INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 June axa 26-31
  • Míesrɔ̃ Nu Tso Nufiala Gãtɔ Gbɔ Le Míaƒe Agbe Me Katã

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míesrɔ̃ Nu Tso Nufiala Gãtɔ Gbɔ Le Míaƒe Agbe Me Katã
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • DZINYELAWO ÐO KPƆÐEŊU NYUI NAM
  • MÍEDZE ƔEYIƔIAWO KATÃ ƑE SUBƆSUBƆDƆA GƆME
  • MÍEZU DUTANYANYUIGBLƆLAWO
  • MÍESUBƆ LE EUROPA, EMEGBE MÍEVA AFRIKA
  • MÍEYI TITINA ƔEDZEƑE
  • MÍEGATRƆ YI AFRIKA
  • Meɖoe Kplikpaa Be Nyemana Nye Asiwo Nado Agblɔ O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Yehowa Yram Wu Ale Si Mesusui
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Yehowa ‘Na Nye Mɔwo Dzɔ’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Nu Dodzidzɔname Siwo Míekpɔ Le Yehowa Subɔsubɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 June axa 26-31
Franco Dagostini.

AGBEMEŊUTINYA

Míesrɔ̃ Nu Tso Nufiala Gãtɔ Gbɔ Le Míaƒe Agbe Me Katã

ABE ALE SI FRANCO DAGOSTINI GBLƆE ENE

LE NYE kple srɔ̃nye ƒe mɔɖeɖedɔa kple dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ mea, míeto nɔnɔme dziŋɔ aɖewo me. Míedo go asrafowo zi geɖe wolé tu ɖe asi henɔ amewo ƒe agba me kam, míekpɔ ale si amewo tɔ dzo nu tsɔ xe mɔ le teƒe geɖewo. Míekpɔ eteƒe ahomya sesẽwo tu gblẽ nuwo, míekpɔ dukɔmeviʋawo teƒe, eye ehiãna ɣeaɖewoɣi be míasi le mía nɔƒe. Togbɔ be míeto nu siawo me hã la, nyametsotso si míewɔ le agbe me la meve mí kpɔ o. Yehowa kpe ɖe mía ŋu eye wòyra mí le wo katã me! Esi eyae nye míaƒe Nufiala Gãtɔ ta la, efia nu geɖewo hã mí.—Hiob 36:22; Yes. 30:20.

DZINYELAWO ÐO KPƆÐEŊU NYUI NAM

Le ƒe 1957 me la, dzinyelawo ʋu tso Italy yi Kindersley, le Saskatchewan, le Canada. Le ema megbe kpuiea, wosrɔ̃ Biblia me nyateƒea, eye esia va zu nu vevitɔ na mí le agbe me. Meɖo ŋku edzi be le nye ɖevimea, mekplɔa dzinyelawo ɖo míenɔa gbeadzi ŋkeke bliboa, eya ta ɣeaɖewoɣi megblɔna fefetɔe be medze “kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa” gɔme esime mexɔ ƒe enyi!

Franco ƒe ɖevime, eya kple edzilawo kpakple nɔviawo.

Nye kple dzinyelawo kple nɔvinyewo, le ƒe 1966 me lɔƒo

Dzinyelawo da ahe, ke hã woɖo kpɔɖeŋu nyui na mí le ale si míatsɔ nuwo asa vɔ le Yehowa subɔsubɔ me. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1963 mea, wodzra woƒe nunɔamesi geɖe be woate ŋu akpɔ ga ayi dukɔwo dome takpekpe le Pasadena, California, le Amerika. Le ƒe 1972 mea, míeʋu yi Trail, British Columbia, le Canada be míaɖakpe ɖe Italia-gbedola siwo le afi ma ŋu. Edidi tso teƒe si míenɔa gbɔ kilometa 1,000 sɔŋ. Fofonye wɔa dɔ le fiase gã aɖe me eye eƒe dɔe nye be wòana teƒea nanɔ dzadzɛ. Ne wobe woadoe ɖe ŋgɔ le dɔa mea, melɔ̃na o elabe edi be yeakpɔ ɣeyiɣi awɔ dɔ na Yehowa.

Meda akpe na dzinyelawo be woɖo kpɔɖeŋu nyui na nye kple nɔvinye etɔ̃awo. Mexɔ hehe nyui aɖe tso dzinyelawo gbɔ le Yehowa subɔsubɔ me. Nu vevi aɖe si mesrɔ̃ tso wo gbɔ si le vi ɖem nam va se ɖe egbee nye be: Ne metsɔ Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ la, Yehowa alé be nam.—Mat. 6:33.

MÍEDZE ƔEYIƔIAWO KATÃ ƑE SUBƆSUBƆDƆA GƆME

Le ƒe 1980 mea, meɖe Debbie; enye nɔvinyɔnu dzetugbe aɖe si ɖo gbɔgbɔmetaɖodzinu nyui geɖe. Esi míedi be míawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ta la, ɣleti etɔ̃ le míaƒe srɔ̃ɖeɖea megbea, Debbie dze mɔɖeɖedɔa gɔme. Ƒe ɖeka le míaƒe srɔ̃ɖeɖe megbea, míeʋu yi hame sue aɖe si me hiahiã geɖe le la me, eye nye hã medze mɔɖeɖedɔa gɔme.

Franco kple Debbie, esime woɖe srɔ̃.

Míaƒe srɔ̃ɖegbe, le ƒe 1980 me

Eva ɖo ɣeaɖeɣia, dzi ɖe le mía ƒo ale gbegbe be míedi be míatrɔ adzo. Gake míeɖo dze tso eŋu na nutome sue dzikpɔlaa gbã. Eƒo nu na mí lɔlɔ̃tɔe, gake eyi nyaa gbɔ tẽe be: “Kuxia ƒe akpa aɖe tso miawo ŋutɔwo gbɔ. Miaƒe susu le kuxiawo ko ŋu akpa. Gake ne mieke ŋku nyuiea, miade dzesi yayraawo hã.” Aɖaŋuɖoɖo ma tututue míehiã. (Ps. 141:5) Míewɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi enumake eye eteƒe medidi o míede dzesii be nyateƒee, nu nyuiwo le dodom tso míaƒe afi sia vava me. Míekpɔe be míaƒe afi sia vava wɔe be dzo ɖo nɔviawo me wodi be yewoawɔ geɖe na Yehowa, ɖevi suesuewo kple ame siwo srɔ̃ menye Ðasefo o gɔ̃ hã le agbagba dzem. Esia nye nufiame vevi aɖe na mí be míatsɔ susu aɖo nu nyuiwo ŋu eye míakpɔ Yehowa sinu be wòava ɖɔ nuwo ɖo. (Mika 7:7) Dzi va nɔ mía dzɔm eye nuwo va ka ɖe eme.

Nɔvi siwo fia nu le mɔɖelawo ƒe suku gbãtɔ si míedea subɔ le duta kpɔ. Wotsɔ fotowo fia mí eye woƒo nu tso fotoawo ŋu si na míekpɔ kuxi siwo me woto kple yayra siwo do tso woƒe subɔsubɔdɔawo me. Esia na míeva di vevie be míasubɔ le duta, eya ta míetso nya me be míava zu dutanyanyuigblɔlawo.

Woha sno le Fiaɖuƒe Akpata aɖe ŋgɔ.

Míele Fiaɖuƒe Akpata aɖe gbɔ le British Columbia, le ƒe 1983 me

Be míate ŋu aɖo taɖodzinu sia gbɔa, míeʋu yi Quebec, afi si Franse-gbedolawo le, le ƒe 1984 me. Afi ma didi kilometa 4,000 kple edzivɔ tso British Columbia gbɔ. Esia fia be míatrɔ ɖe gbegbɔgblɔ kple dekɔnu yeye kura ŋu. Kuxi bubue nye be zi geɖea, míaƒe kotoku me ƒuna kplakplakpla. Eɖo ɣeaɖeɣia, míeɖatsana le ame aɖe ƒe agble dzi fɔa nagote wuwlui siwo tsi anyi hafi kpɔa nu ɖuna. Esi wònye nagote koe míeɖuna ɣemaɣi ta la, Debbie va bi ɖe eŋudɔ wɔwɔ me ale gbegbe! Togbɔ be míeto nɔnɔme mawo me hã la, míedze agbagba be míado dzi kple dzidzɔ. Míekpɔe hã be Yehowa nɔ be lém na mí.—Ps. 64:10.

Gbe ɖeka la, míexɔ kaƒoƒo aɖe si míenɔ mɔ kpɔm na o. Wokpe mí be míava subɔ le Canada Betel. Gake do ŋgɔa, míekpe agbalẽ ɖo be míade Gilead Sukua, eya ta esi wokpe mí be míava subɔ le Betel la, míewɔ yaa. Gake míelɔ̃ yi. Esi míevae ɖo la, míebia Nɔviŋutsu Kenneth Little, si nye Alɔdzekɔmitia me tɔ be, “Ke Gilead Suku dɔbiagbalẽ si míekpe ɖo ya ɖe?” Eɖo eŋu be, “Migatre dzodzo na ʋu gã o.”

Kwasiɖa ɖeka megbe koe ‘ʋu gã la te ɖiɖi.’ Wokpe nye kple Debbie be míade Gilead Sukua. Fifia ehiã be míatso nya me. Nɔviŋutsu Little gblɔ na mí be: “Tiatia ka kee mieɖawɔ o, ɣeaɖewoɣi awɔ na mi be ne ɖe yewonyaa ne yewo tia kemɛa. Ðeke menyo wu nɔvia o. Yehowa ate ŋu ayra ɖe ɖe sia ɖe dzi.” Eya ta míetiae be míade Gilead Sukua. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, míeva kpɔe be nya si Nɔviŋutsu Little gblɔa nye nyateƒe troloo. Zi geɖea, míetsɔa eƒe nyawo ɖoa aɖaŋu na ame siwo wòahiã be woawɔ tiatia siawo tɔgbi.

MÍEZU DUTANYANYUIGBLƆLAWO

(Miame) Ulysses Glass

(Ðusime) Jack Redford

Dzi dzɔ mí ŋutɔ be míenɔ sukuvi 24 siwo de Gilead Suku ƒe klass 83 lia dome. Míedze sukua gɔme le Brooklyn, New York, le April 1987 me. Nɔviŋutsu Ulysses Glass kple Jack Redford koŋ ye nye míaƒe nufialawo. Kasia ɣleti atɔ̃ va yi xoxo. Míewu sukua nu le September 6, ƒe 1987 me. Woɖo mí ɖe Haiti, tsɔ kpe ɖe John kple Marie Goode ŋu.

Franco kple Debbie le gbeadzi le ƒuta le Haiti.

Le Haiti, ƒe 1988

Tso esime wonyà dutanyanyuigblɔlawo le Haiti le ƒe 1962 mea, womegaɖo wo ɖe afi ma kpɔ o. Kwasiɖa etɔ̃ le míaƒe sukua nu wuwu megbea, míeva ɖo Haiti henɔ subɔsubɔm le hame sue aɖe si me gbeƒãɖela 35 le me, le tonuto totroe aɖe me. Míetsi o, eya ta nuteƒekpɔkpɔ boo mesu mía si o, eye míawo ɖeɖee nɔ dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒea me. Nutoa me tɔwo da ahe kolikoli, eye wo dometɔ akpa gãtɔ menya nuxexlẽ o. Le míaƒe dɔa ƒe gɔmedzeɣi lɔƒoa, míekpɔ ʋunyaʋunyawo teƒe, amewo tsɔ akpasesẽ ɖe dukplɔlawo le zi dzi, wotɔ dzo lɔri tayawo tsɔ xe ʋumɔwo le teƒeteƒewo, eye míekpɔ ale si ahomya sesẽwo tu gblẽ nui hã teƒe.

Míesrɔ̃ nu geɖe tso mía nɔvi siwo le Haiti gbɔ; wodo dzi nɔ te sesĩe heyi edzi nɔ dzidzɔ kpɔm. Agbea menɔ bɔbɔe na wo dometɔ geɖe o, gake wolɔ̃ Yehowa kple subɔsubɔdɔa. Nɔvinyɔnu tsitsi aɖe menya nuxexlẽ o, gake elé mawunyakpukpui 150 kloe ɖe ta me. Nu siwo me míetona gbe sia gbe na míeɖoe kplikpaa be míayi edzi aɖe gbeƒã Fiaɖuƒe gbedeasia elabe míenya be Fiaɖuƒea koe akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ. Ne míekpɔ ale si ame gbãtɔ siwo míesrɔ̃ Biblia kplii dometɔ aɖewo va zu mɔɖelawo, mɔɖela veviwo, kple hamemetsitsiwo la, dzi dzɔa mí glo.

Esi míenɔ Haiti la, medo go ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Trevor. Enye Mormontɔwo ƒe mawunyadɔgbedela, eye mɔnukpɔkpɔ su asinye meɖoa dze kplii tso Biblia ŋu ɣeaɖewoɣi. Ƒe aɖewo megbea, eŋlɔ lɛta ɖo ɖem si wɔ nuku nam ŋutɔ. Eŋlɔ ɖe eme be: “Mele nyɔnyrɔ xɔ ge le nutome sue takpekpe si gbɔna me! Medi be matrɔ ava Haiti ava wɔ mɔɖela vevi ƒe dɔa le teƒe si tututu menye Mormontɔwo ƒe mawunyadɔgbedela le va yi.” Eya kple srɔ̃a wowɔe abe ale si wògblɔe ene ƒe geɖe.

MÍESUBƆ LE EUROPA, EMEGBE MÍEVA AFRIKA

Franco le eƒe kplɔ ŋu le dɔ wɔm.

Esi menɔ subɔsubɔm le Slovenia, le ƒe 1994 me

Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa nɔ ta kekem le Europa ƒe akpa aɖe, eye woɖo mí ɖa be míasubɔ le afi ma. Le ƒe 1992 mea, míeva ɖo Ljubljana le Slovenia. Afi ma lɔƒoe dzinyelawo nɔ hafi va ʋu yi Italy. Aʋa gakpɔtɔ nɔ edzi yim le nuto si woyɔna tsã be Yugoslavia me. Nɔvi siwo nɔ Vienna le Austria, Zagreb le Croatia, kple Belgrade le Serbia, ye nɔ dɔa dzi kpɔm le nuto ma me tsã. Azɔ wova ɖoe be alɔdzedɔwɔƒe nanɔ dukɔ siwo xɔ ablɔɖe la dometɔ ɖe sia ɖe me.

Tɔtrɔ sia fia be ele be míagatrɔ ɖe gbegbɔgblɔ kple dekɔnu bubu ŋu. Nutoa me tɔwo gblɔna be, “Jezik je težek,” eye egɔmee nye “Mía degbea sesẽ.” Esesẽ hã vavã! Nɔvi siwo lɔ̃ faa trɔ ɖe habɔbɔa ƒe mɔfiame yeyewo ŋu ƒe nu doa dzidzɔ na mí ale gbegbe, eye míekpɔ ale si Yehowa yra woe. Míekpɔ ale si Yehowa ɖɔa nuwo ɖo ɣesiaɣi le lɔlɔ̃ me le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la le afi sia hã. Le ƒe siwo míenɔ Slovenia mea, nu siwo míesrɔ̃ va yi la kpe ɖe mía ŋu míete ŋu do dzi, eye míegasrɔ̃ nu bubuwo kpee.

Gake tɔtrɔwo ganɔ ŋgɔ na mí. Le ƒe 2000 mea, woɖo mí ɖe Côte d’Ivoire le Ɣetoɖoƒe Afrika. Emegbe le November 2002 mea, dukɔmeviʋa dzɔ eye míesi yi Sierra Leone. Evɔ le Sierra Leone hã, dukɔmeviʋa si yi edzi ƒe 11 sɔŋ la ke koe nye ema. Ete ɖe mía dzi be míadzo le Côte d’Ivoire kpata nenema. Gake nu siwo míesrɔ̃ va yi kpe ɖe mía ŋu míeyi edzi nɔ dzidzɔ kpɔm.

Míedo vevie nu le anyigbamama siwo me dɔa nɔ ku tsem le me, eye míaƒe susu nɔ mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔlɔ̃a siwo do dzi le aʋawɔɣi ƒe geɖe ŋu. Nu mede wo dzi o, gake wodina be yewoama nu ʋɛ si le yewo si kple amewo faa. Gbe ɖekaa, nɔvinyɔnu aɖe na awu aɖewo Debbie. Esi Debbie menɔ didim be yeaxɔe o la, nɔvinyɔnua ƒoe ɖe enu be wòaxɔe hegblɔ be: “Esi aʋaa nɔ edzi yim la, nɔvi siwo le dukɔ bubuwo mee kpe ɖe mía ŋu. Fifia eɖo míawo hã dzi be míakpe ɖe amewo ŋu.” Míeɖoe be míasrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua.

Mlɔeba míetrɔ yi Côte d’Ivoire, gake ʋunyaʋunya si nɔ mo dom ɖa la va do gã ɖe edzi. Eya ta le November 2004 mea, wotsɔ helikɔpta va kɔ mí dzoe le afi si míenɔ. Akplo sue aɖe koe mía dometɔ ɖe sia ɖe te ŋu kɔ ɖe asi. Wokɔ mí yi Franseawo ƒe asrafonɔƒe aɖe eye anyigbae míemlɔ ŋu ke hafi míeɖo yameʋu yi Switzerland. Míeva ɖo alɔdzedɔwɔƒea le zã ga 12 lɔƒo, eye Alɔdzekɔmitia me tɔwo kple Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku ƒe nufialawo kpakple wo srɔ̃wo va do dzaa na mí hewɔ atuu na mí. Wona nuɖuɖu dzodzoe kple Switzerlandtɔwo ƒe tsokola vivi gbogbo aɖewo mí. Esia wɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ.

Franco le nuƒo ƒom le Fiaɖuƒe Akpata aɖe me le Côte d’Ivoire.

Esime menɔ nu ƒom na sitsoƒedilawo le Côte d’Ivoire, le ƒe 2005 me

Emegbe woɖo mí ɖe Ghana vie, gake esi ʋunyaʋunyaa tɔ le Côte d’Ivoire la, míegatrɔ yi afi ma. Ɣesiaɣi si wòva hiã be míaʋu kpata ayi teƒe bubuwo la, nɔviawo ƒe dɔmenyonyo kpe ɖe mía ŋu le ɣeyiɣi mawo me. Nye kple Debbie míegblɔ na mía nɔewo be, nɔvilɔlɔ̃ siae Yehowa di be wòanɔ yeƒe amewo dome, míabui nu tsɛ gbeɖe o. Le nyateƒe mea, nu siwo míesrɔ̃ le ɣeyiɣi sesẽ mawo me hã nye hehe si míexɔ ƒe akpa vevi aɖe.

MÍEYI TITINA ƔEDZEƑE

Franco kple Debbie ɖi tsa yi afi si blemadu aɖewo nɔ le Titina Ɣedzeƒe.

Esime míenɔ Titina Ɣedzeƒe, le ƒe 2007 me

Le ƒe 2006 mea, míexɔ lɛta aɖe tso habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã be woɖo mí ɖe Titina Ɣedzeƒe. Eya ta ehiã be míagatrɔ ɖe mɔzɔzɔ yeyewo, kuxi yeyewo, gbegbɔgblɔ yeyewo, kple dekɔnu yeyewo ŋu. Nu geɖe li wòle be míasrɔ̃ le nuto sia si me dunyahehe kple mawusubɔsubɔ me nyawo hea kuxi geɖe vanɛ lea me. Dzi dzɔ mí ŋutɔ be gbeƒãɖela siwo le hameawo me la doa gbe vovovowo, eye míekpɔ ale si teokrasi mɔfiamewo dzi wɔwɔ hea ɖekawɔwɔ vanɛ teƒe. Nɔviawo ƒe nu lé dzi na mí ŋutɔ, elabe dzi nɔ wo dometɔ akpa gãtɔ ƒo wodo dzi le ƒometɔwo, sukuhatiwo, dɔwɔhatiwo kple aƒelikawo si me.

To vovo na takpekpe si Yehowa ƒe amewo wɔ le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi si ame gbogbo aɖewo de la, takpekpe si wowɔ le nuto ma me si me amewo gasɔ gbɔ le ŋutɔe nye esi míede le Tel Aviv, le Israel le ƒe 2012 me. Enɔ etexɛe; míaŋlɔe be akpɔ gbeɖe o!

Le ƒe mawo mea, wodɔ mí míeyi ɖasrã nɔviwo kpɔ le dukɔ aɖe si me woxe mɔ ɖe míaƒe dɔa nu le me. Míetsɔ habɔbɔa ƒe agbalẽwo yi, míede gbeadzi hede takpekpe siwo wowɔ le ƒuƒoƒo suewo me kple nɔviawo. Míedoa go ame siwo kpla tu henɔa amewo ƒe nuwo me kam le teƒe vovovowo, gake esi wònye gbeƒãɖelawo le mía ŋu ta la, míevɔ̃na o, ke hã míeɖɔa ŋu ɖo.

MÍEGATRƆ YI AFRIKA

Franco le nu ŋlɔm ɖe eƒe kɔmpiuta dzi.

Esime menɔ nuƒo dzram ɖo le Congo, le ƒe 2014 me

Le ƒe 2013 mea, wode dɔ bubu mía si. Eyae nye be míasubɔ le Kinshasa alɔdzedɔwɔƒea le Congo, si nye dukɔ gã nyadri aɖe si me dzɔdzɔmenu dzeaniwo bɔ ɖo. Gake aʋawɔwɔ enuenu gblẽ nu le dukɔa ŋu eye amewo da ahe kolikoli. Le gɔmedzedzea, míegblɔ be: “Míenya Afrika nyuie, eya ta vɔvɔ̃ meli kura o.” Gake nu geɖe gali wòle be míasrɔ̃, vevietɔ ne míele mɔ zɔm ayi teƒe siwo mɔwo menyo le o. Togbɔ be enɔ alea hã, míena míaƒe susu nɔ nu nyuiwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ale si mía nɔviawo doa vevie nu hekpɔa dzidzɔ togbɔ be ganyawo mede wo dzi o hã, ale si wolɔ̃ subɔsubɔdɔa kple agbagba siwo gbegbe wodzena hafi dea kpekpewo kple takpekpewo. Míekpɔ eteƒe Yehowa ƒe yayra kple kpekpeɖeŋu wɔe be Fiaɖuƒedɔa kpɔ dzidzedze. Míesrɔ̃ nu geɖe le ƒe siwo míetsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa le Congo me, eye ame geɖewo va zu míaƒe ƒometɔwo.

Franco kple nɔvi aɖewo le gbeadzi, wozɔ yina kɔƒenuto aɖe me.

Esime míenɔ gbeƒã ɖem le South Afrika, le ƒe 2023 me

Le ƒe 2017 ƒe nuwuwua, míeva ɖo South Afrika. Esiae nye alɔdzedɔwɔƒe gãtɔ si míesubɔ le, eye dɔ si wode asi na mí le Betel gɔ̃ hã nye dɔ si míewɔ kpɔ o. Le afi sia hã, ehiã be míasrɔ̃ nu geɖe, gake nu siwo míesrɔ̃ va yi kpe ɖe mía ŋu. Míeva lɔ̃ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siawo siwo do dzi wɔ nuteƒe ƒe geɖe. Eye ewɔa nuku na mí ŋutɔ ne míekpɔ ale si Betel-ƒomea me tɔwo wɔa dɔ ɖekae togbɔ be wotso teƒe vovovowo hã. Edze ƒãa be Yehowa yra eƒe amewo ale be ŋutifafa vavãtɔ le wo dome elabe wodo amenyenye yeyea eye wowɔa Biblia me gɔmeɖosewo dzi.

Le ƒe geɖe siwo va yi mea, wode dɔ vovovowo nye kple Debbie si, míetrɔ ɖe dekɔnu yeyewo ŋu, eye míesrɔ̃ gbe yeye geɖe. Menɔ bɔbɔe na mí ɣesiaɣi o, gake míekpɔe be Yehowa toa mía nɔviwo ƒe habɔbɔa dzi ɖea lɔlɔ̃ si nu metsina wo fiaa mí ɣesiaɣi. (Ps. 144:2) Míeka ɖe edzi be hehe si míexɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me la na míeva zu Yehowa subɔla ɖɔʋuwo.

Medaa akpe ɖe hehe si dzinyelawo nam; ale si srɔ̃nye Debbie lɔlɔ̃a kpea asi ɖe ŋunye; kple kpɔɖeŋu nyui geɖe siwo nɔviwo le xexea me godoo ɖo la ta. Esi nye kple srɔ̃nye míele ale si nuwo ava nɔ le etsɔme ŋu bum la, míeɖoe kplikpaa be míayi edzi anɔ nu siwo míaƒe Nufiala Gãtɔ la di be yeafia mí la srɔ̃m.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe