INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 July axa 14-19
  • Àgate Ŋu Asrɔ̃ Nu Geɖe Tso Biblia Ƒe Gɔmedzenufiafiawo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àgate Ŋu Asrɔ̃ Nu Geɖe Tso Biblia Ƒe Gɔmedzenufiafiawo Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • YEHOWAE NYE WƆLA LA
  • NU SI TAE MAWU ÐE MƆ FUKPEKPE LI
  • MÍELE “ŊKEKE MAMLƐAWO” ME
  • YI EDZI NÀKPƆ ŊUDZEDZE ÐE YEHOWA ƑE ŊKUÐODZINYAWO ŊU
  • Lɔ̃ Ðe Edzi Ðokuibɔbɔtɔe Be Menye Nu Sia Nue Yeate Ŋu Anya O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Di Ŋuɖoɖo Na Nyabiase Siawo
    Ƒe 2025-2026 Nutome Sue Takpekpe Si Woawɔ Kple Nutome Sue Dzikpɔla
  • Wò Nyametsotsowo Neɖee Fia Be Èɖoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • De Dzesi Vovototo Si Le Nyateƒe Kple Alakpa Dome
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 July axa 14-19

NUSƆSRƆ̃NYATI 30

HADZIDZI 97 Mawu Ƒe Nya Nue Míenɔa Agbe Ðo

Àgate Ŋu Asrɔ̃ Nu Geɖe Tso Biblia Ƒe Gɔmedzenufiafiawo Me

‘Meɖoe be manɔ ŋku ɖom nu siawo dzi na mi ɣesiaɣi, togbɔ be mienya wo, eye mieli ke sesĩe le nyateƒea me hã.’—2 PET. 1:12.

TAÐODZINUA

Le nyati sia me la, míakpɔ ale si Biblia ƒe gɔmedzenufiafia siwo míesrɔ̃ va yi agate ŋu aɖe vi na mí egbea.

1. Aleke Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo ɖe vi na wòe?

NU GBÃTƆ siwo míesrɔ̃ le Biblia me la trɔ míaƒe agbe kura. Le kpɔɖeŋu me, esi míeva srɔ̃e be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa la, esia kpe ɖe mía ŋu míeɖe afɔ gbãtɔ va zu exɔlɔ̃wo. (Yes. 42:8) Esi míesrɔ̃e be ne ame ku koa meganyaa naneke o la, míaƒe dzi dze eme elabena ewɔe be míegavɔ̃na na kukuawo o. (Nyagb. 9:10) Eye esi míeva nyae be Mawu do ŋugbe be anyigbaa ava zu Paradiso la, míegatsia dzi ɖe etsɔ ŋu o. Elabena míeka ɖe edzi be menye ƒe 70 alo ƒe 80 aɖewo koe míanɔ agbe o, ke boŋ míanɔ agbe tegbee.—Ps. 37:29; 90:10.

2. Le 2 Petro 1:​12, 13 ƒe nya nu la, nu kae Petro wɔ tsɔ kpe ɖe nɔvia Kristotɔwo ŋu, eye nu ka tae?

2 Mele be míabu nu vevi siwo míesrɔ̃ le Biblia me gbã la nu tsɛ kura o. Kristotɔ siwo ‘li ke sesĩe le nyateƒea me’ ye apostolo Petro ŋlɔ eƒe agbalẽ evelia na. (Xlẽ 2 Petro 1:​12, 13.) Elabe ɣemaɣi la, aʋatsonufiala aɖewo va tra ɖe hamea me dzaa eye wodi be yewoahe ame geɖe ɖa le nyateƒea me. (2 Pet. 2:​1-3) Eya ta Petro di vevie be yeado ŋusẽ nɔviawo akpe ɖe wo ŋu be amewo nagaflu wo o. Nu si Petro wɔ tsɔ kpe ɖe wo ŋue nye be eɖo ŋku nu siwo wosrɔ̃ va yi dometɔ aɖewo dzi na wo. Nufiafia vevi mawo akpe ɖe wo ŋu woayi edzi awɔ nuteƒe va se ɖe nuwuwu.

3. Nu ka tae wòle vevie be mí katã míayi edzi anɔ ŋugble dem le Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo ŋu? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

3 Ne ɣeyiɣi didi aɖee nye esia míele Yehowa subɔm gɔ̃ hã la, míagate ŋu asrɔ̃ nu yeye geɖe tso Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo me. Le kpɔɖeŋu me, vidada aɖe si bi ɖe nuɖaɖa me kple via ate ŋu azã detsiƒonu mawo ke atsɔ aɖa nu. Gake esi wònye vidadaa zã detsiƒonu mawo ƒe geɖe ta la, enya ale si wòagatrɔ asi le wo ŋu le mɔ bubuwo nu be nuɖuɖua nagalé aɖe wu. Nenema kee mí ame siwo le Yehowa subɔm ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la, míagate ŋu ade dzesi nu yeyewo le mawunyakpukpui mawo ke me wu ame siwo le Yehowa subɔm eteƒe medidi o. Anɔ eme be tso esime míedze Yehowa subɔsubɔ gɔme la, míaƒe nɔnɔmewo trɔ eye mɔnukpɔkpɔ yeyewo su mía si le Yehowa subɔsubɔ me. Ne míede ŋugble le nu siwo míesrɔ̃ le Biblia me va yi ŋu eye míetsɔe sɔ kple míaƒe nɔnɔmea fifia la, míagate ŋu ade dzesi nufiame yeyewo le wo me siwo aɖe vi na mí. Na míakpɔ ale si Biblia ƒe gɔmedzenufiafia vevi etɔ̃ aɖewo ate ŋu agaɖe vi na ame siwo le Yehowa subɔm ɣeyiɣi didi aɖee nye esia.

YEHOWAE NYE WƆLA LA

4. Esi míeva nyae be Yehowae nye Wɔla la, aleke wòɖe vi na mí?

4 Biblia gblɔ be: “Ame si wɔ nuwo katãe nye Mawu.” (Heb. 3:4) Míenya be Nunyala Gã, si nye Ŋusẽkatãtɔ aɖee wɔ míaƒe anyigbaa kple nu gbagbe siwo katã le edzi. Eyae wɔ mí, eya ta enya mí tsitotsito. Gawu la, etsɔ ɖe le eme na mí ŋutɔ. Enya nu siwo aɖe vi na mí. Nyateƒenya vevi si míenya be Yehowae nye Wɔla la kpɔ ŋusẽ nyui ɖe mía dzi eye wòna tameɖoɖo va le míaƒe agbe ŋu.

5. Nyateƒenya kae ate ŋu ana míabɔbɔ mía ɖokui? (Yesaya 45:​9-12)

5 Yehowae nye mía Wɔla. Nyateƒenya sia na míekpɔe be ele be míabɔbɔ mía ɖokui. Le kpɔɖeŋu me, Hiob meɖo ŋku nya vevi si le toa me dzi o; eƒe susu katã nɔ eɖokui ko ŋu eye wònɔ eɖokui ta ʋlim le alakpaxɔlɔ̃awo ŋkume. Esia na wògblɔ nya siwo mesɔ o tso Yehowa ŋu. Eya ta Yehowa ɖo ŋku edzi nɛ be yee nye Wɔla Ŋusẽkatãtɔ la. (Hiob 38:​1-4) Hiob va kpɔe be Mawu ƒe mɔwo de ŋgɔ boo wu amegbetɔwo tɔ. Nyateƒenya sia tae nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be: “Ðe tsu agblɔ na zemela be: ‘Nu ka wɔm nèlea?’”—Xlẽ Yesaya 45:​9-12.

6. Ɣekaɣie wòhiã be míade ŋugble le Yehowa ƒe nunya kple ŋusẽ ŋu geɖe wu? (Kpɔ fotoawo hã.)

6 Ne Kristotɔ aɖe le Yehowa subɔm ƒe geɖee nye esia la, ate ŋu adzɔ be wòava nɔ ŋu ɖom ɖe eya ŋutɔ ƒe nuŋububu ŋu wu be wòaɖo ŋu ɖe Yehowa kple eƒe Nyaa ŋu. (Hiob 37:​23, 24) Gake ne edia ɣeyiɣi dea ŋugble tsitotsito tso Wɔlaa ƒe ŋusẽ kple eƒe nunya deŋgɔa ŋu la, ŋusẽ kae wòakpɔ ɖe edzi? (Yes. 40:22; 55:​8, 9) Ava kpɔe be Yehowa ƒe susuwo kɔ boo wu ye tɔ eye esia ana wòabɔbɔ eɖokui.

Fotoawo: 1. Hamemetsitsi aɖe do susu aɖe ɖa le woƒe kpekpe aɖe me, gake ewɔ moyaa na hamemetsitsi susɔeawo. 2. Emegbe hamemetsitsi si do susua ɖa la le ŋku lém ɖe ɣletiviwo ŋu le zã me eye wòle ŋugble dem.

Nu kae akpe ɖe mía ŋu míaɖo ŋku edzi be Yehowa ƒe susu de ŋgɔ sãsãsã wu mía tɔ? (Kpɔ memama 6)d


7. Nu kae Rahela wɔ si kpe ɖe eŋu wòlɔ̃ ɖe tɔtrɔ siwo habɔbɔa wɔ dzi?

7 Rahela si le Slovenia de dzesii be ŋugbledede tso Wɔlaa ŋu kpe ɖe ye ŋu yeva lɔ̃ ɖe tɔtrɔ siwo wɔm habɔbɔa le la dzi. Egblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, avu kple kɔe wònyena nam be malɔ̃ ɖe tɔtrɔ siwo habɔbɔa wɔ la dzi. Le kpɔɖeŋu me, mekpɔ Ƒe 2023 Dɔdzikpɔha Ƒe Nyatakaka Enyilia si ku ɖe ale si nɔviŋutsuwo ate ŋu aɖo ge ŋu. Gake zi gbãtɔ si mekpɔ nɔviŋutsu aɖe si ɖo ge nɔ nuƒo ƒom le kplɔ̃ta la, ewɔ nam be mesɔ kura o. Eya ta medo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye malɔ̃ ɖe tɔtrɔ yeye sia dzi.” Rahela ɖo ŋku edzi be Yehowae nye dziƒo kple anyigba Wɔla, eye eyae nya ale si wòafia mɔ eƒe habɔbɔa le mɔ nyuitɔ nu. Eya ta ne esesẽ na wò be nàse numekɔkɔ yeye aɖe gɔme alo nàlɔ̃ ɖe mɔfiame yeye aɖe dzi la, anyo be nàbɔbɔ ɖokuiwò ahade ŋugble le mía Wɔla Gã la ƒe nunya deto kple ŋusẽ si seɖoƒe meli na o la ŋu.—Rom. 11:​33-36.

NU SI TAE MAWU ÐE MƆ FUKPEKPE LI

8. Esi nèva nya nu si tae Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu la, aleke wòɖe vi na wòe?

8 Nu ka tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li? Ame siwo menya biabia sia ƒe ŋuɖoɖo o la dometɔ aɖewo do dziku ɖe Mawu ŋu alo woƒo nya ta gɔ̃ hã be Mawu meli kura o! (Lod. 19:3) Gake wòya èva srɔ̃e be menye Yehowa gbɔe fukpekpe tso o, ke boŋ nu vɔ̃ kple blibomademade si ƒe dome míenyi gbɔe wòtso. Èva srɔ̃e hã be esi Yehowa gbɔ dzi ɖi na mí tae ame miliɔn geɖe va nya eyama kple ɖoɖo si wòwɔ be yeaɖe fukpekpe ɖa keŋkeŋ. (2 Pet. 3:​9, 15) Esi nèva se nu si tae Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu gɔme la, esia fa akɔ na wò eye wòte wò ɖe eyama ŋu.

9. Ɣeyiɣi kawo mee wòahiã le be míade ŋugble le susu siwo tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ŋu?

9 Míele Yehowa sinu kpɔm be wòaɖe fukpekpe ɖa, gake míenya hã be ele vevie be míagbɔ dzi ɖi. Ke hã, ne míawo ŋutɔwo alo míaƒe ame vevi aɖe le nɔnɔme sesẽwo me tom, wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu, alo míaƒe ame vevi aɖe ku la, ate ŋu adzɔ be míava nɔ mía ɖokui biam be, ‘Nu ka tae Yehowa mele afɔ ɖem kaba o?’ (Hab. 1:​2, 3) Le ɣeyiɣi mawo tɔgbi me la, anyo be míade ŋugble le susu siwo tae Yehowa ɖea mɔ ame dzɔdzɔewo kpea fu la ŋu.a (Ps. 34:19) Azɔ hã, míate ŋu ade ŋugble le tame si wòɖo kplikpaa be yeava ɖe fukpekpe ɖa la ŋu.

10. Nu kae kpe ɖe Anne ŋu wòte ŋu le dzi dom le nɔa ƒe ku megbe?

10 Nu siwo míeva nya tso nu si tae fukpekpe li ɖo ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi. Anne si le Mayotte ƒukpoa dzi, le India Ƒugã la titina gblɔ be: “Ƒe ʋɛ aɖewoe nye esia nɔnye ku eye meléa blanui vevie. Gake meɖoa ŋku edzi na ɖokuinye edziedzi be menye Yehowa gbɔe fukpekpe tso o. Ke boŋ edi vevie be yeaɖe fukpekpewo katã ɖa eye yeafɔ míaƒe ame vevi siwo ku la ɖe tsitre. Ŋugbledede le nyateƒenya vevi siawo ŋu dea dzi ƒo nam eye wònana nye susu dzea akɔ anyi.”

11. Esi míeva nya susu siwo tae Yehowa ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu la, aleke esia akpe ɖe mía ŋu míayi edzi aɖe gbeƒã?

11 Nyateƒenya siwo míenya ku ɖe nu si tae Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu ate ŋu aʋã mí míayi edzi aɖe gbeƒã. Petro ɖe esia me na nɔviawo be Yehowa gbɔ dzi ɖi elabena edi be amewo natrɔ dzi me ne woakpɔ ɖeɖe. Eyome eɖo aɖaŋu na wo be: “Mibu ame siwo ƒomevi wòle be mianye le agbe kɔkɔe nɔnɔ kple ɖokuitsɔtsɔ na Mawu me ŋu.” (2 Pet. 3:11) Nu siwo aɖee afia be ‘míetsɔ mía ɖokui na Mawu’ dometɔ ɖekae nye gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ. Míelɔ̃ amewo abe mía Fofo la ke ene. Eya ta míedi be woanɔ agbe le Mawu ƒe xexe yeyea me. Esi Yehowa ƒe dzigbɔɖi ʋu mɔ na amewo le wò nutoa me be woava subɔ ye ta la, mɔnukpɔkpɔ gã su asiwò be nàwɔ dɔ kple Mawu akpe ɖe ame geɖe ŋu ale si wòanya wɔe be woava srɔ̃ nu tso eyama ŋu hafi nuwuwua nava!—1 Kor. 3:9.

MÍELE “ŊKEKE MAMLƐAWO” ME

12. Esi míeva srɔ̃e be míele “ŋkeke mamlɛawo” me la, vi kae wòɖe na mí?

12 Biblia gblɔ ale si tututu amewo ƒe nɔnɔme anɔ “le ŋkeke mamlɛawo me” wòsɔ nyuie ŋutɔ. (2 Tim. 3:​1-5) Wòya nɔ ŋku lém ɖe amewo ƒe nɔnɔmewo ŋu ko, àkpɔ ale si nyagblɔɖiawo le eme vamee. Ale si amewo ƒe nɔnɔmewo le fievo dom ɖe edzi ɖo kpe edzi be míate ŋu aka ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi bliboe.—2 Tim. 3:​13-15.

13. Aleke kpɔɖeŋu si Yesu wɔ le Luka 12:​15-21 akpe ɖe mía ŋu?

13 Nyateƒe si wònye be míele ŋkeke mamlɛawo me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míalé fɔ ɖe nu siwo le vevie wu la ŋu. Kpɔɖeŋu si Yesu wɔ si dze le Luka 12:​15-21 ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nu si tae wòle be míalé fɔ ɖe nu siwo le vevie wu la ŋu. (Xlẽe.) Le mawunyakpukpuia me la, woyɔ ŋutsu kesinɔtɔ la be “movitɔ.” Nu ka tae? Menye esi wònye kesinɔtɔ tae o, ke boŋ esi melé fɔ ɖe nu siwo le vevie wu ŋu o tae. Ŋutsua “ƒo kesinɔnuwo nu ƒu na eɖokui, gake menye kesinɔtɔ le Mawu gbɔ o.” Nu ka tae eƒe nyaa nye ŋkubiãnya? Elabe Mawu gblɔ nɛ be: “Zã sia me ke woabia wò agbe le asiwò me.” Nufiame kae le ŋutinya sia me na mí egbea? Ɣeyiɣi si susɔ hafi nuwuwua nava megasɔ gbɔ kura o, eya ta anyo be míabia mía ɖokui be: ‘Ðe nye taɖodzinuwo ɖee fia be metsɔ nu siwo le vevie wu ɖo nɔƒe gbãtɔa? Taɖodzinu kawoe mele kpekpem ɖe vinyewo ŋu be woaɖo? Ðe mele nye ŋusẽ, ɣeyiɣi, kple nunɔamesiwo zãm tsɔ le kesinɔnuwo nu ƒom ƒu ɖe Mawu gbɔa, alo ɖe metsɔe le kesinɔnuwo nu ƒom ƒu na ɖokuinyea?’

14. Aleke Miki ƒe kpɔɖeŋua kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be ele vevie be míanɔ ŋku ɖom edzi be míele ŋkeke mamlɛawo me?

14 Ne míedea ŋugble vevie le nyateƒenya si nye be míele ŋkeke mamlɛawo me ŋu la, akpe ɖe mía ŋu míazã míaƒe agbe le mɔ nyuitɔ nu. Nyateƒenya siae kpe ɖe nɔvinyɔnu Miki ŋu. Egblɔ be: “Esi mewu sekɛndrisuku (lycée) nu la, meɖoe be mayi suku dzi asrɔ̃ nu tso lãwo ŋu wòanye nye agbemedɔ koŋ. Enye nye taɖodzinu hã be mawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa aɖasubɔ le afi si hiahiã geɖe le. Nɔvi siwo le míaƒe hamea me dometɔ aɖewo ɖo aɖaŋu nam be made ŋugble nyuie le nye taɖodzinuawo ŋu ne makpɔe ɖa be, ‘Ðe evea siaa anya wɔ nam ŋutɔŋutɔa?’ Woɖo ŋku edzi nam be esusɔ vie ko nuɖoanyi sia nawu enu. Gake le nuɖoanyi yeyea me la, mɔnukpɔkpɔa asu asinye manɔ agbe tegbee asrɔ̃ nu tso lãwo ŋu ale si mate ŋui. Eya ta meɖe asi le taɖodzinu ma ŋu va srɔ̃ dɔ si maxɔ ɣeyiɣi fũu o. Esia na mekpɔ dɔ aɖe si kpe ɖe ŋunye mewɔ mɔɖeɖedɔa eye emegbe meyi ɖasubɔ le afi si hiahiã geɖe le le Ecuador.” Fifia, Miki le kpekpem ɖe srɔ̃a ŋu wole nutome sue dzikpɔla ƒe dɔa wɔm le Ecuador.

15. Aleke Yakobo ƒe kpɔɖeŋua na míekpɔe be mele be míaŋe aɖaba aƒu ame siwo metsɔ ɖeke le nya nyuia me haɖe o la dzi o? (Kpɔ fotoawo hã.)

15 Mele be dzi naɖe le mía ƒo ne amewo medi be yewoase nya nyuia o. Amewo tea ŋu trɔa susu ne ɣeyiɣiawo va le yiyim. Bu Yesu nɔvi Yakobo ŋu kpɔ. Enya foa Yesu nyuie elabe aƒe ɖeka mee wonɔ tso ɖevime kaka Yesu tsi va zu Mesia, eye ekpɔ ale si gbegbe Yesu ƒe nufiafiawo ɖe kpee; ame aɖeke tɔ mede enu o. Ke hã, ƒewo va yi gake Yakobo medze Yesu yome o. Yesu ku wofɔe ɖe tsitre hafi Yakobo va zu nusrɔ̃la eye dzo nɔ eme eteƒe mekɔ o!b (Yoh. 7:5; Gal. 2:9) Eya ta ne wò ƒometɔ aɖe metsɔ ɖeke le nya nyuia me fifia o hã la, dzi megaɖe le ƒowò o, yi edzi nànɔ kpekpem ɖe eŋu. Nenema kee mele be nàŋe aɖaba aƒu ame siwo melɔ̃ be yewoaɖo to nya nyuia o dzi o. Ðo ŋku edzi be ŋkeke mamlɛawo mee míele, eya ta gbeƒãɖeɖedɔa hiã kpata. Anɔ eme be nya si nàgblɔ na wo egbea ye aʋã wo emegbe woaɖe afɔ, ɖewohĩ le xaxa gã la me gɔ̃ hã.c

Nɔvinyɔnu aɖe si le ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔm la ƒo ka na eƒe ƒometɔ si menye Ðasefo o, si kple vianyɔnuvi le asi ɖim le fiase aɖe me.

Nu kae ana míayi edzi akpe ɖe míaƒe ƒometɔ siwo mele nyateƒea me o ŋu? (Kpɔ memama 15)e


YI EDZI NÀKPƆ ŊUDZEDZE ÐE YEHOWA ƑE ŊKUÐODZINYAWO ŊU

16. Aleke Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo ɖe vi na wòe? (Kpɔ aɖaka si nye “Zã Wo Nàtsɔ Akpe Ðe Amewo Ŋu” hã.)

16 Biblia me mɔfiame siwo míexɔna ɣeaɖewoɣi la nye esi ŋu wotrɔ asi le koŋ na ame siwo menya nu boo aɖeke tso Biblia ƒe nufiafiawo ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, ame siwo menye Ðasefowo o koŋue wotrɔ asi le dutoƒonuƒo siwo míesena kwasiɖa sia kwasiɖa, nyati kple video siwo le jw.org dometɔ aɖewo kple míaƒe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! siwo míemana ŋu na. Togbɔ be ele nenema hã la, ŋkuɖodzinya mawo ɖea vi na mí. Wokpena ɖe mía ŋu míegalɔ̃a Yehowa ɖe edzi, míegakana ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi eye wokpena ɖe mía ŋu míefiaa Biblia me nyateƒea memie.—Ps. 19:7.

Zã Wo Nàtsɔ Akpe Ðe Amewo Ŋu

Ne èxlẽ nyati aɖe, èkpɔ video aɖe, alo èɖo to nuƒo aɖe si ŋu wotrɔ asi le na ɖetsɔlemetɔwo la, de ŋugble le ale si nàte ŋu azãe atsɔ akpe ɖe amewo ŋu la ŋu. Bia ɖokuiwò be:

  • ‘Kpeɖodzinya kae wozã be woatsɔ akpe ɖe amea ŋu wòaka ɖe Biblia me nyateƒea dzi?’

  • ‘Ðe wowɔ kpɔɖeŋu aɖe si nye hã mate ŋu azã ne mele nyateƒenya sia fiam ame aɖea?’

  • ‘Ame kawoe atsɔ ɖe le nya sia me, eye aleke mawɔ azãe atsɔ akpe ɖe wo ŋu?’

17. Nɔnɔme kawo mee wòahiã be nàde ŋugble le Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo ŋu le?

17 Dzi dzɔa mí Yehowa Ðasefowo ne ame siwo le ŋgɔ xɔm la na numekɔkɔ tso ale si míese Biblia me nyateƒe aɖewo gɔmee ŋu. Ke hã, míekpɔtɔ dea asixɔxɔ Biblia ƒe nufiafia siwo te mí ɖe nyateƒea ŋu zi gbãtɔ la ŋu vevie. Abe ale si míeva srɔ̃e ene la, nyateƒenya mawo gaɖea vi na mí ŋutɔ. Eya ta ne míexɔ mɔfiame aɖe tso Yehowa ƒe habɔbɔa gbɔ eye wòwɔ na mí be nu si míesusu ye nye nyuitɔ la, ele be míaɖo ŋku edzi be mía Wɔla Yehowa, si ƒe nunya kple ŋusẽ ƒo ɖe sia ɖe ta ye le mɔ fiam habɔbɔ sia eye esia akpe ɖe mía ŋu míabɔbɔ mía ɖokui. Ne míawo ŋutɔ alo míaƒe ame vevi aɖe le nɔnɔme sesẽ me tom la, ele be míagbɔ dzi ɖi eye míade ŋugble le susu siwo tae Yehowa ɖe mɔ fukpekpe li la ŋu. Eye ne míele nya me tsom le ale si míazã míaƒe ɣeyiɣi kple nunɔamesiwo ŋu la, ele be míaɖo ŋku edzi be míele ŋkeke mamlɛawo me eye wòhiã be míawɔ nu kpata. Neva eme be Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo nado ŋusẽ mí, woaʋã mí, eye woakpe ɖe mía ŋu be míadze nunya.

ALEKE BIBLIA ƑE GƆMEDZENUFIAFIA SIAWO AGATE ŊU AÐE VI NA MÍ EGBEA?

  • Yehowae nye Wɔla la

  • Nu si tae Yehowa ɖe mɔ fukpekpe li

  • Míele “ŋkeke mamlɛawo me”

HADZIDZI 95 Kekeli La Le Kɔkɔm Ðe Edzi

a Kpɔ nyati si nye “Nu Si Tae Fukpekpewo Katã Nu Ayi Kpuie” si le May 15, 2007 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 21-25.

b Kpɔ agbalẽ gbadza si nye Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo ƒe nusɔsrɔ̃ 8 lia.

c Kpɔ nyati si nye “Nu Kae Míenya Tso Ale Si Yehowa Adrɔ̃ Ʋɔnu Amewo Le Etsɔme Ŋu?” si le May 2024 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 8-13.

d NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Hamemetsitsiwo ƒe haa melɔ̃ ɖe susu si hamemetsitsi aɖe do ɖa la dzi o. Emegbe esi wònɔ ŋku lém ɖe ɣletiviwo ŋu la, ede dzesii be Wɔla la ƒe ŋusẽ kple nunya de ŋgɔ sãsãsã wu ye tɔ.

e NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔvinyɔnu aɖe si le nu srɔ̃m le eɖokui si de dzesii be míele ŋkeke mamlɛawo me. Esia ʋãe wòyɔ eƒe ƒometɔ aɖe le gbeƒã ɖem nɛ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe