NUSƆSRƆ̃NYATI 31
HADZIDZI 111 Nu Si Ta Míekpɔa Dzidzɔ Ðo
Ðe Nu Siwo Le Asiwò Dzea Ŋuwòa?
“Mesrɔ̃e be le nɔnɔme ɖe sia ɖe me la, nu siwo le asinye la nadze ŋunye.”—FLP. 4:11.
TAÐODZINUA
Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔe be ne míenye akpedalawo, míebɔbɔa mía ɖokui henana míaƒe susu nɔa nu vevitɔwo ŋu, eye míedea ŋugble le Yehowa ƒe ŋugbedodowo ŋu la, míaƒe dzi adze eme.
1. Nu kae wòfia be nu si le ame si nadze eŋu, eye nu kae mefia o?
ÐE NU siwo le asiwò dzea ŋuwòa? Ame siwo kpɔa dzidzɔ ɖe nu siwo le wo si ŋu la dea asixɔxɔ nu nyui siwo Yehowa wɔ na wo ŋu, eye esia nana wokpɔa dzidzeme kple ŋutifafa. Womebia dzi le esi nanewo mesu wo si le agbe me o ta o. Gake ne nu siwo le mía si dzea mía ŋu hã la, ema mefia be míanɔ anyi naneke mawɔmawɔe agbe ŋgɔyiyi o. Le kpɔɖeŋu me, menye nu gbegblẽe wònye be Kristotɔ naʋli adi be yeawɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me o. (Rom. 12:1; 1 Tim. 3:1) Ke hã, dzi meɖena le eƒo ne subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ si dim wòle vevie mesu esi haɖe o.
2. Nu kae ate ŋu adzɔ ne nu siwo le ame aɖe si megava le eŋu dzem o?
2 Ne nu siwo le mía si medzea mía ŋu o la, ate ŋu awɔe be míava nɔ afɔ siwo mesɔ o ɖem. Le kpɔɖeŋu me, ame siwo ŋu nu medzena o la gblana ɖe dɔ ŋu gaƒoƒo geɖe, ale be woate ŋu aƒle ŋutilãme nu gbogbo aɖewo, evɔ menye ɖe nu mawo hiã wo ŋutɔŋutɔ hafi o. Ewɔ nublanui ŋutɔ be Kristotɔ ʋɛ aɖewo gɔ̃ hã fi ga kple nu bubu aɖewo siwo dzro wo. Ðewohĩ woanya susui be: ‘Medze nɛ,’ ‘Melala eteƒe didi,’ alo ‘Mate ŋu atsɔe fifia, eye mava dae ɖe eteƒe emegbe.’ Gake fi ya koa, fi ye. Ðeke medzea Yehowa ŋu o. Edoa vlo Yehowa ƒe ŋkɔa. (Lod. 30:9) Dzi ɖe le nɔvi aɖewo hã ƒo le esi subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ si dim wole mesu wo si o ta, si na wova dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ kura. (Gal. 6:9) Nu ka gɔ̃e ana Yehowa subɔla nabu nuwo ŋu nenema? Nya la koe nye be, ʋɛʋɛʋɛ la, nu siwo le esi megava nɔ eŋu dzem o.
3. Nyateƒenya kae míesrɔ̃ le Filipitɔwo 4:11, 12?
3 Mí katã míate ŋu asrɔ̃ ale si míana nu siwo le mía si nadze mía ŋu. Apostolo Paulo gblɔ be yeva srɔ̃e be ‘le nɔnɔme ɖe sia ɖe me la, nu siwo le ye si la nadze ye ŋu.’ (Xlẽ Filipitɔwo 4:11, 12.) Gaxɔ mee wòŋlɔ nya siawo le. Ke hã, eyi edzi nɔ dzidzɔ kpɔm. Esrɔ̃ nu vevi aɖe si ame geɖe menya o, si nye be ele be yeana nu si le ye si nadze ye ŋu. Ne nu medzea mía ŋu o la, Paulo ƒe nyawo kple nuteƒekpɔkpɔwo na kakaɖedzi mí be míawo hã míate ŋu asrɔ̃ nu vevi sia. Megawɔ na mí be ele bɔbɔe be nu si le ame si nadze eŋu o, ke boŋ ele be míasrɔ̃ ale si nu nadze mía ŋu. Aleke míawɔ esiae? Mina míadzro nɔnɔme nyui siwo akpe ɖe mía ŋu míana nu nadze mía ŋu la me.
NYE AKPEDALA
4. Ne míenye akpedalawo la, aleke esia akpe ɖe mía ŋu be nu si le mía si nadze mía ŋu? (1 Tesalonikatɔwo 5:18)
4 Ne míedaa akpe ɖe nu siwo le mía si ta la, ekema woadze mía ŋu. (Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:18.) Le kpɔɖeŋu me, ne míedaa akpe ɖe agbemenuhiahiã vevi siwo su mía si ta vavã la, míatsi dzi fũu ɖe nu siwo dzroa mí evɔ womesu mía si o la ŋu o. Ne míede ŋugble hekpɔ ŋudzedze ɖe subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ siwo su mía si fifia ŋu la, ana míalé fɔ ɖe míaƒe dɔdeasiwo ŋu nyuie, tsɔ wu be míanɔ mɔ kpɔm be bubuwo nasu mía si. Esia ta mewɔ nuku o be Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be míanɔ akpe dam na Yehowa le míaƒe gbedodoɖawo me! Ne míenye akpedalawo la, akpe ɖe mía ŋu be “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta” nasu mía si.—Flp. 4:6, 7.
5. Nu nyui kawoe Yehowa wɔ na Israel-viwo siwo ŋu wòle be woakpɔ ŋudzedze ɖo hafi? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)
5 Bu nu si dzɔ ɖe Israel-viwo dzi ŋu kpɔ. Woto nyatoƒoe enuenu na Yehowa be yewomegale nuɖuɖu siwo yewoɖuna le Egipte la kpɔm le ɖuɖum o. (4 Mose 11:4-6) Nyateƒee, agbea menɔ bɔbɔe na wo le gbea dzi o. Anye nu kae akpe ɖe wo ŋu be nu si le wo si nadze wo ŋu hafi? Ðe wòle be woade ŋugble, eye woada akpe ɖe nu siwo Yehowa wɔ na wo va yi ta. Ðe wòle be woaɖo ŋku edzi be esime yewonye kluviwo le Egipte eye wonɔ funyafunya wɔm yewo la, Yehowa he fuwɔame ewo va Egiptetɔwo dzi hafi ɖe yewo. Esi wonɔ dzodzom le Egipte la, Yehowa kpe ɖe wo ŋu “woha Egiptetɔwo” ƒe klosalonuwo, sikanuwo, kple awuwo. (2 Mose 12:35, 36) Esi Farao ƒe asrafowo va xaxa Israel-viwo ɖe Ƒudzĩa nu, eye afi aɖeke meli woato o la, Yehowa na atsiaƒua ma ɖe eve nukutɔe ale be wozɔ to ƒuƒuiƒe. Eye esi wonɔ gbea dzi yina ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Yehowa nyi wo kple mana gbe sia gbe. Ke nu kae ganye woƒe kuxia? Eyae nye ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe nu ŋu. Menye ɖe nuɖuɖu mele wo si woaɖu o, ke boŋ ɖe womekpɔ ŋudzedze ɖe nu si le wo si la ŋu o.
Nu ka tae nu siwo su Israel-viwo si megava dze wo ŋu o? (Kpɔ memama 5)
6. Nu kawoe akpe ɖe mía ŋu be míanye akpedalawo?
6 Ke nu kae akpe ɖe ŋuwò nànye akpedala? Gbã, di ɣeyiɣi gbe sia gbe nàde ŋugble le nu siwo dzɔ dzi na wò le ŋkekea me ŋu. Àte ŋu aŋlɔ nu eve alo etɔ̃ siwo ŋu nèkpɔ ŋudzedze ɖo le ŋkekea me ɖi. (Kony. 3:22, 23) Evelia, ƒo nu tso eŋu. Dze agbagba nàda akpe na ame siwo wɔ nu nyui aɖe na wò. Eye vevietɔ wu la, da akpe na Yehowa gbe sia gbe ɖe wo ta. (Ps. 75:1) Etɔ̃lia, nɔ ha dem kple ame siwo nye akpedalawo. Ne míedzea xɔ̃ ame siawo ƒomevi la, woakpɔ ŋusẽ nyui ɖe mía dzi. Gake ne míedea ha kple ame siwo toa nyatoƒoe, siwo mekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu o la, woakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzi. (5 Mose 1:26-28; 2 Tim. 3:1, 2, 5) Ne míedia mɔnukpɔkpɔwo daa akpe ɖe nu nyui siwo su mía si ta la, ke míatsi dzi fũu ɖe nu siwo le mía dzrom evɔ womesu mía si o ŋu o.
7. Nu kae nɔvinyɔnu Aci wɔ, eye aleke wòɖe vi nɛ?
7 Bu nu si dzɔ ɖe nɔvinyɔnu Aci, si le Indonesia dzi ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Le korona dɔvɔ̃a ƒe ɣeyiɣia mea, meva tsɔ nye nɔnɔmea nɔ sɔsɔm kple nɔvi bubuwo tɔ. Esia na be nyemegava nɔ dzidzɔ kpɔm o.” (Gal. 6:4) Nu kae kpe ɖe nɔvinyɔnu Aci ŋu? Egblɔ be: “Meva nɔ ŋugble dem le ale si Yehowa le nye yram gbe sia gbe kple nu nyui siwo katã su asinye le Mawu ƒe habɔbɔa me ŋu. Medaa akpe na Yehowa ɖe wo ta. Esia kpe ɖe ŋunye be nu siwo su asinye la dzea ŋunye.” Ne nɔnɔme aɖe wɔe be mègale dzidzɔ kpɔm o la, ɖe manyo be nàsrɔ̃ mía nɔvinyɔnua ƒe kpɔɖeŋua oa?
BƆBƆ ÐOKUIWÒ, NA WÒ SUSU NANƆ NU VEVITƆ ŊU
8. Mɔ̃ kae ɖe Baruk kloe?
8 Mɔ̃ ɖe nyagblɔɖila Yeremiya ƒe agbalẽŋlɔla Baruk kloe. Eva ɖo ɣeaɖeɣi la, nu siwo su esi megava nɔ eŋu dzem o. Dɔ si wode Baruk sie nye be, wòakpe asi ɖe Yeremiya ŋu wòagblɔ gbedeasi sesẽwo na Israel-dukɔ madakpe la, eye dɔ sia sẽ ŋutɔ. Eva ɖo afi aɖe la, Baruk ƒe susu megava nɔ dɔa ŋu o. Ke boŋ eva nɔ eya ŋutɔ ɖokui kple nu si wòdi be yeawɔ ŋu bum fũu akpa. Yehowa to Yeremiya dzi gblɔ nɛ be: “Èle nu gãwo dim na ɖokuiwò. Mègadi nu mawo o.” (Yer. 45:3-5) Le nya la nu la, enɔ gbɔgblɔm nɛ be: “Na nu siwo su asiwò fifia nadze ŋuwò.” Baruk ɖo to eye wòkpɔtɔ nye Yehowa xɔlɔ̃.
9. Aleke 1 Korintotɔwo 4:6, 7 akpe ɖe mía ŋu be susu nyui nanɔ mía si ɖe subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo ŋu? (Kpɔ fotoawo hã.)
9 Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu awɔ na Yehowa subɔla aɖe be yedze na subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖe. Ðewohĩ ŋutete nyuiwo le esi, edoa vevie dɔ, alo nuteƒekpɔkpɔ nyuiwo su esi le Yehowa subɔsubɔ me. Gake ate ŋu adzɔ be woatsɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ si dim wòle la ana ame bubu. Ke nu kae akpe ɖe eŋu be mado dziku o? Eyae nye be, wòade ŋugble le nya si apostolo Paulo gblɔ le 1 Korintotɔwo 4:6, 7 ŋu. (Xlẽe.) Yehowa gbɔe ŋutete ɖe sia ɖe si le mía si kple subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si su mía si la tso. Yehowa mena nu siawo mí le esi míele etɔxɛ wu ame bubuwo ta o. Ke boŋ, ena nu siawo mí le eƒe amenuveve kple dɔmenyonyo ta.—Rom. 12:3, 6; Ef. 2:8, 9.
Ne ŋutete aɖe le mía si la, Yehowa ƒe amenuveve tae (Kpɔ memama 9)b
10. Aleke míawɔ asrɔ̃ ɖokuibɔbɔ?
10 Míate ŋu asrɔ̃ ɖokuibɔbɔ ne míede ŋugble nyuie le kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi na mí ŋu. Bu nu si dzɔ le zã si me Yesu klɔ afɔ na eƒe apostoloawo ŋu kpɔ. Apostolo Yohanes gblɔ be: “Esi Yesu nya be [1] Fofo la tsɔ nuwo katã de asi na ye, eye be [2] Mawu gbɔe yetso va, eye [3] yeyina Mawu gbɔ la, . . . [ede] asi nusrɔ̃laawo ƒe afɔwo kɔklɔ me.” (Yoh. 13:3-5) Anye ne Yesu ase le eɖokui me be yee dze woaklɔ afɔ na hafi. Gake esi Yesu nɔ anyigba dzi la, mebui kpɔ gbeɖe be ele be agbea nadze edzi na ye wu o. (Luka 9:58) Ebɔbɔ eɖokui, eye nu siwo su esi dze eŋu. Eɖo kpɔɖeŋu deblibo na mí be míasrɔ̃.—Yoh. 13:15.
11. Aleke ɖokuibɔbɔ kpe ɖe Dennis ŋu ale be nu siwo su esi va dzea eŋu?
11 Nɔviŋutsu Dennis, si tso Netherlands dze agbagba be yeasrɔ̃ Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ, gake menɔ bɔbɔe nɛ kura o. Egblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, medea dzesii be, ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe nu ŋu kple dada ƒe gbɔgbɔ nɔa nyɔnyɔm ɖe menye, vevietɔ ne subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ su ame aɖe si. Ne edzɔ alea, mesrɔ̃a nu tso ɖokuibɔbɔ ŋu. Mede dzesi mawunyakpukpui vevi siwo ku ɖe ɖokuibɔbɔ ŋu le nye JW Library® dɔwɔnua dzi ale be mate ŋu agake ɖe wo ŋu bɔbɔe axlẽ. Azɔ hã, mehe nuƒo siwo ku ɖe ɖokuibɔbɔ ŋu dometɔ aɖewo ɖe nye fon dzi, eye meɖoa to wo edziedzi.a Meva srɔ̃e be dɔ siwo katã míewɔna la, ɖe míele wo wɔm be míatsɔ akafu Yehowa, ke menye mía ɖokui o. Míawo ya, akpa sue aɖe ko wɔm míele tsɔ le asi kpem ɖe dɔ gã siwo wɔm Yehowa le ŋu.” Ne dzi megava le dzɔwòm o le esi subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖe mesu asiwò o ta la, dze agbagba nàtu ɖokuibɔbɔ ɖo. Esia ana wò kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli, eye nu siwo le asiwò adze ŋuwò.—Yak. 4:6, 8.
DE ŊUGBLE LE YEHOWA ƑE ŊUGBEDODOWO ŊU
12. Etsɔme nyui kae míele mɔ kpɔm na si nana míaƒe dzi dzea eme? (Yesaya 65:21-25)
12 Ne míedea ŋugble le nu siwo ŋugbe Yehowa do ŋu la, míaƒe dzi dzea eme. Nya siwo Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi na míekpɔe be Yehowa nya nɔnɔme sesẽ siwo me tom míele, eye wòka ɖe edzi na mí be xaxa mawo nu ayi kpuie. (Xlẽ Yesaya 65:21-25.) Míatso aƒe nyuiwo anɔ wo me. Míawɔ dɔ siwo ana míaƒe dzi nadze eme, eye míaɖu nu vivi siwo ana lãmesẽ mí. Míagatsi dzi be nya vɔ̃ aɖe adzɔ ɖe mía ŋutɔwo loo alo mía viwo dzi o. (Yes. 32:17, 18; Eze. 34:25) Etsɔme nyui aɖee nye ema le mía si, eye kakaɖedzi le eŋu.
13. Nɔnɔme kawo mee wòahiã le be míana míaƒe susu nanɔ Yehowa ƒe ŋugbedodowo ŋu geɖe wu?
13 Fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be míada susu ɖe míaƒe etsɔmemɔkpɔkpɔa dzi geɖe wu. Nu ka tae? Elabe míele “ŋkeke mamlɛawo” me, eye mí katã míele ‘ɣeyiɣi sesẽwo’ me tom. (2 Tim. 3:1) Yehowa doa ŋusẽ mí, efiaa mɔ mí, eye wòkpena ɖe mía ŋu gbe sia gbe be míado dzi. (Ps. 145:14) Azɔ hã, etsɔmemɔkpɔkpɔa ate ŋu alé mí ɖe te le ɣeyiɣi sesẽwo me. Ðewohĩ avu kple kɔe wònyena na wò be nàkpɔ wò ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ. Ðe esia fia be alea koe nànɔ avua dzi ɖaa? Ao, kura koŋ o! Yehowa do ŋugbe be yeakpɔ wò nuhiahiãwo gbɔ na wò le Paradisoa me, eye awɔe wòagbɔ ale si nèle mɔ kpɔm nɛ ŋu kura. (Ps. 9:18; 72:12-14) Ðewohĩ nanewo wɔe be èsea veve gbe sia gbe, èléa blanui, alo dɔléle sesẽ aɖe wɔe be wò nɔnɔmea le gbegblẽm ɖe edzi. Ðe esia fia be alea koe nɔnɔmea anɔ na wò ɖaa? Ao, kura o! Ame aɖeke magadze dɔ alo aku le Mawu ƒe xexe yeyea me o. (Nyaɖ. 21:3, 4) Mɔkpɔkpɔ sia kpena ɖe mía ŋu be míetsia dzi boo ɖe nu siwo me tom míele fifia ŋu o. Ne míaƒe ame vevi aɖe ku, womewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o, míedze dɔ, alo ne nu bubu aɖee dzɔ ɖe mía dzi o, míate ŋu ayi edzi akpɔ dzidzɔ. Nu ka tae? Elabena míenya be nɔnɔme sesẽ ka ke me tom míeɖale o, “ɣeyiɣi vi aɖe ƒe xaxa” koe wònye. Eteƒe madidi o xexe yeyea ava eye míavo keŋkeŋ tso xaxawo katã me.—2 Kor. 4:17, 18.
14. Nu kawoe míawɔ be míaƒe etsɔmemɔkpɔkpɔa me nasẽ ɖe edzi?
14 Esi wònye nu nyui siwo míele mɔ kpɔm na nana míaƒe dzi dzea eme ta la, nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaƒe mɔkpɔkpɔa me nagasẽ ɖe edzi? Ale si ko amewo ɖɔa gaŋkui be woate ŋu akpɔ nu siwo le dzedzem le adzɔge nyuie la, nenema kee wòle be míaɖe afɔ aɖewo ale be nu siwo míele mɔ kpɔm na le Paradisoa me nagadze na mí nyuie wu. Le kpɔɖeŋu me, ne gakuxiwo nana míetsia dzi vevie la, míate ŋu ade ŋugble le ɣeyiɣi si me ga magahiã o, eye ame aɖeke maganyi fe alo ada ahe o ŋu. Ne míetsia dzi le esi subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖe si dim míele mesu mía si o ta la, anyo be míade ŋugble le ale si nu mawo maganɔ vevie le xexe yeyea me o ŋu, elabena míade blibo ɣemaɣi, eye míasubɔ Yehowa tegbee. (1 Tim. 6:19) Ðewohĩ fifia, míetsia dzi ɖe nu geɖe ŋu, si wɔnɛ be esesẽna na mí be míade ŋugble le etsɔmeyayrawo ŋu. Gake ne míeyia edzi dea ŋugble le etsɔme nyui si ƒe ŋugbe Yehowa do na mí ŋu la, anɔ bɔbɔe na mí be míana míaƒe susu naku ɖe eŋu, tsɔ wu be míaƒe susu nanɔ míaƒe kuxiwo ŋu.
15. Nu kae nèsrɔ̃ tso Christa ƒe nyawo me?
15 Etsɔmemɔkpɔkpɔa ŋu bubu kpe ɖe nɔvinyɔnu Christa, si nye nɔviŋutsu Dennis, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la srɔ̃ ŋu. Egblɔ be: “Dɔléle aɖe wɔe be nye lãmekawo gbɔdzɔ, bunɔwo ƒe keke koe mezãna, eye metsia aba dzi ŋkekea ƒe akpa gãtɔ. Mesea veve gbe sia gbe. Nyitsɔ laa nye ɖɔkta gblɔ nam be nɔnɔmea maka ɖe eme o. Enumake megblɔ na ɖokuinye be: ‘Eya mekpɔ nu si kpɔm mele o.’ Nye susu katã le nu vevitɔ si nye míaƒe etsɔmemɔkpɔkpɔa ŋu. Esia nana nye dzi dzea eme. Ahiã be mayi edzi anɔ dzi dom le egbe xexe sia me, gake menya be le xexe yeyea me la, anye dzidzɔ sɔŋ!”
“HIÃ METUA AME SIWO VƆ̃NƐ LA O”
16. Nu ka tae Fia David gblɔ be “hiã metua” ame siwo vɔ̃a Yehowa o?
16 Ne nu siwo le mía si dzea mía ŋu hã la, míenya be kuxiwo ava godoo. Wòya bu Fia David ŋu kpɔ. Vi etɔ̃ sɔŋ ye ku nɛ. Wotso enu alakpatɔe, wodee asi, eye woti eyome kutɔkutɔe ƒe geɖe. Ke hã, esi wònɔ xaxa sesẽwo me tom la, egblɔ tso Yehowa ŋu be: “Hiã metua ame siwo vɔ̃nɛ la o.” (Ps. 34:9, 10) Nu ka tae wògblɔ nya sia? Elabe enya be agbea manɔ bɔbɔe na Yehowa ƒe amewo o; woato kuxiwo me godoo. Ke hã, eka ɖe edzi be Yehowa ana nu siwo hiã eƒe amewo la nasu wo si. (Ps. 145:16) Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu le míaƒe xaxawo katã me. Aleke kee míaƒe nɔnɔmea ɖale o, anya wɔ be míakpɔ ŋutifafa kple dzidzeme.
17. Nu ka tae nèɖoe kplikpaa be yeana nu siwo su ye si nadze ye ŋu?
17 Yehowa di be nu siwo le asiwò nadze ŋuwò. (Ps. 131:1, 2) Eya ta dze agbagba nànye ame si kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu. Ne èdaa akpe ɖe nu siwo su asiwò ta, èbɔbɔa ɖokuiwò henana wò susu nɔa nu vevitɔwo ŋu, eye nèna wò mɔkpɔkpɔa me gasẽ ɖe edzi la, wò hã àgblɔ kakaɖedzitɔe be: ‘Ɛ̃, nu siwo le asinye la dze ŋunye.’—Ps. 16:5, 6.
HADZIDZI 118 “Na Xɔse Geɖe Mí”
a Le kpɔɖeŋu me, ʋu jw.org nàkpɔ Ŋditadedeagu wɔna si ƒe tanyae nye Ðe Nènye Ðokuibɔbɔla Alo Dadala?
b NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME : Nɔvi aɖe le nanewo dzram ɖo le teokrasi xɔ aɖe me, wole gbe biam nɔvinyɔnu aɖe si srɔ̃ tokunɔgbe la le nutome sue takpekpe aɖe me, eye nɔviŋutsu aɖe le dutoƒonuƒo ƒom.