Ŋgɔdonya
Ðe wòwɔ na wò kpɔ be ne yedo gbe ɖa na Mawu la, mesenɛ oa? Ne èse le ɖokuiwò me alea kpɔ la, ke menye wò ɖeka koe o. Ame geɖe do gbe ɖa na Mawu tso kuxi aɖewo ŋu kpɔ, gake kuxiawo gakpɔtɔ li. Le nyati siwo gbɔna me la, míakpɔ nu siwo tae míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu sea míaƒe gbedodoɖawo, nu siwo tae Mawu meɖoa gbedodoɖa aɖewo ŋu o, kple ale si nàdo gbe ɖa be Mawu nasee.