INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 September axa 2-7
  • ‘Yɔ Hamemetsitsiwo’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Yɔ Hamemetsitsiwo’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ƔEKAƔIE WÒLE BE ‘MÍAYƆ HAMEMETSITSIWO’?
  • NU KA TAE WÒLE BE MÍAYƆ HAMEMETSITSIWO?
  • ALEKE HAMEMETSITSIWO KPENA ÐE MÍA ŊUI?
  • AGBA SI WÒLE BE MÍA ŊUTƆWO MÍATSƆ
  • Ale Si Hamemetsitsiwo Ðea Lɔlɔ̃ Kple Nublanuikpɔkpɔ Fiaa Ame Si Wɔ Nu Vɔ̃
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Ðoɖo Si Nu Nuwo Le Le Kristo Hamea Me
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Nɔviŋutsuwo​—Ðe Miele Hamemetsitsiwo Ƒe Dɔa Minyama?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Alẽkplɔla Siwo Dzea Agbagba Kpena Ðe Yehowa Ƒe Amewo Ŋu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 September axa 2-7

NUSƆSRƆ̃NYATI 36

HADZIDZI 103 Alẽkplɔlawo—Nunana Siwo Nye Amewo

‘Yɔ Hamemetsitsiwo’

“Neyɔ hamemetsitsiwo woava egbɔ.”—YAK. 5:14.

TAÐODZINUA

Le nyati sia me la, míakpɔ nu si tae wòle vevie be míabia hamemetsitsiwo ƒe kpekpeɖeŋu ɣesiaɣi si wòhiã.

1. Aleke Yehowa ɖee fia be yeƒe alẽawo xɔ asi na ye?

YEHOWA ƒe alẽawo, siwo nye esubɔlawo, dometɔ ɖe sia ɖe xɔ asi nɛ vevie. Via Yesu ƒe ʋu ye wòtsɔ ƒle wo, eye wòtsɔ wo de asi na hamemetsitsiwo be woalé be na wo. (Dɔw. 20:28) Mawu di be woalé be na yeƒe alẽawo nyuie. Hamemetsitsiawo wɔna ɖe Kristo ƒe mɔfiame dzi wɔa nu ɖe alẽawo ŋu dɔmenyotɔe hekpɔa wo ta tso afɔku me.—Yes. 32:1, 2.

2. Ame kawoe Yehowa tsɔa ɖe le eme na etɔxɛe? (Ezekiel 34:15, 16)

2 Yehowa tsɔa ɖe le eme na eƒe alẽawo katã, gake eléa be na esiwo gbɔdzɔ la etɔxɛe. Ðewohĩ wo dometɔ aɖewo le fu kpem le vodada aɖe si wowɔ va yi ta, eye Yehowa zãa hamemetsitsiwo tsɔ kpena ɖe wo ŋu. (Xlẽ Ezekiel 34:15, 16.) Gake Yehowa di be míawo ŋutɔ míabia kpekpeɖeŋu ɣesiaɣi si míehiã nɛ. Edi be míado gbe ɖa na ye tso míaƒe hiahiãwo ŋu, eye míabia kpekpeɖeŋu tso ‘alẽkplɔlawo kple nufiala’ siwo le hamea me hã gbɔ.—Ef. 4:11, 12.

3. Aleke wòaɖe vi na mí katã ne míenya akpa si hamemetsitsiwo wɔna?

3 Le nyati sia me la, míadzro ɖoɖo siwo Mawu wɔ to hamemetsitsiwo dzi be wòakpe ɖe mía ŋu mía kpli ye dome nanɔ kplikplikpli la me. Míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo: Ɣekaɣie wòahiã be míabia kpekpeɖeŋu tso hamemetsitsiwo gbɔ? Nu ka tae wòle be míabia woƒe kpekpeɖeŋu? Eye aleke wokpena ɖe mía ŋui? Ðewohĩ míele kuxi sesẽ aɖeke me tom fifia si tae míahiã hamemetsitsiwo ƒe kpekpeɖeŋu o. Ne ele nenema hã la, biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋudzedze ɖe ɖoɖo si Mawu wɔ to hamemetsitsiwo dzi be woakpe ɖe mía ŋu ɣesiaɣi la ŋu.

ƔEKAƔIE WÒLE BE ‘MÍAYƆ HAMEMETSITSIWO’?

4. Nu ka tae míenya be Yakobo 5:14-16, 19, 20 ku ɖe gbɔgbɔmedɔléle ŋu, ke menye ŋutilã me tɔ o? (Kpɔ fotoawo hã.)

4 Nusrɔ̃la Yakobo ƒo nu tso ale si Yehowa zãa hamemetsitsiwo be woakpe ɖe mía ŋui la ŋu. Egblɔ be: “Ðe mia dometɔ aɖe le dɔ léma? Neyɔ hamemetsitsiwo.” (Xlẽ Yakobo 5:14-16, 19, 20.) Le afi sia la, Yakobo nɔ nu ƒom tso ame si dze dɔ le gbɔgbɔ me, si fia be eya kple Yehowa dome gblẽ eye wòhiã be wòawɔ nane tso eŋu la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Yakobo megblɔ be ame si le dɔ lém la nayɔ ɖɔkta o, ke boŋ be wòayɔ hamemetsitsiwo. Eƒe nyawo fia be amea dze dɔ le gbɔgbɔ me eye wòhiã be woakpe ɖe eŋu be woatsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee ale be eƒe lãme nagasẽ. Le go geɖe me la, ale si wodaa dɔ na ame si dze dɔ le ŋutilã me sɔ kple ale si wodaa dɔ na ame si dze dɔ le gbɔgbɔ me hã. Ne míaƒe lãme gblẽ la, míeyina ɖe ɖɔkta gbɔ ɖea míaƒe kuxia dzi nɛ eye míewɔna ɖe eƒe mɔfiamewo dzi. Nenema kee ne míedze dɔ le gbɔgbɔ me la, ele be míayi ɖe hamemetsitsi aɖe gbɔ, aɖe míaƒe kuxia dzi nɛ, eye míawɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋu si wòaɖo na mí la dzi.

Fotoawo: 1. Ŋutsu aɖe le veve sem le eƒe abɔta, eye wòle eme ɖem na ɖɔkta. 2. Nɔviŋutsu aɖe le eƒe kuxi aɖe dzi ɖem na hamemetsitsi aɖe esime wonɔ anyi ɖe bentsi dzi le abɔ aɖe me.

Ne míaƒe lãme gblẽ la, míeyia ɖɔkta gbɔ; ne míedze dɔ le gbɔgbɔ me la, ele be míayi hamemetsitsiwo gbɔ (Kpɔ memama 4)


5. Aleke míawɔ anya ne míele gbɔdzɔgbɔdzɔm?

5 Nya siwo dze le Yakobo ta 5 lia de dzi ƒo na mí be míate ɖe hamemetsitsiwo ŋu ne míekpɔe be mía kple Yehowa dome le gbɔdzɔgbɔdzɔm. Nunya anɔ eme be míabia woƒe kpekpeɖeŋu hafi nane nava dzɔ si agblẽ mía kple Yehowa dome kura! Ele be míato nyateƒe na mía ɖokui. Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu mí be ne míekpɔ nyuie o la, míanɔ mía ɖokuiwo blem be mía kple Yehowa dome le nyuie, evɔ mele nenema hafi o. (Yak. 1:22) Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Sardes la dometɔ aɖewo wɔ vodada sia eye Yesu xlɔ̃ nu wo be woƒe nu medze Yehowa ŋu o. (Nyaɖ. 3:1, 2) Mɔ aɖe si dzi míato anya nenye be míele te le gbɔgbɔ me ye nye be míatsɔ dzo si le mía me fifia ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu la asɔ kple ale si wònɔ ɣeaɖeɣi va yi. (Nyaɖ. 2:4, 5) Míate ŋu abia mía ɖokui be: ‘Ðe ale si medoa vivi ɖe Biblia xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu ŋui la dzi ɖe kpɔtɔa? Ðe medzrana ɖo ɖe kpekpeawo ŋu hedea wo katã, alo ɖe ɖewo toa ŋunyea? Ðe dzo si le menye ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu nu le tsitsima? Ðe dzidzɔdonamenuwo kple ŋutilãmenuwo xɔa susu me nam zi geɖe eye woxɔa nye ɣeyiɣi akpa gãtɔa?’ Ne míeɖo biabia siawo dometɔ aɖe ŋu be ɛ̃ la, ke efia be míele gbɔdzɔgbɔdzɔm eye ele vevie be míawɔ nane tso eŋu hafi wòava gblẽ ɖe edzi. Gake ne esia menya le wɔwɔm na mí o alo ne gbɔdzɔgbɔdzɔ ma na míeɖe afɔ aɖe si míenya be medze Yehowa ŋu o la, ele vevie be míabia hamemetsitsiwo ne woakpe ɖe mía ŋu.

6. Nu kae wòle be ame si wɔ nu vɔ̃ gã la nawɔ?

6 Nu vɔ̃ aɖewo nye nu vɔ̃ gãwo, siwo ate ŋu ana woaɖe ame le haa me, nenye be metrɔ dzi me o. Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ mawo tɔgbi la, ele be wòate ɖe hamemetsitsiwo ŋu. (1 Kor. 5:11-13) Ame si wɔ nu vɔ̃ gã la hiã kpekpeɖeŋu be wòadzra woa kple Yehowa dome ɖo. Be Yehowa nanɔ te ɖe tafea dzi atsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee la, ele be wòawɔ “dɔ siwo dze dzimetɔtrɔ.” (Dɔw. 26:20) Dɔ mawo ƒe ɖee nye be wòate ɖe hamemetsitsiwo ŋu.

7. Ame kawo hã ŋue hamemetsitsiawo kpena ɖo?

7 Menye ame siwo wɔ nu vɔ̃ gãwo ŋu koe hamemetsitsiwo kpena ɖo o; ke wokpena ɖe ame siwo gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me hã ŋu. (Dɔw. 20:35) Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ele sesẽm na wò be nàɖu dzodzro vɔ̃wo dzi. Ðewohĩ hafi nàxɔ nyateƒea, atike vɔ̃ɖiwo zazã zu numame na wò, èkpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo, alo èƒo ɖokuiwò ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me. Ne nenemae la, ke menye avu vi wɔm nèle kura o. Mègasusui be ye ɖeka yeate ŋui o. Àte ŋu agblɔe na hamemetsitsi aɖe si ŋu nètea ŋu tena ɖo bɔbɔe. Aɖo to wò ahaɖo aɖaŋu si asɔ la na wò, eye wòaka ɖe edzi na wò be Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò ne èyi edzi wɔ avu kple dzodzro vɔ̃ mawo. (Nyagb. 4:12) Ne dzi ɖe le ƒowò le esi dzodzro vɔ̃wo kpɔtɔ le mewò ta la, hamemetsitsiawo aka ɖe edzi na wò be ema fia be mèle ŋu ɖom ɖe ɖokuiwò ŋu o, ke boŋ èdi be ye kple Yehowa dome nanyo.—1 Kor. 10:12.

8. Vodada kawo tɔgbie mehiã be míatsɔ ayi na hamemetsitsiwo o?

8 Mahiã be míatsɔ vodada ɖe sia ɖe si míewɔ la ayi na hamemetsitsiwo o. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ègblɔ nya aɖe si ve nɔvi aɖe, alo èdo dziku ɖe nɔvi aɖe ŋu vevie. Ne edzɔ alea la, mehiã be nàtsɔ nyaa ayi na hamemetsitsiwo o, ke boŋ wɔ ɖe aɖaŋu si Yesu ɖo be nàyi ɖe nɔvia gbɔ awɔ ŋutifafa kplii la dzi. (Mat. 5:23, 24) Anyo hã be nàku nu me tso nya siwo nye tufafa, dzigbɔgbɔ blewu, kple ɖokuidziɖuɖu ŋu, ale be ɣebubuɣi nàte ŋu aɖe nɔnɔme nyui siawo afia geɖe wu. Gake ne mète ŋu le kuxi siawo gbɔ kpɔm le ɖokuiwò si o la, àte ŋu abia hamemetsitsi aɖe ƒe kpekpeɖeŋu. Le lɛta aɖe si apostolo Paulo ŋlɔ na Filipitɔwo me la, ebia tso eƒe hadɔwɔla aɖe si ŋkɔ womeyɔ o la si be wòakpe ɖe Ewodia kple Sintike ŋu woakpɔ masɔmasɔ si le wo dome la gbɔ. Miaƒe hamemetsitsiawo dometɔ ɖeka ate ŋu akpe ɖe wò hã ŋuwò.—Flp. 4:2, 3.

NU KA TAE WÒLE BE MÍAYƆ HAMEMETSITSIWO?

9. Nu ka tae mele be wòakpe ŋu na mí be míabia kpekpeɖeŋu tso hamemetsitsiwo gbɔ o? (Lododowo 28:13)

9 Ne míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe alo míekpɔe be ele sesẽm na mí be míaɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dzi la, ele be xɔse nanɔ mía si eye dzi nanɔ mía ƒo míabia kpekpeɖeŋu. Mele be wòakpe ŋu na mí be míate ɖe hamemetsitsiwo ŋu o. Nu ka tae? Elabe Yehowae wɔ ɖoɖo sia, eye ne míewɔ ɖe edzi la, efia be míeka ɖe ɖoɖo si Yehowa wɔ be míanɔ lãmesẽ me le gbɔgbɔ me eye míaƒe xɔse nasẽ ŋu la dzi. Efia be míenya be eya koe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nu si sɔ. (Ps. 94:18) Eye ne míeʋu míaƒe nu vɔ̃wo me eye míedzudzɔ wo wɔwɔ keŋkeŋ la, Mawu akpɔ nublanui na mí.—Xlẽ Lododowo 28:13.

10. Ne míeɣla míaƒe nu vɔ̃wo la, nu kae ate ŋu adzɔ?

10 Ne míeʋu míaƒe nu vɔ̃wo me na hamemetsitsiwo la, Yehowa atsɔ wo ake mí eye mía kplii dome aganyo. Gake ne míegblɔe na hamemetsitsiwo o la, míaƒe nɔnɔmea agate ŋu agblẽ ɖe edzi. Esi Fia David dze agbagba be yeaɣla yeƒe nu vɔ̃wo la, ekpe fu vevie, dzi ɖe le eƒo, eƒe dzi gbã eye eya kple Yehowa dome gblẽ. (Ps. 32:3-5) Ne ame aɖe dze dɔ alo xɔ abi eye melé be na eɖokui o la, nɔnɔmea gagblẽna ɖe edzi. Nenema kee wònɔna ne ame aɖe dze dɔ le gbɔgbɔ me evɔ mena wokpe ɖe eŋu o. Yehowa medi be wòadzɔ ɖe mía dzi alea o, eya tae wòwɔ ɖoɖo be míagblɔe na hamemetsitsiwo ne woakpe ɖe mía ŋu ‘míakpɔ mía kpli ye dome nyawo gbɔ.’—Yes. 1:5, 6, 18.

11. Ne míetsyɔ nu nu vɔ̃ gã aɖe dzi la, aleke wòate ŋu agblẽ nu le ame bubuwo ŋui?

11 Ne míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe eye míetsyɔ nu edzi la, ate ŋu agblẽ nu le ame bubuwo hã ŋu. Ate ŋu axe mɔ na Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe dɔwɔwɔ ɖe hame bliboa dzi eye wòagblẽ ŋutifafa si le nɔviwo dome la me. (Ef. 4:30) Nenema kee ne hamea me tɔ aɖe wɔ nu vɔ̃ gã eye míenya nu tso eŋu la, ele be míade dzi ƒo nɛ be wòagblɔe na hamemetsitsiwo. Ne ɣeyiɣi aɖe va yi eye nu gbegblẽ wɔlaa meyi ɖagblɔe na hamemetsitsiwo o la, ele be nuteƒewɔwɔ na Yehowa naʋã mí be míawo ŋutɔwo míayi aɖagblɔe na wo. Gake ne míeɣla eta la, ke míawo hã míaɖi fɔ. (3 Mose 5:1) Ele be lɔlɔ̃ na Yehowa naʋã mí míate ɖe hamemetsitsiawo ŋu agblɔ nyateƒea na wo. Ne míewɔ esia la, hamea akpɔtɔ anɔ dzadzɛ eye woakpe ɖe nu gbegblẽ wɔlaa hã ŋu be wòadzra eya kple Yehowa dome ɖo.

ALEKE HAMEMETSITSIWO KPENA ÐE MÍA ŊUI?

12. Aleke hamemetsitsiwo kpena ɖe ame siwo gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me ŋu?

12 Biblia gblɔ na hamemetsitsiwo be woakpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me la ŋu. (1 Tes. 5:14) Ne èwɔ nane si gblẽ wò kple Yehowa dome la, hamemetsitsiawo abia nya aɖewo wò ŋuɖɔɖotɔe ale be woanya nu si tututu le susu kple dzi me na wò. (Lod. 20:5) Ðewohĩ asesẽ na wò be nàgblɔ nyaa na hamemetsitsiawo le ŋukpe ta. Gake ne ègblɔ nu si dzɔ na wo la, anɔ bɔbɔe be woakpe ɖe ŋuwò. Mègavɔ̃ be yeava gblɔ nya aɖe si masɔ o. (Hiob 6:3) Hamemetsitsiawo matsɔ dzitsitsi aƒo nya ta o, ke boŋ woaɖo to wò nyuie ase nya bliboa gɔme hafi aɖo aɖaŋu na wò. (Lod. 18:13) Wonya be beléle na alẽawo xɔa ɣeyiɣi, eya ta womanɔ mɔ kpɔm be yewoakpɔ ta na nya sesẽwo le anyinɔnɔ ɖeka ko me o.

13. Aleke hamemetsitsiawo ate ŋu ato woƒe gbedodoɖawo kple Ŋɔŋlɔawo dzi akpe ɖe mía ŋu? (Kpɔ fotoawo hã.)

13 Ne èyɔ hamemetsitsiawo la, womana nàva nɔ fɔ bum ɖokuiwò ɖe edzi o. Ke boŋ woado gbe ɖa ɖe tawò. Àkpɔe be gbe siwo wodona ɖe tawò la ‘wɔa dɔ,’ eye esia adzɔ dzi na wò. Nu bubu si woawɔ atsɔ akpe ɖe ŋuwò hãe nye be ‘woasi ami na wò le Yehowa ƒe ŋkɔ me.’ (Yak. 5:14-16) “Ami” siae nye nyateƒe si le Mawu ƒe Nya la me. Eya ta hamemetsitsiawo adzro Biblia kpukpui aɖewo me kpli wò aɖaŋutɔe. Esia ade dzi ƒo na wò ahafa akɔ na wò, eye wòakpe ɖe ŋuwò be wò kple Yehowa dome naganyo. (Yes. 57:18) Aɖaŋu si woanɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi aɖo na wò la ado ŋusẽ wò be nàyi edzi awɔ nu si sɔ. To hamemetsitsiawo dzi la, àse Yehowa ƒe gbe wòanɔ gbɔgblɔm na wò be: “Mɔ lae nye esi. [To] edzi.”—Yes. 30:21.

Fotoawo: 1. Ðɔkta si le foto si míekpɔ va yi mea le ŋku lém ɖe ŋutsua ƒe abɔ ŋu. Woɖe foto ŋutsua ƒe abɔ tsɔ klã ɖe glia ŋu. 2. Hamemetsitsi si le foto si míekpɔ va yi me kple hamemetsitsi bubu yi nɔviŋutsua gbɔ le eƒe me hetsɔ Biblia le dzi dem ƒo nɛ. Nɔviŋutsua le to ɖom hamemetsitsiawo eye dzi le edzɔm.

Hamemetsitsiwo zãa Biblia tsɔ kpena ɖe ame siwo dze dɔ le gbɔgbɔ me la ŋu hefaa akɔ na wo (Kpɔ memama 13-14)


14. Abe ale si wòdze le Galatiatɔwo 6:1 ene la, aleke hamemetsitsiwo kpena ɖe ame siwo “ɖe afɔ baɖa” la ŋu? (Kpɔ fotoawo hã.)

14 Xlẽ Galatiatɔwo 6:1. Ne Kristotɔ “ɖe afɔ baɖa aɖe” la, efia be mele wɔwɔm ɖe Mawu ƒe nudidi dzɔdzɔeawo dzi o. Afɔ baɖa ate ŋu afia be amea metso nya me nyuie o alo ewɔ nu vɔ̃ gã. Lɔlɔ̃ ʋãa hamemetsitsiwo ‘wodzea agbagba be yewoaɖɔ amea ɖo le gbɔgbɔ fatu me.’ Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘woaɖɔ ɖo’ agate ŋu afia be woana ame si ƒe ƒu ɖɔli la nagaɖo eme be wòate ŋu ahaya. Ale si ko ƒu blalawo ɖɔa ŋu ɖo be woagadzi vevesesea ɖe edzi na amea o la, hamemetsitsiwo hã ɖɔa ŋu ɖo ne wole kpekpem ɖe ame si dze dɔ le gbɔgbɔ me ŋu be eƒe vevesesea dzi naɖe akpɔtɔ eye wòahaya. Biblia xlɔ̃ nu hamemetsitsiwo hã be ‘woanɔ wo ɖokuiwo dzi kpɔm nyuie.’ Esi hamemetsitsiwo le kpekpem ɖe mía ŋu be míaɖe mɔ dzɔdzɔe na míaƒe afɔwo la, woɖoa ŋku edzi be yewo ŋutɔwo hã yewomede blibo o, eye ate ŋu adzɔ be yewoaɖe afɔ gbegblẽ. Eya ta wonɔa ŋudzɔ be woagasusui be yewonyo wu ame si ŋu yewole kpekpem ɖo o, ke boŋ wobɔbɔa wo ɖokuiwo eye woƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu.—1 Pet. 3:8.

15. Nu kae wòle be míawɔ ne nya aɖe alo kuxi aɖe le fu ɖem na mí?

15 Míate ŋu aka ɖe míaƒe hamemetsitsiwo dzi. Yehowa na hehe wo be woagaʋu go amewo ƒe nya ɣaɣlawo o, eye woatu woƒe aɖaŋuɖoɖowo ɖe Biblia dzi ke menye woawo ŋutɔ ƒe susuwo dzi o. Wona hehe wo hã be woakpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe míaƒe kuxiwo nu. (Lod. 11:13; Gal. 6:2) Hamemetsitsiwo ƒe nɔnɔmewo kple nuteƒekpɔkpɔwo le vovovo, gake míate ŋu ate ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu faa agblɔ míaƒe kuxiwo na wo. Masɔ be míanɔ tsatsam le hamemetsitsiwo dzi anɔ aɖaŋuɖoɖowo biam kple susu be wo dometɔ aɖe nagblɔ nya si asɔ to me na mí o. Ne míewɔe nenema la, ke míava sɔ kple ame siwo di be woatsɔ Mawu ƒe Nyaa ‘alũ to me na yewo’ tsɔ wu be woatsɔ “nufiafia nyuitɔ” afia mɔ yewo. (2 Tim. 4:3) Ne míeɖe nya aɖe dzi na hamemetsitsi aɖe la, ɖewohĩ abia mí nenye be míeɖe nyaa dzi na hamemetsitsi aɖe xoxo kple aɖaŋu si wòɖo na mí. Ðokuibɔbɔ akpe ɖe hamemetsitsi ma ŋu be eya hã nabia aɖaŋuɖoɖo tso nɔvi tsitsi bubu gbɔ.—Lod. 13:10.

AGBA SI WÒLE BE MÍA ŊUTƆWO MÍATSƆ

16. Agba kae le mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi?

16 Togbɔ be hamemetsitsiwo le mía ŋu dzɔm hã la, wometsoa nya me na mí o. Agba le mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi be míanɔ agbe wòadze Mawu ŋu. Míabu akɔnta na Mawu le míaƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo ta. (Rom. 14:12) Yehowa le klalo be yeakpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nuteƒe. Eya ta hamemetsitsiwo mezia woƒe susu ɖe mía dzi o, ke boŋ wozãa Mawu ƒe Nyaa tsɔ kpena ɖe mía ŋu míekpɔa Mawu ƒe susu le nyaa ŋu. Ne míewɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiame si wona mí dzi la, míana hehe míaƒe “nugɔmeseseŋutetewo” eye míatso nya me nyuie.—Heb. 5:14.

17. Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa awɔ?

17 Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye be míenye Yehowa ƒe alẽwo! Yehowa dɔ Yesu, si nye “alẽkplɔla nyui la,” be wòava tsɔ eƒe agbe axe fe ɖe mía ta be míate ŋu akpɔ agbe mavɔ. (Yoh. 10:11) Yehowa ɖo hamemetsitsiwo be woalé be na mí, abe ale si wòdo ŋugbee ene be: “Mana kplɔlawo mi ɖe nye dzi ƒe didi nu, eye woatsɔ sidzedze kple gɔmesese deto anyi mi.” (Yer. 3:15) Ne míegbɔdzɔ alo dze dɔ le gbɔgbɔ me la, mele be míahe ɖe megbe kura o, ele be míayɔ hamemetsitsiwo kaba be woakpe ɖe mía ŋu. Neva eme be ɖoɖo nyui si Yehowa wɔ be yeakpe ɖe mía ŋu to hamemetsitsiwo dzi la naɖe vi na mí bliboe.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Ɣekaɣie wòle be ‘míayɔ hamemetsitsiwo’ be woakpe ɖe mía ŋu?

  • Nu ka tae wòle be míayɔ hamemetsitsiawo?

  • Aleke hamemetsitsiwo kpena ɖe mía ŋui?

HADZIDZI 31 Oo, Zɔ Kple Mawu!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe