NUSƆSRƆ̃NYATI 11
HADZIDZI 57 Míaɖe Gbeƒã Na Ame Ƒomeviwo Katã
Ðe Gbeƒã Dzonɔamemetɔe Abe Ale Si Yesu Wɔe Ene
“Aƒetɔ la . . . [dɔ] wo eveeve ɖo ɖe eŋgɔ ɖe duwo me kple teƒe siwo katã to ge eya ŋutɔ gbɔna la.”—LUKA 10:1.
TAÐODZINUA
Le nyati sia mea, míakpɔ mɔ ene siwo nu míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe dzonɔameme le ne míele gbeƒã ɖem.
1. Nu kae na Yehowa ƒe amewo to vovo tso ame siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye gbɔ?
NU VEVI aɖe si na Yehowa subɔlawo to vovo tso yeaɖi Kristotɔwo gbɔe nye ale si woɖea gbeƒã kple dzonɔamemea. (Tito 2:14) Gake ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu asesẽ na wò be nàtsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Ðewohĩ ale si nèsena le ɖokuiwò me sɔ kple nya si hamemetsitsi aɖe gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣia, didia menɔa menye be maɖe gbeƒã o.”
2. Nu kawoe ate ŋu ana wòasesẽ na mí ɣeaɖewoɣi be dzo nanɔ mía me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu?
2 Anɔ eme be dɔ bubu siwo míewɔna le Yehowa subɔsubɔ me la doa dzidzɔ na mí wu gbeƒãɖeɖedɔa. Nu ka tae? Elabena ne míetu teokrasixɔwo alo lé be na wo, míekpe ɖe ame siwo dzi afɔku dzɔ ɖo ŋu alo míede dzi ƒo na mía nɔviwo la, míekpɔa nu siwo dona tsoa eme enumake eye wònana míekpɔa dzidzɔ. Dzi dzɔa mí ŋutɔ ne míele dɔ wɔm kple mía nɔviwo, elabe ŋutifafa kple lɔlɔ̃ le mía dome, eye míeka ɖe edzi be wodea asixɔxɔ nu siwo wɔm míele na wo ŋu. Ðewohĩ míele gbeƒã ɖem le anyigbamama aɖe me ƒe geɖee nye esia gake amewo meɖoa to o. Alo ame aɖewo mewɔa nu ɖe mía ŋu nyuie o le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ta. Míenya hã be zi ale si nuwuwua le aƒe tum la, zi nenemae míanɔ mɔ kpɔm be amewo atsi tre ɖe mía ŋu. (Mat. 10:22) Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi ana dzo nanɔ mía me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu?
3. Nu kae míesrɔ̃ tso Yesu gbɔ le kpɔɖeŋu si le Luka 13:6-9 la me?
3 Míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu atsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, edo vevie nu ɖe gbeƒã na amewo. Egado vevie gbeƒãɖeɖedɔa geɖe wu esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim. (Xlẽ Luka 13:6-9.) Le kpɔɖeŋu aɖe si Yesu wɔ me la, etsɔ eƒe dɔa sɔ kple waingbledela aɖe si do gboti ɖe eƒe agble me eye wòwɔ dɔ sesĩe lé be nɛ ƒe etɔ̃, gake metse ku o. Nenema kee Yesu zã ƒe etɔ̃ tsɔ ɖe gbeƒã na Yudatɔwo gake wo dometɔ geɖe meva zu eƒe nusrɔ̃lawo o. Ke hã, abe ale si ko waingbledela la megbe beléle na gboti si gbe kutsetse o ene la, Yesu hã medzudzɔ gbeƒãɖeɖe na amewo o. Edo vevie nu geɖe wu ɖe gbeƒã na Yudatɔwo be yeakpe ɖe wo ŋu woaxɔ nya nyuia.
4. Nu ene kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si Yesu ɖo me?
4 Le nyati sia me la, míadzro ale si dzo nɔ Yesu me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu, vevietɔ le ɣleti ade mamlɛ siwo wònɔ anyigba dzi me. Ne míesrɔ̃ ale si Yesu wɔ nui kple ale si wòfia nui la, ana dzo nanɔ míawo hã me egbea. Mina míakpɔ nu ene siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu gbɔ ɖa: (1) Etsɔ susu ɖo nu si Yehowa di tso esi ŋu, (2) eƒe susu nɔ Biblia me nyagblɔɖiwo ŋu, (3) eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòado ŋusẽ ye, eye (4) eka ɖe edzi be ame aɖewo aɖo to ye.
YESU TSƆ SUSU ÐO NU SI YEHOWA DI TSO ESI ŊU
5. Aleke Yesu ɖee fia be yeƒe susu le dɔ si Mawu de ye si ŋu?
5 Yesu ɖe gbeƒã “Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la” dzonɔamemetɔe, elabena enyae be eyae nye dɔ si Mawu de ye si. (Luka 4:43) Gbeƒãɖeɖedɔa ye nye dɔ vevitɔ kekeake na Yesu. Esi wòsusɔ vie Yesu naku gɔ̃ hã la, eyi ɖato “duwo kple kɔƒewo me [nɔ] nu fiam” amewo. (Luka 13:22) Ena hehe nusrɔ̃la bubu aɖewo hã be woaɖe gbeƒã nya nyuia abe ale si yewɔe ene.—Luka 10:1.
6. Aleke teokrasidɔ bubuwo do ka kple gbeƒãɖeɖedɔae? (Kpɔ fotoa hã.)
6 Egbea hã, gbeƒãɖeɖedɔa ye nye dɔ vevitɔ si Yehowa kple Yesu di be míawɔ. (Mat. 24:14; 28:19, 20) Teokrasidɔ bubu ɖe sia ɖe si míewɔna egbea do ka kple gbeƒãɖeɖedɔa. Le kpɔɖeŋu me, teokrasixɔtudɔwo kple Betel subɔsubɔdɔa siaa nye dɔ siwo míewɔna tsɔ doa gbeƒãɖeɖedɔa ɖe ŋgɔ. Ne afɔku dzɔ la, míekpena ɖe mía nɔviwo ŋu be nu siwo hiã wo la nasu wo si ale be woagate ŋu adze kpekpeawo kple gbeadzi dede gɔme. Ne míeɖoa ŋku edzi be gbeƒãɖeɖedɔa ye nye dɔ vevitɔ si Yehowa di be míawɔ la, ana míadi vevie be míaɖe gbeƒã na amewo edziedzi. János, si nye hamemetsitsi le Hungary, gblɔ be, “Meɖoa ŋku edzi na ɖokuinye be teokrasidɔ bubu aɖeke mate ŋu axɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa teƒe o. Gbeƒãɖeɖedɔa ye nye míaƒe dɔ vevitɔ.”
Dɔ vevitɔ si Yehowa kple Yesu di be míawɔ egbeae nye gbeƒãɖeɖe nya nyuia (Kpɔ memama 6)
7. Nu ka tae Yehowa di be míaɖe gbeƒã madzudzɔmadzudzɔe? (1 Timoteo 2:3, 4)
7 Dzo ate ŋu aɖo mía me geɖe wu ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ne míetsɔa ɖe le eme na amewo abe ale si Yehowa tsɔa ɖe le eme na woe ene. Yehowa di be ame geɖe nase nya nyuia eye woaxɔ nyateƒea. (Xlẽ 1 Timoteo 2:3, 4.) Esi nya nyuia axɔ amewo ɖe agbe ta la, Yehowa naa hehe mí be míabi ɖe egbɔgblɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ena wota agbalẽ gbadza si nye Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo be wòakpe ɖe mía ŋu míanya ale si míadze dzeɖoɖo gɔme kple amewo ale be woava zu nusrɔ̃lawo. Ne amewo mexɔ nya nyuia fifia o hã la, mɔnukpɔkpɔ ate ŋu asu wo si woava xɔ nya nyuia hafi xaxa gã la nawu enu. Nya siwo míagblɔ na wo fifia ate ŋu aʋã wo woava subɔ Yehowa le etsɔme. Eya ta ele vevie be míayi edzi aɖe gbeƒã madzudzɔmadzudzɔe.
YESU ƑE SUSU NƆ BIBLIA ME NYAGBLƆÐIWO ŊU
8. Biblia me nyagblɔɖi kawoe kpe ɖe Yesu ŋu wòwɔ eƒe ɣeyiɣia ŋu dɔ nyuie?
8 Yesu nya ale si Biblia me nyagblɔɖiwo ava eme. Enyae be ƒe etɔ̃ kple afã koe yeatsɔ awɔ gbeƒãɖeɖedɔa. (Dan. 9:26, 27) Enya nyagblɔɖi si ku ɖe ale si wòakpe fu kple ɣeyiɣi si wòaku hã ŋu. (Luka 18:31-34) Le esia ta Yesu wɔ eƒe ɣeyiɣia ŋu dɔ nyuie. Edo vevie gbeƒãɖeɖedɔa ale be yeawu dɔ si Mawu de ye si la nu.
9. Ne míese Biblia me nyagblɔɖiwo gɔme la, aleke esia aʋã mí míaɖe gbeƒã kple dzo?
9 Ne míawo hã míese Biblia me nyagblɔɖiwo gɔme la, aʋã mí be míaɖe gbeƒã kple dzo. Míenya be eteƒe madidi o, xexe vɔ̃ɖi sia awu enu. Nudzɔdzɔ siwo teƒe kpɔm míele kple nɔnɔme siwo le amewo si egbea ɖee fia be Biblia me nyagblɔɖi siwo ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu le eme vam. Biblia gblɔe ɖi be ‘le nuwuɣia’ la, anyiehefia kple dziehefia woakpe ŋgo kple wo nɔewo. Míeva de dzesii be Anglo-Amerika Xexemefiaɖuƒea, kpakple Russia kple dukɔ siwo de edzi la ŋue nyagblɔɖi sia ku ɖo. (Dan. 11:40) Míese egɔme hã be legba si ŋu nya wogblɔ le Daniel 2:43-45 ƒe afɔbayawo le tsitre ɖi na Anglo-Amerika Xexemefiaɖuƒea. Míeka ɖe edzi be eteƒe magadidi kura o, Mawu Fiaɖuƒea atsrɔ̃ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo abe ale si nyagblɔɖia gblɔe ene. Nyagblɔɖi siawo katã na míekpɔe be míegogo nuwuwua, eya ta ele vevie be míawɔ míaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ nyuie aɖe gbeƒã nya nyuia.
10. Mɔ bubu kawo hã nue Biblia me nyagblɔɖiwo ʋãa mí be míayi edzi aɖe gbeƒã le?
10 Nu nyui siwo Biblia gblɔ be Mawu awɔ le etsɔme hã nana míetsɔa dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Nɔvinyɔnu Carrie, si le Dominican Republic, gblɔ be: “Nu nyui siwo ŋugbe Yehowa do be yeawɔ na mí le etsɔme ʋãam be magblɔ nyateƒea na amewo. Ne mekpɔ nu siwo me tom amewo le egbea la, mekpɔnɛ be menye nye koe ŋugbedodo mawo aɖe vi na o, ke aɖe vi na woawo hã.” Biblia me nyagblɔɖiwo na míekpɔe be Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋu le dɔa wɔwɔ me eye esia ʋãa mí be míayi edzi aɖe gbeƒã. Nɔvinyɔnu Leila, si le Hungary, gblɔ be: “Yesaya 11:6-9 ɖee fia be Yehowa ate ŋu akpe ɖe ame sia ame ŋu wòawɔ tɔtrɔwo. Esia ʋãam meɖea gbeƒã na ame siwo mesusu be womaɖo to o gɔ̃ hã.” Nɔviŋutsu Christopher, si le Zambia, hã gblɔ be: “Abe ale si Biblia gblɔe ɖi le Marko 13:10 ene la, wole nya nyuia kakam le xexea me godoo, eye bubu gãe wònye nam be mele asi kpem ɖe eŋu be nyagblɔɖi sia nava eme.” Biblia me nyagblɔɖi kae ʋãa wò hã be nàyi edzi anɔ gbeƒã ɖem?
YESU ÐO ŊU ÐE YEHOWA ŊU BE WÒADO ŊUSẼ YE
11. Nu ka tae wòle be Yesu naɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe ye ŋu yeayi edzi aɖe gbeƒã dzonɔamemetɔe? (Luka 12:49, 53)
11 Yesu ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe ye ŋu yeayi edzi aɖe gbeƒã dzonɔamemetɔe. Togbɔ be Yesu wɔ nu ɖe amewo ŋu nyuie eye wòƒo nu na wo bubutɔe le gbeƒãɖeɖedɔa me hã la, enya be ame aɖewo ado dziku eye woatsi tre ɖe ye ŋu le Fiaɖuƒe nya nyuia ta. (Xlẽ Luka 12:49, 53.) Gbedeasi si Yesu ɖe gbeƒãe la medo dzidzɔ na subɔsubɔhakplɔlawo o, eya ta wotee kpɔ enuenu be yewoawui. (Yoh. 8:59; 10:31, 39) Gake Yesu yi edzi ɖe gbeƒã elabena enyae be Yehowa li kpli ye. Egblɔ be: “Menye nye ɖekae li o, ke boŋ Fofo si dɔm ɖa la li kplim. . . . Megblẽ nye ɖeka ɖi o, elabena mewɔa nu siwo dzea eŋu ɣesiaɣi.”—Yoh. 8:16, 29.
12. Nu kae Yesu wɔ tsɔ dzra eƒe nusrɔ̃lawo ɖo be woayi edzi aɖe gbeƒã ne amewo ti wo yome gɔ̃ hã?
12 Yesu ɖo ŋku edzi na eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe yewo ŋu. Eka ɖe edzi na wo zi geɖe be Yehowa akpe ɖe wo ŋu ne amewo ti wo yome gɔ̃ hã. (Mat. 10:18-20; Luka 12:11, 12) Ke hã, exlɔ̃ nu wo be woadze aye. (Mat. 10:16; Luka 10:3) Egblɔ na wo be ne amewo medi be yewoase gbedeasia o la, woagazii ɖe wo dzi o. (Luka 10:10, 11) Eɖo aɖaŋu na wo hã be ne amewo ti wo yome la, woasi. (Mat. 10:23) Togbɔ be Yesu tsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu eye wòɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu hã la, metsɔ eɖokui de afɔku me dzodzro o.—Yoh. 11:53, 54.
13. Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ŋuwò?
13 Egbea, amewo tsia tsitre ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu, eya ta míehiã Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu be míayi edzi aɖe gbeƒã dzonɔamemetɔe. (Nyaɖ. 12:17) Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ŋuwò? Bu Yesu ƒe gbedodoɖa si dze le Yohanes ta 17 lia me ŋu kpɔ. Yesu ɖe kuku na Yehowa be wòakpɔ apostoloawo ta, eye Yehowa ɖo eƒe gbedodoɖaa ŋu. Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ƒo nu tso ale si Yehowa kpe ɖe apostoloawo ŋu woɖe gbeƒã dzonɔamemetɔe togbɔ be amewo ti wo yome gɔ̃ hã ŋu. Le gbe si Yesu do ɖa me la, ebia Yehowa be wòakpɔ ame siwo ava xɔ ye dzi ase to apostoloawo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi hã ta. Wò hã èle ame siawo dome! Yehowa kpɔtɔ le Yesu ƒe gbedodoɖa ma ŋu ɖom. Akpe ɖe ŋuwò abe ale si wòkpe ɖe apostoloawo ŋui ene.—Yoh. 17:11, 15, 20.
14. Nu kae na míeka ɖe edzi be míate ŋu ayi edzi aɖe gbeƒã le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me? (Kpɔ fotoa hã.)
14 Esi nuwuwua le aƒe tum geɖe wu la, gbeƒãɖeɖe nya nyuia agate ŋu asesẽ ɖe edzi. Gake Yesu ka ɖe edzi na mí be yeakpe ɖe mía ŋu. (Luka 21:12-15) Míesrɔ̃a Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ƒe kpɔɖeŋu, eya ta míezia amewo dzi be woase nya nyuia o, eye míehea nya kple amewo hã o. Ne woɖo asi míaƒe dɔa dzi gɔ̃ hã la, mía nɔviwo yia edzi ɖea gbeƒã elabe woɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu ke menye ɖe wo ɖokuiwo ŋu o. Ale si ko Yehowa tsɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea do ŋusẽ esubɔlawo le ƒe alafa gbãtɔ me la, nenema kee wòado ŋusẽ míawo hã egbea be míayi edzi awɔ “gbeƒãɖeɖedɔ la ade goe” abe ale si tututu wòdi ene. (2 Tim. 4:17) Ka ɖe edzi be ne èɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi atsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu.
Ne woɖo asi míaƒe dɔa dzi gɔ̃ hã la, gbeƒãɖela dovevienuwo dzea aɖaŋu hedia mɔnu siwo dzi woato agblɔ nya nyuia na amewo (Kpɔ memama 14)b
YESU KA ÐE EDZI BE AME AÐEWO AÐO TO
15. Nu kae na Yesu ka ɖe edzi be gbeƒãɖeɖedɔa atse ku?
15 Yesu ka ɖe edzi be ame aɖewo kokoko alɔ̃ ase nya nyuia. Esia na wòtsɔ dzo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu hewɔe kple dzidzɔ. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 30 Kristotɔwo Ŋɔli ƒe nuwuwu lɔƒo la, Yesu kpɔe be ame geɖe le klalo be yewoase nya nyuia, eye wòtsɔ wo sɔ kple nuku siwo ƒu hena ŋeŋe. (Yoh. 4:35) Anɔ abe ƒe ɖeka ene megbe la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ.” (Mat. 9:37, 38) Eye emegbe egate gbe ɖe nya ma ke dzi be: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ . . . Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la be wòaɖo dɔwɔlawo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” (Luka 10:2) Yesu ka ɖe edzi bliboe be aleke kee wòɖale o, ame aɖewo aɖo to nya nyuia, eye ekpɔa dzidzɔ ne amewo xɔ nyaa.—Luka 10:21.
16. Aleke Yesu ƒe kpɔɖeŋuawo kpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu woka ɖe edzi be gbeƒãɖeɖedɔa atse ku? (Luka 13:18-21) (Kpɔ fotoa hã.)
16 Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo nya be ne woka ɖe edzi be nu nyuiwo ado tso gbedeasi si yewoɖea gbeƒãe me la, ke dzo anɔ wo me woayi dɔa dzi. De ŋugble le kpɔɖeŋu eve aɖewo siwo Yesu wɔ ŋu kpɔ. (Xlẽ Luka 13:18-21.) Le kpɔɖeŋuawo dometɔ ɖeka me la, Yesu tsɔ Fiaɖuƒe gbedeasia sɔ kple sinapi-ku sue si tsina va zua ati gã. Egblɔ esia tsɔ ka ɖe edzi na eƒe nusrɔ̃lawo be ame geɖe ase nya nyuia eye naneke meli axe mɔ nɛ o. Le kpɔɖeŋu evelia me la, etsɔ Fiaɖuƒe gbedeasia sɔ kple amɔwɔʋãnu. Esia fia be woakaka Fiaɖuƒe nya nyuia wòaɖo anyigba la ƒe akpa geɖe eye amewo asee awɔ tɔtrɔwo togbɔ be esia madze woakpɔ enumake o hã. Yesu to kpɔɖeŋu siawo dzi kpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu wokpɔe be gbedeasi si yewoɖea gbeƒãe la akpe ɖe ame geɖe ŋu.
Abe Yesu ene la, míeka ɖe edzi be ame aɖewo alɔ̃ ase nya nyuia (Kpɔ memama 16)
17. Nu ka tae wòle be míaka ɖe edzi be nu nyuiwo ado tso gbeƒãɖeɖedɔa me?
17 Ne míebua ale si gbeƒãɖeɖedɔa le vi ɖem na amewo le xexea me godoo egbea ŋu la, aʋã mí míayi edzi aɖe gbeƒã dzonɔamemetɔe. Ƒe sia ƒea, ɖetsɔlemetɔ miliɔn geɖe dea Ŋkuɖodzia kpli mí eye wolɔ̃na míesrɔ̃a Biblia kpli wo. Ame akpe alafa geɖe xɔa nyɔnyrɔ eye wova wɔa ɖeka kpli mí míeɖea gbeƒã. Míenya ame siwo gbegbe agava xɔ nya nyuia ya o. Gake míenyae be Yehowa le ameha gã aɖe nu ƒom ƒu be woatsi agbe le xaxa gã si gbɔna me. (Nyaɖ. 7:9, 14) Yehowa, si nye nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la, ka ɖe edzi be ame gbogbo aɖewo kpɔtɔ li siwo axɔ nya nyuia, eya ta míawo ya míayi edzi aɖe gbeƒã.
18. Nu kae míedi be amewo nade dzesi le mía ŋu?
18 Wonya Yesu ƒe nusrɔ̃lawo tso blema ke be wotsɔa dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Esi amewo kpɔ ale si apostoloawo ƒo nu kakaɖedzitɔe la, “wova dze sii be wonɔ Yesu ŋu.” (Dɔw. 4:13) Neva eme be míawo hã míayi edzi aɖe gbeƒã nya nyuia dzonɔamemetɔe, eye amewo akpɔe adze sii be míawoe le kpɔɖeŋu si Yesu ɖo la srɔ̃m.
HADZIDZI 58 Míadi Ŋutifafalɔ̃lawo
a NYAMEÐEÐE: Le nyati sia mea la, nya “dzonɔameme” fia ale si Kristotɔwo doa vevie Yehowa subɔsubɔ.
b NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu aɖe tsɔ aɖaŋudzedze le ɖase ɖim na ŋutsu aɖe le mɔ̃memidzeƒe.