NUSƆSRƆ̃NYATI 16
HADZIDZI 87 Miva, Ne Miakpɔ Gbɔdzɔe
Enyo Be Mía Kple Mía Nɔviwo Dome Nanɔ Kplikplikpli!
“Kpɔ ale si wònyo eye wòvivinae ɖa ne nɔviwo le afi ɖeka le ɖekawɔwɔ me!”—PS. 133:1.
TAÐODZINUA
Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nu siwo míawɔ be mía kple mía nɔviwo dome nanɔ kplikplikpli kple yayra siwo esia ahe vɛ.
1-2. Nu kae le vevie na Yehowa, eye nu kae wòdi tso mía si?
ALE SI míewɔa nu ɖe amewo ŋu le vevie na Yehowa ŋutɔ. Yesu fia mí be míalɔ̃ mía haviwo abe mía ɖokui ene. (Mat. 22:37-39) Esia fia be míawɔ nu ɖe ame siwo mesubɔa Yehowa o gɔ̃ hã ŋu nyuie. Ne míewɔ esia la, ke efia be míele Yehowa Mawu srɔ̃m, elabena “enana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Mat. 5:45.
2 Togbɔ be Yehowa lɔ̃ ame ƒomeviwo katã hã la, ame siwo wɔa nu dzɔdzɔe ye wòlɔ̃na vevie. (Yoh. 14:21) Edi be míasrɔ̃ ye. Eya ta ebia tso mía si be ‘míalɔ̃ mía nɔewo vevie’ eye míaƒe lɔlɔ̃ na mía nɔewo nade to “abe dadavilɔlɔ̃ ene.” (1 Pet. 4:8; Rom. 12:10) “Dadavilɔlɔ̃” nye lɔlɔ̃ si míeɖena fiana míaƒe ƒometɔ veviwo kple xɔlɔ̃ kplikplikpliwo.
3. Nu kae míate ŋu atsɔ lɔlɔ̃ asɔ kple, eye nu kae esia bia?
3 Míate ŋu atsɔ lɔlɔ̃ asɔ kple ati si wodo ɖe aƒe me. Ehiã be woanɔ tsi demee anɔ be lém nɛ be wòatsi nyuie. Nenema kee wòle be míayi edzi anɔ nu siwo ana míaƒe lɔlɔ̃ na amewo nade to la wɔm. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Mina miaƒe nɔvilɔlɔ̃ nayi edzi ɖaa.” (Heb. 13:1) Yehowa di be míayi edzi anɔ lɔlɔ̃ ɖem fia amewo. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nu siwo míawɔ be mía kple mía nɔviwo dome nanɔ kplikplikpli kple ale si míawɔ be wòanɔ nenema ɖaa.
NU SI TA WÒLE BE MÍA KPLE MÍA NƆVIWO DOME NANƆ KPLIKPLIKPLI
4. Abe ale si wòdze le Psalmo 133:1 ene la, aleke míate ŋu ayi edzi ade asixɔxɔ ɖekawɔwɔ si le mía kple mía nɔviwo dome ŋu? (Kpɔ fotoawo hã.)
4 Xlẽ Psalmo 133:1. Hakpalaa gblɔ be xɔlɔ̃dzedze ame siwo lɔ̃ Yehowa ‘nyo eye wòvivina.’ Míelɔ̃ ɖe nya sia dzi. Ati nyui si nya kpɔ ŋutɔ ate ŋu anɔ aƒe me na ame, gake amea magava de dzesii be enya kpɔ o le esi wòkpɔnɛ gbe sia gbe ta. Nenema kee wòate ŋu adzɔ be míagava tsɔ ɖekawɔwɔ nyui si le mía kple mía nɔviwo dome la nu vevii o le esi míekpɔa wo zi geɖe le kwasiɖaa me ta. Ke aleke míayi edzi ade asixɔxɔ mía nɔviwo ŋu? Eyae nye be míanɔ ŋugble dem le ale si wo dometɔ ɖe sia ɖe le vevie na mía kple hamea ŋu. Ne míewɔe alea, míaƒe lɔlɔ̃ na wo adzi ɖe edzi.
Mègabu ɖekawɔwɔ nyui si le mía kple mía nɔvi Kristotɔwo dome la nu tsɛ kura o (Kpɔ memama 4)
5. Aleke lɔlɔ̃ si míeɖena fiaa mía nɔewo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzi?
5 Lɔlɔ̃ si míeɖena fiana mía nɔviwo wɔa dɔ ɖe ame siwo va kpekpea zi gbãtɔ la dzi ŋutɔ. Esia ɖeɖe dzaa ate ŋu ana woakpɔe be yewoke ɖe nyateƒea ŋu. Yesu gblɔ be: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yoh. 13:35) Bu yunivɛsiti sukuvi aɖe si ŋkɔe nye Chaithra, si Yehowa Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kple la ŋu kpɔ. Wokpee na míaƒe takpekpe gã aɖe eye wòlɔ̃ de. Esi wòde takpekpea le ŋkeke gbãtɔ dzi la, egblɔ na ame si srɔ̃a Biblia kplii be: “Dzinyelawo mewɔ atuu nam kpɔ o. Gake le miaƒe takpekpe sia la, ame 52 sɔŋ ye wɔ atuu nam le ŋkeke ɖeka pɛ ko dzi! Mese le ɖokuinye me be Yehowa to ame siawo dzi ɖee fiam be yelɔ̃m. Medi be manye ƒome sia me tɔ.” Chaithra yi nusɔsrɔ̃a dzi eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 2024 me. Nyateƒee, ne ame yeyewo kpɔ dɔ nyui siwo wɔm míele kple ale si míeɖea lɔlɔ̃ fiaa mía nɔewo la, eʋãa wo wodina be yewoava subɔ Yehowa.—Mat. 5:16.
6. Ne mía kple mía nɔviwo dome le kplikplikpli la, aleke esia ate ŋu akpɔ mía tae?
6 Ne mía kple mía nɔviwo dome le kplikplikpli la, enyea takpɔkpɔ na mí. Paulo de dzi ƒo na nɔvia Kristotɔwo be: “Miyi edzi mianɔ dzi dem ƒo na mia nɔewo gbe sia gbe . . . ale be nu vɔ̃ ƒe amebleŋusẽ nagana mia dometɔ aɖeke ƒe dzi me nasẽ o.” (Heb. 3:13) Ne dzi ɖe le mía ƒo vevie eye míeva le tatram ɖa le mɔ dzɔdzɔea dzi la, Yehowa ate ŋu aʋã haxɔsetɔ aɖe wòade dzesii eye wòakpe ɖe mía ŋu. (Ps. 73:2, 17, 23) Míehiã na kpekpeɖeŋu sia tɔgbi vevie ŋutɔ.
7. Aleke lɔlɔ̃ si le mía dome nana míewɔa ɖeka? (Kolosetɔwo 3:13, 14)
7 Míenye habɔbɔ si me tɔwo dzea agbagba ɖea lɔlɔ̃ fiaa wo nɔewo, eya ta míekpɔa yayra geɖe. (1 Yoh. 4:11) Le kpɔɖeŋu me, lɔlɔ̃ ʋãa mí ‘míeyia edzi doa dzi nɔa anyi kple mía nɔewo.’ Esia na ɖekawɔwɔ sẽŋu aɖe le mía kple mía nɔviwo dome. (Xlẽ Kolosetɔwo 3:13, 14; Ef. 4:2-6) Dziɖeɖi kple tomefafa si míekpɔna ne míeva ƒo ƒu ɖekae la mele habɔbɔ bubu aɖeke me le anyigba dzi o.
MIDE BUBU MIA NƆEWO ŊU
8. Aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋu be ɖekawɔwɔ nanɔ mía kple mía nɔviwo dome?
8 Ðekawɔwɔ si le mía dome le xexea me godoo la wɔ nuku ŋutɔ. Togbɔ be míede blibo o hã, Yehowa na míewɔ ɖeka. (1 Kor. 12:25) Biblia gblɔ be ‘Mawu fia mí be míalɔ̃ mía nɔewo.’ (1 Tes. 4:9) Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, Yehowa toa Ŋɔŋlɔawo dzi fiaa nu si tututu wòle be míawɔ be mía kple mía nɔviwo dome nanɔ kplikplikpli la mí. Ne míesrɔ̃a Mawu ƒe Nyaa eye míewɔna ɖe edzi la, ke míena ‘Mawu le nu fiam mí.’ (Heb. 4:12; Yak. 1:25) Esia tututue mí Yehowa Ðasefowo míedzea agbagba wɔna.
9. Aɖaŋuɖoɖo kae dze le Romatɔwo 12:9-13, eye nu kae esia bia?
9 Aɖaŋu kae Mawu ƒe Nya la ɖo na mí si akpe ɖe mía ŋu be mía kple mía nɔviwo dome nanɔ kplikplikpli? Bu nya si Paulo gblɔ tso nya sia ŋu si dze le Romatɔwo 12:9-13 ŋu kpɔ. (Xlẽe.) Egblɔ be: “Mitre mia nɔewo bubu.” Nu kae nya sia fia? Efia be ele be míado ŋgɔ aɖe “dadavilɔlɔ̃” afia amewo. Esia bia be míatsɔ ake wo, awɔ amedzro na wo, anyo dɔme na wo alo awɔ nu bubu siwo aɖe vi na wo. (Ef. 4:32) Mele be nàlala anɔ mɔ kpɔm be nɔviwo nate ɖe ye ŋu o, ele be wò ŋutɔ ‘nàtre’ ewɔwɔ. Ne èwɔe alea la, ke nya si Yesu gblɔ ava eme na wò be: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—Dɔw. 20:35.
10. Aleke míate ŋu atsɔ dzo ɖe nyuiwɔwɔ na mía nɔviwo ŋu? (Kpɔ fotoa hã.)
10 Esi Paulo gblɔ be “mitre mia nɔewo bubu” teti ko la, egblɔ kpee be “mitsɔ dzo ɖe dɔ ŋu, migawɔ kuvia o.” Ame si tsɔa dzo ɖe nu ŋu doa vevie nu eye wòwɔa dɔ sesĩe. Ne wode dɔ esi la, eléa fɔ ɖe eŋu wɔnɛ. Lododowo 3:27, 28 xlɔ̃ nu mí be: “Mègagbe nyuiwɔwɔ na ame siwo wòle be nàwɔe na, nenye be ŋutete le ŋuwò na ewɔwɔ o.” Eya ta ne ame aɖe hiã kpekpeɖeŋu la, míetsona kpla kpena ɖe eŋu. Míehena ɖe megbe alo nɔa susum be ame bubu aɖe akpe ɖe amea ŋu o.—1 Yoh. 3:17, 18.
Ele be míatso kpla akpe ɖe mía nɔvi siwo hiã kpekpeɖeŋu la ŋu (Kpɔ memama 10)
11. Nu kae akpe ɖe mía ŋu mía kple mía nɔviwo dome nanɔ kplikplikpli?
11 Mɔ bubu si dzi míato aɖee afia be míedea bubu amewo ŋue nye be míatsɔ ake wo kaba ne wodze agɔ le mía dzi. Efesotɔwo 4:26 gblɔ be: “Ɣe nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi dzi o.” Nu ka tae nya sia le vevie? Kpukpui 27 ɖe eme be ale be ‘míagana mɔ Abosam o.’ Yehowa xlɔ̃ nu mí le eƒe Nyaa me enuenu be míatsɔ anɔ mía nɔewo kem. Kolosetɔwo 3:13 ɖo aɖaŋu na mí be, “miyi edzi . . . miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa.” Ne míetsɔa mía nɔviwo ƒe vodadawo kea wo la, ana mía kpli wo dome nanɔ kplikplikpli. Esia wɔwɔ le vevie ale be “[míalé] gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye me ɖe asi le ŋutifafa ƒe nublanu la me.” (Ef. 4:3) Ne míagblɔe la, ne míetsɔnɛ kea mía nɔviwo la, ke míele asi kpem ɖe eŋu be ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nayi edzi anɔ Yehowa ƒe amewo dome.
12. Aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋu be míatsɔ amewo ƒe vodadawo anɔ wo kem?
12 Nyateƒee wònye be menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be míatsɔ ake ame siwo dze agɔ le mía dzi alo do vevesese na mí o. Gake Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatsɔ ake wo. Esi Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be míaɖe “dadavilɔlɔ̃” afia mía nɔewo, eye “[míatsɔ] dzo ɖe dɔ ŋu” vɔ la, eyi edzi gblɔ be “mixɔ dzo le gbɔgbɔ la me.” Gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe ame si ‘xɔ dzo’ ŋu wòdoa vevie nu eye wòwɔa nu dzonɔamemetɔe. (Rom. 12:11) Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ye ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe dadavilɔlɔ̃ afia eye míatsɔ anɔ mía nɔewo kem faa. Le esia ta, ele be míaɖe kuku na Mawu vevie be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea mí.—Luka 11:13.
“MAMA NAGANƆ MIA DOME O”
13. Nu kae ate ŋu ahe mama ade mía dome?
13 Ame ‘ƒomevi vovovo’ siwo ƒe dekɔnu to vovo ye ƒo ƒu wɔ hamea. (1 Tim. 2:3, 4) Eya ta ne míekpɔ nyuie o la, vovototo siawo ate ŋu ahe mama ava mía dome le ame ŋutɔ ƒe nyawo abe, awudodo kple dzadzraɖo, dɔdamɔnu si ame atia alo modzakaɖeɖe ene ŋu. (Rom. 14:4; 1 Kor. 1:10) Esi Mawu fia nu mí be míalɔ̃ mía nɔewo ta la, ele be míakpɔ nyuie be míagate tɔ ɖe tiatia siwo míewɔna dzi be eyae nye nyuitɔ o.—Flp. 2:3.
14. Nu kae wòle be míadze agbagba anɔ wɔwɔm, eye nu ka tae?
14 Míate ŋu aƒo asa na mamadede hamea me ne míedzea agbagba ɣesiaɣi be míagblɔ nya siwo tua ame ɖo eye míedea dzi ƒo na mía nɔviwo. (1 Tes. 5:11) Nyitsɔ laa la, ame siwo dzudzɔ hadede kpli mí alo woɖe le haa me la dometɔ aɖewo trɔ gbɔ. Míexɔa ame siawo kple dzidzɔ! (2 Kor. 2:8) Nɔvinyɔnu aɖe si dzudzɔ hadede kpli mí ƒe ewo sɔŋ la trɔ va kpekpea le Fiaɖuƒe Akpataa me. Egblɔ be: “Nɔviawo do vivi ɖe ŋunye hena asim.” (Dɔw. 3:19) Esi wowɔ nu ɖe eŋu dɔmenyotɔe alea la, ŋusẽ kae wòkpɔ ɖe edzi? Egblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be Yehowa le kpekpem ɖe ŋunye be magava kpɔ dzidzɔ ake.” Ne míedzea agbagba dea dzi ƒo na amewo la, Kristo ate ŋu ato mía dzi ana “ame siwo katã le dagbadagbam, eye agba le [wo] wum la” ƒe dzi nadze eme.—Mat. 11:28, 29.
15. Nu bubu kae míate ŋu awɔ atsɔ ado ŋutifafa ɖe ŋgɔ? (Kpɔ fotoa hã.)
15 Míate ŋu ato míaƒe nyagbɔgblɔwo hã dzi ado ŋutifafa ɖe ŋgɔ. Hiob 12:11 gblɔ be: “Ðe to medoa nya kpɔna, abe ale si aɖe ɖɔa nu kpɔna ene oa?” Ale si ko nuɖala nyui kpɔa egbɔ be nu si yeɖa la lé aɖe nyuie eye nu sia nu si hiã le eme hafi tsɔnɛ ɖoa kplɔ̃e la, nenema kee wòle be míabu nya siwo míagblɔ ŋu nyuie hafi agblɔ wo. (Ps. 141:3) Ele be míakpɔ egbɔ ɣesiaɣi be nya siwo míagblɔ natu amewo ɖo, wòana woƒe dzi nadze eme, eye “wòaɖe vi na ame siwo asee.”—Ef. 4:29.
Bu nya si nàgblɔ ŋu nyuie do ŋgɔ hafi nàgblɔe (Kpɔ memama 15)
16. Ame kawo koŋue wòle be woakpɔ egbɔ be yewoƒe nyawo dea dzi ƒo na ame?
16 Ele vevie ŋutɔ be srɔ̃ŋutsuwo kple dzilawo nakpɔ egbɔ be nya siwo yewogblɔna tua ame ɖo. (Kol. 3:19, 21; Tito 2:4) Ele be hamemetsitsiwo hã nanye alẽkplɔla siwo nana Yehowa ƒe alẽawo ƒe dzi dzea eme eye woanɔ akɔ fam na wo. (Yes. 32:1, 2; Gal. 6:1) Biblia me lododo aɖe ɖoa ŋku edzi na mí be: “Nya si wogblɔ ɖe egblɔɣi la vivina loo!”—Lod. 15:23.
‘MITSƆ NUWƆNA KPLE NYATEƑE LƆ̃ AME’
17. Aleke míate ŋu aɖee afia mía nɔviwo be míelɔ̃ wo tso dzi me ke?
17 Apostolo Yohanes ɖo aɖaŋu na mí be “[míagatsɔ] nya kple aɖe ko alɔ̃ ame o, ke boŋ míatsɔ nuwɔna kple nyateƒe alɔ̃ ame.” (1 Yoh. 3:18) Míedi be míaɖee afia mía nɔviwo be míelɔ̃ wo tso dzi me ke. Aleke míate ŋu awɔ esiae? Zi ale si míekpɔa vovo ɖe mía nɔviwo ŋu la, zi nenemae míalɔ̃ mía nɔewo ɖe edzi eye mía kpli wo dome anɔ kplikplikpli. Eya ta dze agbagba nàkpɔ vovo ɖe amewo ŋu le kpekpeawo kple gbeadzi. Di ɣeyiɣi nànɔ wo srãm kpɔ. Ne míewɔa esiawo la, ke míele eɖem fia be vavãe ‘Mawu fia nu mí be míalɔ̃ mía nɔewo.’ (1 Tes. 4:9) Eye nya siawo ava eme na mí míagblɔ be: “Kpɔ ale si wònyo eye wòvivinae ɖa ne nɔviwo le afi ɖeka le ɖekawɔwɔ me!”—Ps. 133:1.
HADZIDZI 90 Mide Dzi Ƒo Na Mia Nɔewo