INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w24 June axa 32
  • Xɔse Le Asiwòa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Xɔse Le Asiwòa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Xɔ Yehowa Ƒe Ŋugbedodowo Dzi Se
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Xɔse—Enye Nɔnɔme Nyui Aɖe Si Nana Míesẽa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • “Na Míaƒe Xɔse Nadzi Ðe Edzi”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Èxɔ Nyanyuia Dzi Se Ŋutɔŋutɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
w24 June axa 32

BIBLIA ME NYAGBE

Xɔse Le Asiwòa?

Be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu la, ele be xɔse nanɔ mía si. Gake Biblia gblɔ be “menye amewo katã sie xɔse le o.” (2 Tes. 3:2) Esi Apostolo Paulo gblɔ nya sia la, enɔ nu ƒom tso ‘nu vevi wɔamela’ kple ‘ame vɔ̃ɖi’ siwo nɔ eyome tim la ŋu. Gake menye ame vɔ̃ɖiwo ɖeɖe ko ŋue eƒe nyawo ku ɖo o. Ame aɖewo tiae koŋ ŋe aɖaba ƒu kpeɖodzi siwo ɖee fia kɔtɛ be Mawu, si nye Wɔlaa, li la dzi. (Rom. 1:20) Ame bubuwo hã gblɔna be yewoxɔe se be ŋusẽ bubu aɖe li si kɔ wu amegbetɔwo tɔ. Gake menye xɔse si ana ame ƒe nu nadze Yehowa ŋue nye ema o.

Ele be míaka ɖe edzi be Yehowa li eye wònyea “teƒeɖola” na ame siwo si xɔse sẽŋu le. (Heb. 11:6) Xɔse nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖe. Eya ta ne míedo gbe ɖa na Yehowa bia gbɔgbɔ kɔkɔea la, ana mí. (Luka 11:​9, 10, 13) Nu vevi aɖe si akpe ɖe mía ŋu míaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe lae nye be míanɔ Mawu ƒe Nyaa xlẽm. Eyome míade ŋugble le nu si míexlẽ la ŋu eye míadze agbagba awɔ ɖe edzi. Ne míewɔe ale la, Yehowa ƒe gbɔgbɔa akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi eye xɔse si ana míaƒe nu nadze Yehowa ŋu la asu mía si.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe