aɖe ŋu hã. (Be nàke ɖe nu siwo wodo bobloe va yi le gɔmedzeƒea ŋua, te asi ɖe “Kpɔ Bubuwo” dzi.) Ne ènya nyati yeye siwo le nyatakakadzraɖoƒea, dzeɖonya yeyewo anɔ asiwò ɣesiaɣi.

  • Zã nyati kple video siwo wodo bobloe le gɔmedzeƒea nàtsɔ adze dzeɖoɖo gɔme. Nyati kple video siawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nu siwo xɔ susu me na amewo.

  • Tsɔ gɔmedzeƒea fia amewo. Ƒo nu tso nyati vovovowo ŋu na amea, eye nàfiae ale si wòawɔ ake ɖe nu siwo le nyatakakadzraɖoƒea ŋu.

  • Ðo nyati alo video aɖe ƒe link ɖe amewo. Ame aɖewo medina be míaɖo dze kple yewo ŋkume-kple-ŋkume o, gake wolɔ̃na be yewoayi míaƒe nyatakakadzraɖoƒea. Ta dze agbagba nàɖo nyatakakadzraɖoƒea ƒe link alo nyati alo video aɖe si wodo bobloe le afi ma ƒe link ɖe amewo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe