INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp24 No. 1 axa 14-15
  • Nyui Kple Vɔ̃: Tiatia Vevi Si Dze Ŋgɔ Wò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyui Kple Vɔ̃: Tiatia Vevi Si Dze Ŋgɔ Wò
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2024
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nya Siwo Biblia Gblɔ Ku Ðe Nyui Kple Vɔ̃ Ŋu Gale Vevie Egbea?
    Nyati Bubuwo
  • Yehowa Ƒe Amewo Lɔ̃ Dzɔdzɔenyenye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Ameka ƒe Dzidzenuwo Dzie Nàte Ŋu Aka Ðo?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Nyui Kple Vɔ̃: Míate Ŋu Aka Ðe Nya Si Biblia Gblɔ Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2024
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2024
wp24 No. 1 axa 14-15
Ðekakpui si ƒe foto míekpɔ le nyati siwo do ŋgɔ me la va ɖo to la tame; ele adzɔge kpɔm ɖaa hele dzidzɔ kpɔm.

Nyui Kple Vɔ̃: Tiatia Vevi Si Dze Ŋgɔ Wò

Tiatia siwo míewɔna le nyui kple vɔ̃ ŋu la kpɔa ŋusẽ ɖe ale si nuwo ava yi na mí le agbe me dzi. Yehowa Mawu nya esia. Esia tae wòdi be míanɔ agbe ɖe yeƒe nudidiwo nu.

Yehowa di be míanɔ agbe le dzidzɔ kple ŋutifafa me.

“Nye Yehowae nye wò Mawu, nyee nye ame si fiaa nu wò be wòaɖe vi na wò, Ame si kplɔa wò toa mɔ si dzi wòle be nàto. Ne ɖe nàɖo to nye sededewo ɖe! Anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.”—Yesaya 48:​17, 18.

Esi Mawue wɔ mí ta la, enya ale si wòle be míanɔ agbe be eme nanyo na mí. Edi be míawɔ yeƒe mɔfiamewo dzi elabe esia aɖe vi na mí. Ne míewɔ ɖe Mawu ƒe sewo dzi la, mahiã be míavɔ̃ be ɖewohĩ nuwo mava yi nyuie o. Míenya be emae nye tiatia nyuitɔ si wòle be míawɔ ɣesiaɣi, elabe ana míakpɔ dzidzɔ kple ŋutifafa.

Yehowa mebiaa nu si míate ŋu awɔ o la tso mía si o.

“Se sia, si dem mele na wò egbea mesesẽ na wò akpa o, eye mele didiƒe hã tso gbɔwò o.”—5 Mose 30:11.

Agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu ate ŋu abia be míatrɔ míaƒe nuŋububu kple nuwɔna aɖewo. Gake Yehowa mele nu geɖe akpa biam tso mía si o. Eyae nye mía Wɔla, eye enya míaƒe ŋutetewo nyuie. Ne míeva nya Yehowa la, míava kpɔe be “eƒe seawo menye agba o.”—1 Yohanes 5:3.

Yehowa Ðasefo eve le Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa zãm tsɔ le Biblia srɔ̃m kple nyɔnu aɖe.

Yehowa do ŋugbe be yeakpe ɖe ame siwo tiae be yewoawɔ ɖe eƒe nudidiwo dzi la ŋu.

“Nye, Yehowa wò Mawu, melé wò nuɖusi ɖe asi, nye ame si le gbɔgblɔm na wò be: ‘Mègavɔ̃ o. Makpe ɖe ŋuwò.’”—Yesaya 41:13.

Míate ŋu anɔ agbe ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu elabe akpe ɖe mía ŋu. Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu to Eƒe Nya, Biblia, si dea dzi ƒo na mí henaa mɔkpɔkpɔ mí la dzi.

Ame miliɔn geɖewo le xexea me godoo kpɔe be Biblia ƒe nudidiwo dzi wɔwɔ na yewoƒe agbe va nyo ɖe edzi. Ðe manyo be nàsrɔ̃ nu geɖe tso aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le Biblia me ŋu oa? Agbalẽ gbadza si wotu ɖe Biblia dzi, si ƒe tanyae nye Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia. Àkpɔe le jw.org; womele edzram o. Nyati siwo le emee nye:

  • Aleke Biblia Sɔsrɔ̃ Aɖe Vi Na Wòe?

  • Biblia Nana Míekpɔa Mɔ Na Etsɔme Nyui Aɖe

  • Ðe Nàte Ŋu Aka Ðe Biblia Dzia?

Ne èku Mawu ƒe Nya, Biblia me tsitotsito la, àva kpɔe be emenyawo gaɖea vi egbea; ɛ̃, “woate ŋu aɖo ŋu ɖe wo ŋu ɖaa tegbee.” (Psalmo 111:8) Mɔ nyuitɔ si nu míanɔ agbe ɖoe nye be míawɔ Biblia ƒe nudidiwo dzi. Gake Mawu mazi mía dzi be míawɔ esia o. (5 Mose 30:​19, 20; Yosua 24:15) Enye tiatia si dze ŋgɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe