NUSƆSRƆ̃NYATI 14
HADZIDZI 56 Wɔ Nyateƒea Tɔwòe
‘Yi Ŋgɔ Nàɖo Tsitsinyenye Gbɔ’
“Mina míayi ŋgɔ aɖo tsitsinyenye gbɔ.”—HEB. 6:1.
TAÐODZINUA
Míakpɔ ale si Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me bua nuwo ŋu eye wòwɔa nu ale si Mawu dii. Azɔ hã míakpɔ ale si eƒe tsitsi le gbɔgbɔ me kpena ɖe eŋu wòtsoa nya me nyuie.
1. Nu kae Yehowa di tso mía si?
NANE si doa dzidzɔ na atsu kple asi vevie ye nye ne wodzi vi si le lãmesẽ me. Togbɔ be wolɔ̃ vidzĩa hã la, womadi be wòakpɔtɔ anye vidzĩ ɖaa o. Le nyateƒe me la, woatsi dzi vevie ne ɖevia mele tsitsim o. Nenema kee wòdzɔa dzi na Yehowa ne míeɖe afɔ va zu Yesu yomedzelawo, gake madi be wòase ɖe afi ma o. (1 Kor. 3:1) Edi be míazu Kristotɔ “siwo tsi bliboe.”—1 Kor. 14:20.
2. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?
2 Nu kae wòfia be Kristotɔ natsi bliboe? Aleke Kristotɔ awɔ aɖo tsitsinyenye gbɔ? Aleke gbɔgbɔmenuɖuɖu sesẽ akpe ɖe Kristotɔ ŋu wòatsi? Eye nu ka tae mele be míaka ɖe mía ɖokui dzi fũu akpa o? Míaɖo biabia vevi siawo ŋu le nyati sia me.
NU KAE WÒFIA BE KRISTOTƆ NATSI BLIBOE?
3. Nu kae wòfia be Kristotɔ natsi bliboe?
3 Le Biblia me la, Helagbe me nya si gɔme woɖe be “tsi bliboe” agate ŋu afia “nu si tsi” alo “de.”a (1 Kor. 2:6) Ale si ko ɖevi tsina vivivi va zua ame tsitsi la, nenemae wòle be míawo hã míayi edzi anɔ tsitsim le gbɔgbɔ me. Ne míewɔe alea la, míava zu Kristotɔ siwo tsi bliboe. Ne míeva zu Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me hã la, ele be míayi edzi anɔ tsitsim ɖaa. (1 Tim. 4:15) Mí katã, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, míate ŋu ayi ŋgɔ azu Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me. Gake nu kae aɖee afia be Kristotɔ aɖe tsi le gbɔgbɔ me?
4. Aleke nàɖɔ Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ mee?
4 Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me wɔa Mawu ƒe nudidiwo katã dzi; mewɔa ɖewo dzi gbea ɖewo ya dzi wɔwɔ o. Esi mede blibo o ta la, ada vo aɖewo ya. Gake gbe sia gbe la, edzea agbagba be yeabu nuwo ŋu awɔ nuwo abe ale si Mawu dii ene. Edoa amenyenye yeyea, eye wòdzea agbagba be yeanɔ nuwo ŋu bum abe ale si Mawu bunɛ ene. (Ef. 4:22-24) Enaa hehe eɖokui ale be wòate ŋu azã Yehowa ƒe sewo kple gɔmeɖosewo atso nya me nyuie, eya ta mehiã na se gbogbowo o. Ne etso nya me la, ekua kutri wɔna ɖe edzi.—1 Kor. 9:26, 27.
5. Nu kae ate ŋu adzɔ ɖe Kristotɔ si metsi le gbɔgbɔ me o dzi? (Efesotɔwo 4:14, 15)
5 Gake ele bɔbɔe be Kristotɔ si kpɔtɔ nye vidzĩ eye wògbe tsitsi le gbɔgbɔ me ya naxɔ “amewo ƒe beble” kple “amefuflu ayetɔe” dzi ase. Nenema kee wòle bɔbɔe be wòaxɔ xɔsegbelawo ƒe alakpanyawo kple amewo ƒe wobewobewo dzi ase.b (Xlẽ Efesotɔwo 4:14, 15.) Azɔ hã, ate ŋu ava nɔ ŋu ʋãm amewo, anɔ mama dem amewo me, alo wòanɔ dziku dom kabakaba, eye ne wotee kpɔ la, ate ŋu awɔ nu gbegblẽ bɔbɔe.—1 Kor. 3:3.
6. Kpɔɖeŋu kae míate ŋu awɔ atsɔ aɖɔ ale si Kristotɔ tsina le gbɔgbɔ mee? (Kpɔ fotoawo hã.)
6 Abe ale si míegblɔe do ŋgɔ ene la, Ŋɔŋlɔawo tsɔ ale si ame tsina le gbɔgbɔ me sɔ kple ale si míetsina le ŋutilã me. Ðeviwo menya nu geɖe o, eya ta ehiã be ame tsitsi ƒe ŋku nanɔ wo ŋu eye wòafia mɔ wo. Le kpɔɖeŋu me, ahiã be vidada nalé via ƒe asi akplɔe atso ʋumɔ me. Ne ɖevia le tsitsim la, vidadaa ate ŋu aɖe mɔ nɛ be eya ɖeka natso mɔa me, gake aɖo ŋku edzi nɛ be wòakpɔ ɖusi kple miame nyuie hafi atso mɔa me. Ne ɖevia va zu ame tsitsi la, eya ŋutɔ nya nu si wòawɔ ne ele mɔ me tsom ale be wòanɔ dedie. Ale si ko ɖeviwo hiã ame tsitsiwo ƒe kpekpeɖeŋu be woaƒo asa na afɔkuwo la, nenema kee Kristotɔ siwo metsi le gbɔgbɔ me o hã hiã Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me ƒe kpekpeɖeŋu be woaƒo asa na afɔkuwo eye woatso nya me nyuie. Ne Kristotɔ va tsi le gbɔgbɔ mea, eya ŋutɔ dea ŋugble le Biblia me gɔmeɖosewo ŋu be yeanya Yehowa ƒe susu le nyaa ŋu hafi atso nya me.
Ehiã be Kristotɔ siwo mekpɔ nuteƒe o nasrɔ̃ ale si woazã Biblia me mɔfiamewo atso nya me nyuie (Kpɔ memama 6)
7. Ðe Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me hiã ame bubuwo ƒe kpekpeɖeŋua?
7 Ðe esia fia be Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me ya mehiã ame aɖeke ƒe kpekpeɖeŋu oa? Mefia nenema o. Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me hã hiã kpekpeɖeŋu ɣeaɖewoɣi. Gake Kristotɔ si metsi le gbɔgbɔ me o ya anɔ mɔ kpɔm be amewo nagblɔ nu si yeawɔ la na ye alo be woatso nya me na ye gɔ̃ hã. Togbɔ be Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me abia Kristotɔ tsitsi bubuwo ƒe susu hã la, eɖoa ŋku edzi be Yehowa di tso ye si be ‘ye ŋutɔ yeatsɔ yeƒe agba.’—Gal. 6:5.
8. Nu ka tae Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me ƒe nyametsotsowo ate ŋu ato vovo na wo nɔewo tɔ?
8 Ale si ko ame tsitsiwo ƒe dzedzeme le vovovo la, nenema kee ale si Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me ɖea mawumenɔnɔmewo fiana hã le vovovo. Le kpɔɖeŋu me, ale si woɖea nɔnɔmewo abe nunya, dzinɔameƒo, dɔmenyonyo kple veveseseɖeamenu fianae la le vovovo. Ne Kristotɔ eve siwo tsi le gbɔgbɔ me do go nɔnɔme ɖeka ma tɔgbi la, nu si wo dometɔ ɖe sia ɖe atia be yeawɔ ate ŋu ato vovo gake wòasɔ le Ŋɔŋlɔawo nu. Nyametsotsoawo tea ŋu toa vovo le woƒe dzitsinyawo ta. Esi esia le nyanya na wo ta la, womedrɔ̃a ʋɔnu wo nɔewo le vovototoawo ta o. Ke boŋ woƒe susu nɔa nu siwo ana woawɔ ɖeka ŋu.—Rom. 14:10; 1 Kor. 1:10.
ALEKE KRISTOTƆ AWƆ AÐO TSITSINYENYE GBƆ?
9. Ðe ame tsina le gbɔgbɔ me naneke mawɔmawɔea? Ðe eme.
9 Ne ƒeawo va le yiyim la, míetsina le ŋutilã me, gake menye ɣesiaɣie wònɔa alea le gbɔgbɔ me ya gome o. Le kpɔɖeŋu me, nɔvi siwo nɔ Korinto la xɔ nya nyuia, woxɔ nyɔnyrɔ, woxɔ gbɔgbɔ kɔkɔea, eye wosrɔ̃ nu geɖe tso apostolo Paulo gbɔ. (Dɔw. 18:8-11) Gake ƒe aɖewo le woƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe gɔ̃ hã la, wo dometɔ geɖe kpɔtɔ nye vidzĩwo le gbɔgbɔ me. (1 Kor. 3:2) Nu kae míawɔ be nu sia nagadzɔ ɖe mía dzi o?
10. Nu kae míawɔ be míate ŋu aɖo tsitsinyenye gbɔ? (Yuda 20)
10 Ne míedi be míatsi le gbɔgbɔ me la, ke ele be míana didia nanɔ mía me. Ame siwo ‘medi be yewoanya nu o’ eye wodi be yewoakpɔtɔ anye gbɔgbɔmevidzĩwo la mayi ŋgɔ gbeɖe o. (Lod. 1:22) Mímadi be míanɔ abe ame siwo tsi gake wodi be yewo dzilawo natso nya me na yewo la ene o. Ke boŋ ele be míaɖoe mía ɖokui dzi be míayi ŋgɔ atsi le gbɔgbɔ me. (Xlẽ Yuda 20.) Ne èle agbagba dzem be yeatsi le gbɔgbɔ me la, ke do gbe ɖa na Yehowa be wòana ‘didia kple ŋusẽa’ wò.—Flp. 2:13.
11. Nu kawoe Yehowa na mí be wòakpe ɖe mía ŋu míatsi le gbɔgbɔ me? (Efesotɔwo 4:11-13)
11 Yehowa nya be míehiã kpekpeɖeŋu be míate ŋu aɖo tsitsinyenye gbɔ. Eya ta ena alẽkplɔlawo kple nufialawo mí le Kristo hamea me be woakpe ɖe mía ŋu mía kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli ale be míate ŋu aɖo “tsitsime blibo si gbɔ Kristo ɖo la gbɔ.” (Xlẽ Efesotɔwo 4:11-13.) Yehowa na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea hã mí be wòakpe ɖe mía ŋu be “Kristo ƒe tamesusu” nasu mía si. (1 Kor. 2:14-16) Azɔ hã, Mawu na woŋlɔ Nyanyuigbalẽ eneawo be woana míakpɔ ale si Yesu ƒo nu, ale si wòbu nuwo ŋu kple ale si wòwɔ nui le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa me. Ne èsrɔ̃ Yesu la, ke àte ŋu aɖo Kristotɔwo ƒe tsitsinyenye gbɔ.
AKPA SI GBƆGBƆMENUÐUÐU SESẼ WƆNA
12. “Kristo la ŋuti gɔmedzenufiafiawo” dometɔ aɖewoe nye kawo?
12 Hafi Kristotɔ nate ŋu atsi le gbɔgbɔ me la, ele be wòanya nu geɖe wu “Kristo la ŋuti gɔmedzenufiafiawo” ko. Gɔmedzenufiafia mawo ƒe ɖewoe nye dzimetɔtrɔ, xɔse, nyɔnyrɔxɔxɔ kple ame kukuwo ƒe tsitretsitsi. (Heb. 6:1, 2) Kristotɔ vavãwo katã xɔ nufiafia siawo dzi se. Ema tae apostolo Petro ƒo nu tso nu siawo ŋu esi wònɔ gbeƒã ɖem na amewo le Pentekoste ŋkekea dzi. (Dɔw. 2:32-35, 38) Ele be ame nalɔ̃ ɖe nufiafia siawo dzi hafi wòate ŋu ava zu Kristotɔ. Paulo gblɔ be ame sia ame si maxɔ tsitretsitsia dzi ase o la, egbe Kristotɔwo ƒe xɔse bliboa. (1 Kor. 15:12-14) Ehiã be míagasrɔ̃ nu bubuwo akpe ɖe gɔmedzenufiafia siawo ŋu.
13. Nu kae míawɔ be gbɔgbɔmenuɖuɖu sesẽ siwo woyɔ le Hebritɔwo 5:14 la naɖe vi na mí? (Kpɔ fotoa hã.)
13 To vovo na gɔmedzenufiafiawo la, míehiã gbɔgbɔmenuɖuɖu sesẽ. Eƒe ɖewoe nye Yehowa ƒe se kple gɔmeɖose siwo akpe ɖe mía ŋu míase eƒe susuwo gɔme. Be wòaɖe vi na mí la, ele be míasrɔ̃ Mawu ƒe Nyaa, ade ŋugble le eŋu, eye míawɔ ɖe nu siwo míesrɔ̃ dzi. Ne míewɔe alea la, ke míele hehe nam mía ɖokuiwo be míate ŋu atso nya me wòadze Yehowa ŋu.c—Xlẽ Hebritɔwo 5:14.
Gbɔgbɔmenuɖuɖu sesẽwo fiaa mí ale si míatso nya me wòadze Yehowa ŋu (Kpɔ memama 13)d
14. Aleke Paulo kpe ɖe Korinto nɔviawo ŋu be woatsi le gbɔgbɔ me?
14 Zi geɖe la, esesẽna na Kristotɔ siwo metsi le gbɔgbɔ me o be woawɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu dɔ atso nya me. Eye ne Biblia mede se aɖeke tẽe tso nya aɖe ŋu o la, ame aɖewo susunɛ be yewoate ŋu awɔ nu si dze yewo ŋutɔwo ŋu. Ame aɖewo hã di be woawɔ se na yewo ne se mehiã o gɔ̃ hã. Nu ma tɔgbie dzɔ ɖe Kristotɔ siwo nɔ Korinto dzi. Wobia tso Paulo si be wòawɔ se na yewo ku ɖe nu si wotsɔ sa vɔ na trɔ̃wo ɖuɖu ŋu. Paulo megblɔ nu si wòle be woawɔ la na wo o, ke boŋ ena wonya be ele be woawɔ woƒe dzitsinya ŋu dɔ eye be “tiatiawɔblɔɖe” le wo dometɔ ɖe sia ɖe si. Egblɔ Biblia me gɔmeɖose si akpe ɖe wo ŋu woatso nya me nyuie be dzitsinya nyui nakpɔtɔ anɔ wo si eye woƒe nyametsotsoa nagaɖia amewo nu o. (1 Kor. 8:4, 7-9) Paulo to esia dzi nɔ kpekpem ɖe Korinto nɔviawo ŋu be woatsi le gbɔgbɔ me ale be woate ŋu azã woƒe nugɔmeseseŋutetewo atso nya me na wo ɖokuiwo, tsɔ wu be woanɔ mɔ kpɔm be ame bubu natso nya me na yewo alo awɔ sewo na yewo.
15. Aleke Paulo kpe ɖe Hebri Kristotɔwo ŋu wotsi le gbɔgbɔ me?
15 Míesrɔ̃ nu vevi aɖe tso agbalẽ si Paulo ŋlɔ na Hebri Kristotɔwo la me. Wo dometɔ aɖewo megava nɔ ƒomedodo si le wo kple Yehowa domea tum ɖo o. Le nyateƒe me la, ‘wogatrɔ zu ame siwo hiã notsi, ke menye gbɔgbɔmenuɖuɖu sesẽ o.’ (Heb. 5:12) Womeyi edzi nɔ tɔtrɔm ɖe nyateƒenya yeye siwo Yehowa nɔ wo fiam to hamea dzi la ŋu o. (Lod. 4:18) Le kpɔɖeŋu me, Kristo ƒe tafevɔsaa te fli ɖe Mose ƒe Sea me ƒe 30 aɖewoe nye ema, gake Yudatɔ mawo dometɔ geɖe gakpɔtɔ nɔ Mose ƒe Sea dom ɖe ŋgɔ. (Rom. 10:4; Tito 1:10) Ƒe 30 sɔŋ va yi, eya ta ɖe wòle be Yudatɔ Kristotɔwo nase egɔme be Mose ƒe Sea megale dɔ wɔm o hafi! Ame sia ame si axlẽ agbalẽ si gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ na Hebritɔwo la alɔ̃ ɖe edzi be gbɔgbɔmenuɖuɖu sesẽwoe le eme. Emenyawo nye nu si tututu Kristotɔ mawo hiã be wòado ŋusẽ woƒe xɔse eye woakpɔe be ɖoɖo yeye si dzi woto le Mawu subɔm la de ŋgɔ sãsãsã wu, eye wòana dzi naɖo wo ƒo woayi edzi aɖe gbeƒã togbɔ be Yudatɔwo nɔ wo yome tim hã.—Heb. 10:19-23.
MÈGAKA ÐE ÐOKUIWÒ DZI AKPA O
16. Ne míele agbagba dzem be míaɖo ta tsitsinyenye gbɔ la, nu ka hãe wòle be míawɔ?
16 Ele be míaʋli vevie aɖo ta tsitsinyenye gbɔ eye míayi edzi anɔ tsitsim ɖaa. Esia abia be míagaka ɖe mía ɖokui dzi fũu akpa o. (1 Kor. 10:12) Ele be míanɔ mía “ɖokui dom kpɔ” ale be míate ŋu aka ɖe edzi be míekpɔtɔ le ŋgɔ yim le nyateƒea me.—2 Kor. 13:5.
17. Aleke lɛta si Paulo ŋlɔ na Kolosetɔwo ɖee fia be ehiã be míayi edzi anɔ tsitsim?
17 Le lɛta si Paulo ŋlɔ na Kolosetɔwo hã me la, ete gbe ɖe edzi be ehiã vevie be woayi edzi anɔ tsitsim le gbɔgbɔ me. Togbɔ be wova zu Kristotɔ siwo tsi bliboe hã la, Paulo xlɔ̃ nu wo be woakpɔ nyuie be xexea ƒe nuŋububu nagakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o. (Kol. 2:6-10) Epafra hã nya nɔviawo nyuie le hamea me eye wòdoa gbe ɖa ɖe wo ta ɣesiaɣi be ‘mlɔeba la, woasu te bliboe,’ si fia be woatsi keŋkeŋ. (Kol. 4:12) Nufiamea ye nye ka? Eyae nye be Paulo kple Epafra siaa se egɔme be hafi nɔviawo nayi edzi anɔ tsitsim la, wohiã Mawu ƒe kpekpeɖeŋu. Gake ehiã be nɔviawo naku kutri vevie be wo kple Mawu dome nanɔ nyonyom ɖe edzi. Woƒe didie nye be nɔvi siwo nɔ Kolose nayi edzi anɔ tsitsim bliboe, togbɔ be woato nɔnɔme sesẽwo me hã.
18. Nu kae ate ŋu adzɔ ɖe Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me dzi? (Kpɔ fotoa hã.)
18 Paulo xlɔ̃ nu Hebri nɔviawo be ne Kristotɔ aɖe tsi le gbɔgbɔ me hã la, ate ŋu adzɔ be eya kple Mawu dome nagblẽ ɖikaa. Eƒe dzi me ate ŋu ava sẽ ale gbegbe be madi be yeatrɔ be Mawu natsɔ yeƒe nu vɔ̃wo ake ye o. Gake dzidzɔtɔe la, Hebri nɔviawo metra nenema gbegbe o. (Heb. 6:4-9) Ke ame siwo dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ alo ame siwo woɖe le haa me gake wotrɔ dzi me ya ɖe? Woƒe ɖokuibɔbɔ kple dzimetɔtrɔa fia be woto vovo na ame siwo ŋu Paulo ƒo nu tsoe. Ne ame siawo trɔ va Yehowa gbɔ la, woayi edzi ahiã eƒe kpekpeɖeŋu. (Eze. 34:15, 16) Hamemetsitsiawo ate ŋu awɔ ɖoɖo be Ðasefo kpɔnuteƒe aɖe nakpe ɖe wo ŋu woagasẽ ŋu le gbɔgbɔ me.
Yehowa kpena ɖe ame siwo di be yewoagasẽ ŋu le gbɔgbɔ me la ŋu (Kpɔ memama 18)
19. Nu kae wòle be wòanye míaƒe taɖodzinu?
19 Ne èle ʋiʋlim be yeaɖo Kristotɔwo ƒe tsitsinyenye gbɔ la, àte ŋu aɖo egbɔ! Eya ta yi edzi nànɔ Biblia me nyateƒenya goglowo srɔ̃m geɖe wu ale be nàva nɔ nuwo ŋu bum abe ale si Yehowa bua woe ene. Eye ne èɖo tsitsinyenye gbɔ gɔ̃ hã la, ɖoe kplikpaa nàyi edzi anɔ tsitsim ɖaa.
ALEKE NÀÐO WO ŊUI?
Nu kae wòfia be ame naɖo Kristotɔwo ƒe tsitsinyenye gbɔ?
Aleke míawɔ aɖo Kristotɔwo ƒe tsitsinyenye gbɔ?
Nu ka tae mele be míaka ɖe mía ɖokui dzi akpa o?
HADZIDZI 65 Yi Ŋgɔgbe!
a Hebri Ŋɔŋlɔawo mezã nya “tsitsi” alo “matsimatsi” tẽe ya o, gake susu mawo be ɖe nya siwo wozã le Ŋɔŋlɔ mawo me la me. Le kpɔɖeŋu me, Lododowo ƒe agbalẽa na míekpɔ vovototo si le ame makpɔnuteƒe kple ame si dze nunya eye wòsea nu gɔme la dome.—Lod. 1:4, 5.
b Xlẽ nyati si nye “Kpɔ Ðokuiwò Ta Be Nyatakaka Siwo Mele Eteƒe O Nagagblẽ Nu Le Ŋuwò O.” Àkpɔe le jw.org kple JW Library® le “Nyati Vovovowo” ƒe akpa si nye “Nyati Bubuwo” te.
c Kpɔ akpa si nye “Nu Siwo Nàgate Ŋu Asrɔ̃” le Gbetakpɔxɔ sia me.
d NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu aɖe wɔ gɔmeɖose siwo wòsrɔ̃ le Mawu ƒe Nyaa me ŋu dɔ esi wòle nu si wòatsɔ aɖe modzakae la tiam.