INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w24 November axa 31
  • Nu Siwo Akpe Ðe Ŋuwò Nàte Ŋu Anɔ Nu Srɔ̃m Edziedzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Siwo Akpe Ðe Ŋuwò Nàte Ŋu Anɔ Nu Srɔ̃m Edziedzi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Mawɔ Ana Biblia Sɔsrɔ̃ Navivi Nunye?
    Nyɔ!—2012
  • Ƒomea ƒe Ðoɖowɔɖi—Ƒomenusɔsrɔ̃
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Mègaɖe Dzi Le Ðokuiwò Ƒo O—Wɔ Avu Kple Vovomanɔameŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Biblia-Sɔsrɔ̃ Ƒe Ðoɖo Si Nyo Na Ame Sia Ame
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
w24 November axa 31
Nɔvinyɔnu aɖe le nu srɔ̃m eye wòle kɔmpiuta, Biblia, kple agbalẽ si me wòdea dzesi nya veviwo ɖo la zãm. Ele nyatakakaɖaka si nye “Daniel Gblɔ Xexemefiaɖuƒe Siwo Ado La Ði” si le “Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe” Biblia ƒe Megbenya B9 me la hã zãm.

Nu Siwo Akpe Ðe Ŋuwò Nàte Ŋu Anɔ Nu Srɔ̃m Edziedzi

ÐE WÒSESẼNA na wò be nànɔ Biblia srɔ̃m le ɖokuiwò si edziedzi eye wòanɔ nuwò vivima? Esesẽna na mí katã ɣeaɖewoɣi. Gake bu nu siwo míewɔna edziedzi, abe tsilele ene ŋu kpɔ. Tsilele bia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze, gake enana míaƒe lãme kɔna eye míenɔa dzadzɛ! Nenema kee Biblia sɔsrɔ̃ hã ate ŋu ‘akɔ mía ŋuti, aklɔ mía ŋu míadza to Mawu ƒe nya la me.’ (Ef. 5:26) Aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe ŋuwò:

  • Wɔ ɖoɖo ɖe eŋu. Ðokuisi Biblia sɔsrɔ̃ hã le “nu siwo le vevie wu,” siwo mele be Kristotɔ nada aƒu o la dome. (Flp. 1:10) Be nàte ŋu azɔ ɖe wò ɖoɖowɔɖia dzia, ɖe manyo be nàklãe ɖe ŋkukpɔƒe, ɖewohĩ ɖe gli ŋu alo wò nufamɔ̃ ŋu oa? Alo àte ŋu ade alarm wò fon alo kɔmpiuta dzi ale be ne esusɔ vie nusrɔ̃ɣia nade la, wòaɖo ŋku edzi na wò.

  • Na wòasɔ ɖe wò hiahiãwo nu. Ðe wònɔa bɔbɔe na wò be nàsrɔ̃ nu ɣeyiɣi didia, alo ɖe nusɔsrɔ̃ kpuiwo edziedzie dea dziwò wua? Wò ŋutɔe nya wò nɔnɔmeawo nyuie wu. Eya ta trɔ asi le wò nusrɔ̃ɣiawo ŋu wòasɔ na wò. Ne ɣeyiɣia de gake nusɔsrɔ̃a medzro wò oa, ɖe manyo be nàwɔe miniti ewo ko oa? Ne ɣeyiɣi kpui aɖe koe nète ŋu srɔ̃ nua hã la, aɖe vi geɖe na wò wu be màsrɔ̃e kura o. Eye ne ète ŋu dze egɔme vivivi ko la, ava nɔ nuwò vivim eye dzo aɖo mewò nàyi edzi.—Flp. 2:13.

  • Tia nu siwo nàsrɔ̃ la do ŋgɔ. Ne èva nɔ anyi vɔ hafi le tame bum le nu si nàsrɔ̃ ŋu la, ke ɖewohĩ mèle ‘wò ɣeyiɣi ŋu dɔ wɔm le mɔ nyuitɔ nu o.’ (Ef. 5:16) Ðe manyo be nàŋlɔ nyati alo nu siwo nàdi be yeasrɔ̃ la ɖi do ŋgɔ oa? Ne biabia aɖe va ta me na wò la, ŋlɔe ɖi. Eye le nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ƒe nuwuwua, àte ŋu akpɔ nya aɖe si nàtsɔ akpe ɖe nu siwo nàva srɔ̃ emegbe ŋu.

  • Trɔ asi le ɖoɖowɔɖia ŋu ne ehiã. Dze agbagba be wò ɖoɖowɔɖia nanɔ bɔbɔe na wò, le kpɔɖeŋu me, ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ si nàtsɔ asrɔ̃ nua kple nyati siwo nàsrɔ̃. Menye gamea, ɣeyiɣia ƒe didime kple nu agbɔsɔsɔ si nèsrɔ̃e nye nu vevitɔe o, ke esɔsrɔ̃ edziedzi boŋ ye.

Nyateƒee, ne míesrɔ̃a nu edziedzi la, eɖea vi geɖe na mí. Enana míetena ɖe Yehowa ŋu wu, míesrɔ̃a ale si míawɔ nu le nunya me, eye míaƒe dzi dzea eme.—Yos. 1:8.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe