NUSƆSRƆ̃NYATI 35
HADZIDZI 121 Míehiã Ðokuidziɖuɖu
Àte Ŋu Aɖu Dzodzro Vɔ̃wo Dzi!
“Migana nu vɔ̃ nanɔ fia ɖum ɖe mia dzi le miaƒe ŋutilã siwo le kuku ge la me, ale be miawɔ woƒe didiwo dzi o.”—ROM. 6:12.
TAÐODZINUA
Nyati sia akpe ɖe mía ŋu be (1) míakpe akɔ kple dziɖeleameƒo, eye (2) míate ŋu aɖu tetekpɔwo dzi.
1. Nu kae vaa mí amegbetɔ madeblibowo katã dzi?
ÐE WÒDZRO wò vevie kpɔ be nàwɔ nane si Yehowa lé fuia? Ne edzɔ ɖe dziwò kpɔ la, megawɔ na wò be ye ɖeka koe o. Biblia gblɔ be: “Tetekpɔ aɖeke mevaa mia dzi o, negbe esi tɔgbi vaa amegbetɔwo dzi la ko.” (1 Kor. 10:13)a Esia fia be dzodzro vɔ̃ ƒe tetekpɔ siwo me tom nèle la va ame bubuwo hã dzi kpɔ. Eya ta ka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ŋuwò nàwɔ avu kple dzodzro vɔ̃a ahaɖu edzi.
2. Tetekpɔ kawoe nɔvi aɖewo kple Biblia nusrɔ̃vi aɖewo le avu wɔm kple? (Kpɔ fotoawo hã.)
2 Biblia gblɔ hã be: “Nu si tea ame sia ame kpɔnae nye eya ŋutɔ ƒe nudzodzro si henɛ eye wòblenɛ.” (Yak. 1:14) Nu si tea ame aɖe kpɔna la ato vovo na nu si tea ame bubu kpɔna. Le kpɔɖeŋu me, nu si ate ŋu ate nɔvi aɖe kpɔe nye be wòaƒo eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ me; le ame bubu gome la, ne ŋutsue wònye la, ate ŋu adzroe be wòadɔ kple ŋutsu, eye ne nyɔnue wònye la, be wòadɔ kple nyɔnu. Le ame aɖewo gome la, togbɔ be wowɔ avu ɖu amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ dzi hã la, didia gate ŋu nyɔna ɖe wo me be woagakpɔe. Aleae wònɔna le ame siwo wɔ avu ɖu atike vɔ̃ɖi zazã alo aha tsu nono dzi la hã gome. Dzodzro siwo mía nɔvi aɖewo kple Biblia nusrɔ̃vi aɖewo le avu wɔm kplii la dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye esiawo. Eva ɖona ɣeaɖeɣia, mí katã míesena le mía ɖokui me abe ale si apostolo Paulo hã se le eɖokui me ene. Egblɔ be: “Ne medi be mawɔ nu si sɔ la, nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe didi nɔa menye.”—Rom. 7:21.
Tetekpɔ ate ŋu ava mía dzi le vo me ɣeyiɣi ɖe sia ɖe, le afi sia afi (Kpɔ memama 2)d
3. Ne míewɔa avu kple dzodzro vɔ̃wo ɣesiaɣi la, aleke wòate ŋu ana míase le mía ɖokui me?
3 Ne ɣeyiɣi aɖee nye esia nèle avu wɔm kple dzodzro vɔ̃ aɖe la, ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me be yemate ŋu aɖu edzi o. Mɔkpɔkpɔ ate ŋu abu ɖe wò gɔ̃ hã, eye wòawɔ na wò be Yehowa mana agbe mavɔ ye o le esi dzodzro vɔ̃ ma le ye me ta. Ka ɖe edzi be mele nenema kura o! Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia eve aɖewo: (1) Ame kae dina be míase le mía ɖokui me be wɔna mele mía ŋu o eye mɔkpɔkpɔ meli na mí o? (2) Aleke míawɔ aɖu dzodzro vɔ̃wo dzi?
ALE SI “VƆ̃ÐITƆ LA” DINA BE MÍASE LE MÍA ÐOKUI ME
4. (a) Nu ka tae Satana di be míasusui be míate ŋu aɖu dzodzro vɔ̃wo dzi o? (b) Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be anya wɔ be míaɖu tetekpɔwo dzi?
4 Satana dina be míase le mía ɖokui me be míate ŋu aɖu tetekpɔ dzi o. Yesu nya Satana ƒe taɖodzinu. Esia tae wòfia mí be míado gbe ɖa be: “Mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o, ke ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me.” (Mat. 6:13) Satana gblɔ tso amegbetɔwo katã ŋu be ne wote wo kpɔ la, womawɔ nu si adze Yehowa ŋu o. (Hiob 2:4, 5) Wò ya bu nya sia ŋu nyuie kpɔ. Satanae nye ame gbãtɔ si ƒe dzodzro hee de nu vɔ̃ me eye meyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa o. Esusu be míawɔ nu abe ye ene agbe Yehowa ne wote mí kpɔ. Esusui gɔ̃ hã be ne yete Mawu ƒe Vi debliboa kpɔ la, awɔ nu gbegblẽ! (Mat. 4:8, 9) Ke ɖe wònye nyateƒe be wɔna mele mía ŋu o eye míate ŋu aɖu dzodzro vɔ̃wo dzi oa? Kpao! Apostolo Paulo gblɔ be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã to ame si doa ŋusẽm la dzi.” Míaƒe susu wɔ ɖeka kple Paulo tɔ.—Flp. 4:13.
5. Aleke míewɔ nya be Yehowa ka ɖe mía dzi be míate ŋu aɖu dzodzro vɔ̃wo dzi?
5 Yehowa mele abe Satana ene kura o. Yehowa ya ka ɖe edzi be míate ŋu aɖu dzodzro vɔ̃wo dzi. Aleke míewɔ nya? Elabe Yehowa gblɔe ɖi be nuteƒewɔlawo ƒe ha gã aɖe atsi agbe le xaxa gã la me. Bu nu si esia fia ŋu kpɔ. Yehowa, ame si mate ŋu aka aʋatso o, gblɔ be ameha gã aɖe, menye ame ʋɛ aɖewo ko o, anɔ dzadzɛ le yeƒe ŋkume eye woage ɖe xexe yeyea me, elabe “wonya woƒe awu ʋlayawo, eye wowɔ wo ɣie le Alẽvi la ƒe ʋu la me.” (Nyaɖ. 7:9, 13, 14) Esia na wòdze ƒãa be Yehowa nya be míate ŋu awɔ avu kple dzodzro vɔ̃wo aɖu wo dzi.
6-7. Nu ka tae Satana di be míasusui be mɔkpɔkpɔ meli na mí o?
6 Azɔ hã, Satana di be míasusu be Yehowa mana míakpɔ agbe mavɔ o, le dzodzro vɔ̃ siwo le mía me ta. Gabu nya sia hã ŋu kpɔ. Satana boŋ sie etsɔme mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o, eƒe nu mate ŋu adze Yehowa ŋu gbeɖe o, eye wodrɔ̃ ʋɔnui xoxo be atsrɔ̃. (1 Mose 3:15; Nyaɖ. 20:10) Eya ta ele ŋu ʋãm mí eye wòdi be míawo hã míasusui be mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na mí o. Gake mɔkpɔkpɔ li na mí! Le nyateƒe me la, Biblia ka ɖe edzi na mí be Yehowa di be yeakpe ɖe mía ŋu míawɔ nu dzɔdzɔe, ke menye be yeabu fɔ mí o. “Medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.”—2 Pet. 3:9.
7 Eya ta ne míesusu be ŋutete mele mía ŋu míaɖu dzodzro vɔ̃wo dzi o, alo be mɔkpɔkpɔ meli na mí o la, ke míeva le nuwo ŋu bum abe ale si tututu Satana dii ene. Esia nyanya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖoe kplikpaa atsi tre ɖe Abosam ŋu.—1 Pet. 5:8, 9.
ALE SI NU VƆ̃ SI DOME MÍENYI NANA MÍESENA LE MÍA ÐOKUI ME
8. Nu kae nya “nu vɔ̃” si Biblia zã la fia? (Psalmo 51:5) (Kpɔ “Nyameɖeɖe” hã.)
8 Nu bubu aɖe li si ate ŋu ana míase le mía ɖokui me be wɔna mele mía ŋu míaɖu dzodzro vɔ̃wo dzi o eye mɔkpɔkpɔ meli na mí o. Eyae nye nu ka? Eyae nye be míenyi nu vɔ̃ dome tso mía dzila gbãtɔwo gbɔ.b—Hiob 14:4; xlẽ Psalmo 51:5.
9-10. (a) Aleke nu vɔ̃ gblẽ nu le Adam kple Xawa ŋui? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.) (b) Aleke míate ŋu ase le mía ɖokui me le esi wodzi mí ɖe nu vɔ̃ me ta?
9 Bu ale si nu vɔ̃ gblẽ nu le Adam kple Xawa ŋui ŋu kpɔ. Esi wogbe toɖoɖo Yehowa hewɔ nu vɔ̃ la, woɣla wo ɖokui eye wodze agbagba be yewoatsyɔ nu yewoƒe ama. Míaƒe numekugbalẽ aɖe (Insight on the Scriptures [Étude perspicace des Écritures]) ɖe eme be: “Nu vɔ̃ si wowɔ la na be woƒe dzi bu fɔ wo, wotsi dzodzodzoe, eye ŋu kpe wo.” Ƒomedodo nyui aɖeke magate ŋu anɔ Adam kple Xawa kpakple Yehowa dome o, elabe wova zu nuvɔ̃mewo. Wova ge ɖe nu vɔ̃ ƒe xadza me eye womate ŋu ado gbeɖe o. Nu ka kee woɖawɔ o, woƒe dzi abu fɔ wo eye ŋu akpe wo ɖaa.
10 Le nyateƒe me la, míaƒe nɔnɔmea to vovo na Adam kple Xawa tɔ le mɔ aɖe nu. Tafea mate ŋu aɖe vi na wo o, gake aɖe vi na míawo ya ale be mía ŋu nakɔ tso nu vɔ̃ me eye dzitsinya nyui nasu mía si. (1 Kor. 6:11) Togbɔ be ele alea hã la, míenyi nu vɔ̃ dome eye míede blibo o. Eya ta mewɔ nuku o be míawo hã míaƒe dzi bua fɔ mí, míetsia dzodzodzoe eye ŋu kpea mí ne míewɔ nu vɔ̃. Biblia gblɔ gɔ̃ hã be nu vɔ̃ gakpɔtɔ le nu gblẽm le amegbetɔwo katã ŋu vevie. Ele nu gblẽm le mí “ame siwo mewɔ nu vɔ̃ si sɔ kple Adam ƒe dzidada o la gɔ̃ hã” ŋu. (Rom. 5:14) Gake mele be wòawɔ na mí be esi wodzi mí ɖe nu vɔ̃ me ta la, wɔna aɖeke meli o, alo asusui be mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na mí o. Nyateƒeae nye be míate ŋu aɖu seselelãme siawo dzi. Le mɔ ka nu?
Nu vɔ̃ na Adam kple Xawa ƒe dzi bu fɔ wo, wotsi dzodzodzoe, eye ŋu kpe wo (Kpɔ memama 9)
11. Ne ewɔ na mí be míate ŋu aɖu dzodzro vɔ̃wo dzi o la, nu kae wòle be míawɔ, eye nu ka tae? (Romatɔwo 6:12)
11 Esi míenye nuvɔ̃mewo ta la, ate ŋu awɔ na mí ɣeaɖewoɣi be manya wɔ be míaɖu dzodzro vɔ̃wo dzi o. Ate ŋu awɔ abe ɖe nu vɔ̃ le nu ƒom na mí be míate ŋu aɖu ye dzi o ene. Gake mele be míaɖo toe o. Nu ka tae? Elabe Biblia fia mí be mele be míana nu vɔ̃ “nanɔ fia ɖum” ɖe mía dzi o. (Xlẽ Romatɔwo 6:12.) Esia fia be míate ŋu atiae be míagbe dzodzro vɔ̃wo dzi wɔwɔ. (Gal. 5:16) Yehowa ka ɖe edzi be míate ŋu aɖu tetekpɔwo dzi. Eya tae wògblɔe na mí le Ŋɔŋlɔawo me be míadze agbagba awɔ esia. (5 Mose 30:11-14; Rom. 6:6; 1 Tes. 4:3) Edze ƒãa be anya wɔ be míado ŋusẽ nu aɖu dzodzro vɔ̃wo dzi.
12. Ne ewɔ na mí be mɔkpɔkpɔ meli be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu o la, nu ka wòle be míawɔ, eye nu ka tae?
12 Nenema kee ne mɔkpɔkpɔ bu ɖe mí eye míesusu be Yehowa mana agbe mavɔ mí o le esi dzodzro vɔ̃wo le mía me ta la, ate ŋu awɔ na mí abe ɖe nu vɔ̃ le nu ƒom na mí be mɔkpɔkpɔ mele mía si o ene, gake mele be míaɖo toe o. Nu ka tae? Elabe Biblia fia mí be Yehowa nya be nu vɔ̃ mee wodzi mí ɖo. (Ps. 103:13, 14) Yehowa ‘nya nuwo katã’ tso mía ŋu. Enya ale si gbegbe nu vɔ̃ le ŋusẽ kpɔm ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe dzii hã nyuie. (1 Yoh. 3:19, 20) Eya ta ne míeku kutri wɔ avu kple dzodzro vɔ̃wo eye míeɖu wo dzi la, Yehowa abu mí be míele dzadzɛ. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe esia dzi?
13-14. Ne dzodzro vɔ̃ aɖe nyɔ ɖe mewò la, ɖe wòfia be wò nu magadze Yehowa ŋu oa? Ðe eme.
13 Biblia ɖee fia be vovototo gã le nu vɔ̃ ƒe dzodzro kple nu vɔ̃ wɔwɔ dome. Dzodzro vɔ̃wo ate ŋu aɖo mía me ɣesiaɣi togbɔ be míedii hafi o, gake míate ŋu atiae be míaɖu dzodzroa dzi ale be míagawɔ nu vɔ̃ o. Le kpɔɖeŋu me, ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Korinto la dometɔ aɖewo nye ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo hafi va zu Kristotɔwo. Paulo gblɔ be: “Nenemae mia dometɔ aɖewo nɔ tsã.” Ðe esia fia be ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ ƒe dzodzro aɖeke meganyɔ ɖe wo me kpɔ oa? Mefia nenema o, elabe zi geɖe la, esesẽna be woaho dzodzro mawo ɖa keŋkeŋ le ame me. Gake Kristotɔ mawo dometɔ siwo ɖu wo ɖokui dzi eye womewɔ ɖe dzodzro mawo dzi o la ƒe nu dze Yehowa ŋu. Yehowa bu wo be ‘wo ŋu kɔ.’ (1 Kor. 6:9-11) Yehowa ate ŋu abu wò hã nenema.
14 Dzodzro vɔ̃ ka kee nèɖale avu wɔm kplii o, àte ŋu aɖu edzi. Dzodzro vɔ̃ ma agate ŋu ava mewò ya, gake àte ŋu aɖu ɖokuiwò dzi ale be nàgawɔ wò ‘ŋutilã la kple wò tamesusuwo ƒe lɔlɔ̃nu’ o. (Ef. 2:3) Nu kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ avu kple dzodzro vɔ̃wo ahaɖu wo dzi?
NU SI ATE ŊU AKPE ÐE ŊUWÒ NÀÐU DZODZRO VƆ̃WO DZI
15. Hafi míate ŋu aɖu dzodzro vɔ̃wo dzi la, nu ka tae wòle be míato nyateƒe na mía ɖokui?
15 Be nàte ŋu aɖu dzodzro vɔ̃wo dzi la, ele vevie be nàde dzesii be gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖewo le ye ŋu. Kpɔ nyuie be nàgatsɔ “nuŋububu masɔmasɔwo” anɔ ɖokuiwò blem o. (Yak. 1:22) Le kpɔɖeŋu me, nuŋububu abe ‘Ame bubuwo noa aha wumee,’ alo ‘Ne ɖe srɔ̃nye ɖea lɔlɔ̃ fiaam geɖe wu la, anye ne amamaɖeɖenuwo kpɔkpɔ manɔ nye dzrom o.’ Ne ame aɖe bu nuwo ŋu alea efia be ele eɖokui ta ʋlim be kuxi boo aɖeke mele ye ŋu o alo ele fɔ bum ame bubuwo. Nuŋububu alea ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe be tetekpɔ naɖu dziwò. Eya ta mègatsɔ nanewo ado taflatsɛ ɖe wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta o. Lɔ̃ ɖe edzi be ye ŋutɔ gbɔe kuxia tso.—Gal. 6:7.
16. Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàɖoe kplikpaa be yeawɔ nu si sɔ?
16 Tsɔ kpe ɖe ale si nàto nyateƒe na ɖokuiwò ŋu la, ehiã vevie be nàɖoe kplikpaa be yeaɖu yeƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi. (1 Kor. 9:26, 27; 1 Tes. 4:4; 1 Pet. 1:15, 16) Dze agbagba nàde dzesi nu si nana dzodzro vɔ̃a dzi ɖuɖu sesẽna na wò wu. Ðewohĩ nɔnɔme aɖewo koŋ nyea tetekpɔ na wò, alo ŋkekea ƒe ɣeyiɣi aɖe mee dzodzroa nu sẽna le wu. Le kpɔɖeŋu me, ɖe wòsesẽna na wò wu be nàɖu dzodzro vɔ̃wo dzi ne ɖeɖi te ŋuwò alo zã doa? Bu nu si ate ŋu azu tetekpɔ na wò ŋu do ŋgɔ eye nàde ŋugble le nu si nàwɔ le nɔnɔmea me ŋu. Nyuitɔae nye be nàwɔ esia hafi tetekpɔa nava.—Lod. 22:3.
17. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yosef gbɔ? (1 Mose 39:7-9) (Kpɔ fotoawo hã.)
17 Ðo ŋku ale si Yosef wɔ nui esi Potifar srɔ̃ tee kpɔ la dzi. Yosef gbe enumake, mehe ɖe megbe kura o. (Xlẽ 1 Mose 39:7-9.) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eme? Hafi Potifar srɔ̃ nava te Yosef kpɔ la, Yosef ɖoe kplikpaa le dzi me xoxo be yemaxɔ ame bubu srɔ̃ gbeɖe o. Wò hã àte ŋu aɖoe kplikpaa be yeawɔ nu si sɔ hafi tetekpɔ nado mo ɖa. Esia awɔe be ne tetekpɔa va la, anɔ bɔbɔe na wò be nàwɔ abe ale si nèɖo ɖe tame xoxo ene.
Gbe nu le tetekpɔ gbɔ enumake, abe Yosef ene! (Kpɔ memama 17)
“MINƆ MIA ÐOKUI DOM KPƆ”
18. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ avu kple dzodzro vɔ̃ ahaɖu edzi? (2 Korintotɔwo 13:5)
18 Hafi nàte ŋu awɔ avu aɖu dzodzro vɔ̃wo dzi la, ehiã be ‘nànɔ ɖokuiwò dom kpɔ.’ Esia fia be nànɔ ɖokuiwò me dzrom kpɔ edziedzi akpɔe ɖa be tɔtrɔ kawoe wòhiã be nàgawɔ hã. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 13:5.) Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, lé ŋku ɖe wò nuŋububu kple nuwɔnawo ŋu eye nàwɔ tɔtrɔ siwo hiã. Le kpɔɖeŋu me, ne ète ŋu ɖu tetekpɔ aɖe dzi gɔ̃ hã la, àte ŋu abia ɖokuiwò be: ‘Ðe mete ŋu ɖe afɔ kaba ɖu tetekpɔa dzia, alo ɖe mehe ɖe megbe viea?’ Ne ède dzesii be yemete ŋu ɖu edzi kaba ale si dze o la, mègabu fɔ ɖokuiwò fũu akpa o, ke boŋ ɖe afɔ siwo akpe ɖe ŋuwò nàte ŋu aɖu tetekpɔa dzi kaba wu ɣebubuɣi. Bia ɖokuiwò be: ‘Ne susu vɔ̃ gava tame nam la, ɖe mate ŋu adzudzɔ eŋububu kaba wua? Ðe nu siwo metsɔna ɖea modzakae wɔnɛ be wòsesẽna nam be maɖu tetekpɔ dzia? Ne nye ŋku kli nu si anyɔ dzodzro vɔ̃wo ɖe menye la, ɖe meɖea ŋku ɖa le eŋu enumakea? Ðe meka ɖe edzi be Yehowa ƒe mɔfiamewoe nye nyuitɔ kekeake ɣesiaɣi ne wo dzi wɔwɔ bia be mazi ɖokuinye dzi vevie gɔ̃ hã?’—Ps. 101:3.
19. Aleke nu gbegblẽ suesuewo wɔwɔ ate ŋu ana wòasesẽ be míawɔ avu kple dzodzro vɔ̃wo aɖu wo dzi?
19 Mègatsɔ nanewo anɔ taflatsɛ dom ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ ŋu o. Biblia gblɔ be: “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, eye enu menya léna o.” (Yer. 17:9) Yesu gblɔ be “dzi mee susu vɔ̃wo” doa go tsona. (Mat. 15:19) Le kpɔɖeŋu me, ame aɖe si dzudzɔ amamaɖeɖenuwo kpɔkpɔ ate ŋu ava susu emegbe be fifia yeate ŋu akpɔ nu siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me faa elabe womenye amamaɖeɖenuwo ŋutɔŋutɔ o. Alo ate ŋu agblɔ na eɖokui be, ‘Naneke megblẽ le eŋu be manɔ nu manyomanyowo ŋu bum le dzi me o zi ale si nyemewɔ nu mawo o ko.’ Ne ame aɖe bu nuwo ŋu alea la, ɖeko wòle abe ɖe wòle “ɖoɖo wɔm ɖe kɔɖiɖi na ŋutilã ƒe nudzodzrowo ŋu” ene. (Rom. 13:14) Aleke nàƒo asa na nu sia wɔwɔ? Kpɔ nyuie be nàgaɖe afɔ gbegblẽwo le nu suewo me o, elabena woate ŋu ana nàɖe afɔ bubu siwo ana nàwɔ nu gbegblẽ si nye ŋkubiãnya.c Azɔ hã, ƒo asa na ‘susu vɔ̃’ alo nuŋububu siwo ana nànɔ taflatsɛ dom ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ ŋu.
20. Nu ka tae míeka ɖe edzi be míate ŋu aɖu dzodzro vɔ̃wo dzi fifia gɔ̃ hã, eye nu nyui kae míele mɔ kpɔm na le etsɔme?
20 Abe ale si míeva kpɔe ene la, míate ŋu ado ŋusẽ nu aɖu tetekpɔwo dzi le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me. Azɔ hã, to tafea dzi la, mɔkpɔkpɔ le mía si be míate ŋu ava nɔ agbe tegbee le xexe yeyea me. Dzidzɔ gãe wòanye na mí be míatsɔ susu kple dzi dzadzɛ asubɔ Yehowa eye magahiã be míawɔ avu kple dzodzro vɔ̃wo o! Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, mina míaɖo ŋku edzi be ŋutete le mía ŋu be míaɖu dzodzro vɔ̃wo dzi eye mɔkpɔkpɔ hã le mía si. Yehowa akpe ɖe mía ŋu míawɔ avu aɖu nu vɔ̃ dzi!
HADZIDZI 122 Minɔ Te Sesĩe, Maʋamaʋãe!
a Eʋegbe Biblia ɖe kpukpui sia gɔme be: “Ale si wotea amegbetɔ bubuwo kpɔnae la, nenema ke ko wotea miawo hã kpɔnae.”
b NYAMEÐEÐE: Zi geɖe le Biblia me la, nya “nu vɔ̃” te ŋu fiana nu gbegblẽ aɖe si ame aɖe wɔ, abe fififi, ahasiwɔwɔ, alo amewuwu ene. (2 Mose 20:13-15; 1 Kor. 6:18) Gake le mawunyakpukpui aɖewo hã me la, nya “nu vɔ̃” fia nɔnɔme aɖe si dome míenyi tso mía dziɣi esime míekpɔ wɔ nu gbegblẽ aɖeke o hã.
c De dzesii be ɖekakpui si ŋu woƒo nu tsoe le Lododowo 7:7-23 wɔ nyametsotso gbegblẽ suesuesue aɖewo siwo va kplɔe de nu vɔ̃ gã si nye gbɔdɔdɔ manɔsenu me.
d NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Miame: Esi nɔviŋutsu aɖe le kɔfinoƒe aɖe la, ekpɔ ŋutsu eve aɖewo siwo le lɔlɔ̃ɖeɖefianuwo wɔm. Ðusime: Nɔvinyɔnu aɖe kpɔ ame eve aɖewo siwo le atama nom.