INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 October axa 2-5
  • 1925​—Ƒe Alafa Ðekae Nye Esia

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 1925​—Ƒe Alafa Ðekae Nye Esia
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI WONƆ MƆ KPƆM NA MEVA EME O
  • WOÐO RADIODƆWƆƑE GEÐE
  • MÍEVA SE NYA VEVI AÐEWO GƆME
  • WOÐI ÐASE TSO YEHOWA ŊU
  • WOTRƆ YI AME SIWO TSƆ ÐE LE EME LA GBƆ
  • MÍELE MƆ KPƆM NA DƆ GEÐE WƆWƆ
  • 1924​—Ƒe Alafa Ðekae Nye Esia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • 1922—Ƒe Alafa Ðekae Nye Esia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Gbeƒãɖeɖemɔnuwo​—Wole Mɔnu Ðe Sia Ðe Zãm Be Nya Nyuia Naɖo Amewo Gbɔ
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 October axa 2-5
Nɔvi gbogbo aɖewo va ƒo ƒu ɖe foto le takpekpe si wowɔ le Indianapolis, le Indiana, le ƒe 1925 me.

Takpekpe si wowɔ le Indianapolis, le Indiana, le ƒe 1925 me

1925​—Ƒe Alafa Ðekae Nye Esia

JANUARY 1, 1925 ƒe Gbetakpɔxɔa gblɔ be “Kristotɔwo nɔ mɔ kpɔm na ƒe sia vevie.” Ke hã, nyatia yi edzi gblɔ be: “Mele be Kristotɔwo natsi dzi fũu akpa ɖe nu siwo ate ŋu adzɔ le ƒe sia me ŋu o, elabe ne menye nenema o la, woƒe susu magava nɔ dɔ si Aƒetɔ la de wo si be woawɔ la ŋu o.” Nu kae Biblia Nusrɔ̃viawo nɔ mɔ kpɔm be adzɔ le ƒe 1925 me? Togbɔ be nu si wonɔ mɔ kpɔm na meva eme o hã la, aleke woyi edzi tsɔ dzo ɖe Aƒetɔ la ƒe dɔa ŋu?

NU SI WONƆ MƆ KPƆM NA MEVA EME O

Biblia Nusrɔ̃viawo dometɔ geɖe nɔ mɔ kpɔm be anyigbaa azu Paradiso le ƒe 1925 me. Nu ka tae? Nɔviŋutsu Albert Schroeder, si va nye Dɔdzikpɔhaa me tɔ emegbe, la ɖe eme be: “Ɣemaɣi la, wosusui be Kristotɔ amesiamina siwo kpɔtɔ nɔ anyigba dzi la adzo ayi Dziƒofiaɖuƒe la me eye Mawu afɔ blemafofowo abe Abraham, David kple bubuawo ene ɖe tsitre woava nye amegãwo axɔ ŋgɔ akplɔ amewo le anyigbaa dzi le Mawu Fiaɖuƒea te.” Gake esi ŋkekeawo va nɔ yiyim eye woƒe mɔkpɔkpɔa meva eme o la, esia na dzi ɖe le wo dometɔ aɖewo ƒo.—Lod. 13:12.

Togbɔ be dzi ɖe le Biblia Nusrɔ̃vi aɖewo ƒo hã la, wo dometɔ geɖe yi edzi nɔ gbeƒã ɖem eye wova de dzesii be gbeƒãɖeɖe tso Yehowa ŋu na amewoe nye dɔ vevitɔ si wòle be yewoawɔ. Bu dɔ siwo gbegbe wowɔ be nyateƒea naɖo ame geɖewo gbɔ to radio dzi ŋu kpɔ.

WOÐO RADIODƆWƆƑE GEÐE

Esi wònye be ame geɖe nɔ to ɖom radiodɔwɔƒe si nye WBBR le ƒe 1924 me ta la, Biblia Nusrɔ̃viawo gaɖo radiodɔwɔƒe bubu ɖe teƒe aɖe si te ɖe Chicago ŋu, le Illinois. Ŋɔŋlɔdzesi si wotsɔ dea dzesi radiodɔwɔƒe siae nye WORD. Ralph Leffler, si kpe asi ɖe eŋu woɖo radiodɔwɔƒe sia la gblɔ be: “Ame geɖe siwo le didiƒewo ke tea ŋu léa WORD radio la sea wɔnawo, vevietɔ le zãme ne xexea me fa miamiamia.” Le kpɔɖeŋu me, ƒome aɖe si le Pilot Station, le Alaska, si didi tso radiodɔwɔƒea gbɔ kilometa 5,000 sɔŋ la te ŋu lé radio la esime wodze dɔ gɔme zi gbãtɔ. Esi ƒomea se wɔnaa vɔ megbea, woŋlɔ lɛta ɖo ɖe radiodɔwɔƒea tsɔ da akpe na nɔviawo ɖe wɔna tuameɖo ma si kpe ɖe wo ŋu wova nya nu geɖe tso Mawu kple Biblia ŋu ta.

Miame: WORD radiodɔwɔƒe si nɔ Batavia, le Illinois ƒe mɔ̃ siwo nana amewo sea nyawo le didiƒe ke

Ðusime: Ralph Leffler le dɔ wɔm le radiodɔwɔƒea

December 1, 1925 ƒe Gbetakpɔxɔ ɖe susu siwo tae ame siwo le didiƒe ke la tea ŋu léa radiodɔwɔƒe sia me. Egblɔ be: “WORD nye radiodɔwɔƒe siwo amewo tea ŋu léna le didiƒe ke le Amerika la dometɔ ɖeka. Afi ka kee amewo ɖale le Amerika o, ne wolé radio sia la, nyawo me kɔna nyuie; nenema kee wòle le Cuba kple Alaska ƒe dziehe kekeake hã. Ame geɖe siwo mese nya nyuia kpɔ o siwo ɖo to radiodɔwɔƒe sia la va tsɔ ɖe le eme.”

George Naish

Le ɣeyiɣi ma ke me la, Biblia Nusrɔ̃viawo nɔ agbagba dzem be yewoazã radio atsɔ agblɔ nya nyuia le Canada hã. Le ƒe 1924 me la, radiodɔwɔƒe aɖe si nye CHUC te dɔwɔwɔ le Saskatoon, le Saskatchewan. Emae nye radiodɔwɔƒe gbãtɔ siwo woɖo ɖe Canada siwo dzi wogblɔa Biblia me nyawo le la dometɔ ɖeka. Le ƒe 1925 mea, nɔvi siwo ɖo dɔwɔƒea ɖoe be yewoaʋu ayi teƒe bubu si lolo wu. Eya ta Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa xɔe. Ɣemaɣia, habɔbɔa ƒle Regent Building fefewɔƒe si le Saskatoon hetrɔ asi le eŋu, eye nɔviawo ɖe mɔ̃ siwo le radiodɔwɔƒea yi fefewɔƒea.

Radiodɔwɔƒe siae na ame geɖe siwo le Saskatchewan ƒe nutowo me la te ŋu se nya nyuia zi gbãtɔ. Le kpɔɖeŋu me, le nuto saɖeaga aɖe me la, aƒenɔ aɖe ŋlɔ lɛta bia be woaɖo Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe ye esi wòɖo to radiodɔwɔƒea ƒe wɔna aɖe vɔ megbe. Nɔviŋutsu George Naish gblɔ be, “Aƒenɔa di be míakpe ɖe ye ŋu kaba. Eya ta míeɖo Studies in the Scriptures gbalẽa ƒe bablawo katã ɖee.” Eteƒe medidi o, Aƒenɔa nɔ nu siwo wòsrɔ̃ la gblɔm na amewo le didiƒe ʋĩi.

MÍEVA SE NYA VEVI AÐEWO GƆME

Nyati vevi aɖe si ƒe tanyae nye “Wodzi Dukɔ Yeye” dze le March 1, 1925 ƒe Gbetakpɔxɔ me. Nu ka tae nyati sia le vevie? Tso ɣeaɖeɣi kea, Biblia Nusrɔ̃viawo nyae be habɔbɔ le Satana si, si me tɔwo nye gbɔgbɔ vɔ̃ siwo le dziƒonutowo me, subɔsubɔhawo, asitsahabɔbɔwo kple dunyahedziɖuɖu siwo le anyigbaa dzi. Ke hã, “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la to nyati sia dzi kpe ɖe nɔviawo ŋu wonyae be habɔbɔ le Yehowa hã si, si to vovo sãa tso Satana ƒe habɔbɔa gbɔ eye ɖekawɔwɔ aɖeke mele wo dome o. (Mat. 24:45) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, kluvia ɖe eme be woɖo Mawu Fiaɖuƒea anyi le ƒe 1914 me, eye le ƒe ma me le la, ‘aʋa si dzɔ le dziƒo’ wɔe be wonya Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo wova tsi anyigba dzi.—Nyaɖ. 12:7-9.

Esesẽ na nɔvi aɖewo be woaxɔ numekɔkɔ yeye sia dzi ase. Habɔbɔa nya be ate ŋu adzɔ alea, eya ta wogblɔ le nyatia me be: “Ne esesẽ na ame aɖe be wòaxɔ nya siwo le Gbetakpɔxɔ sia me dzi ase la, míaƒe aɖaŋuɖoɖoe nye be wòayi edzi akpɔ Aƒetɔ la sinu, esi wòyi edzi le esubɔm nuteƒewɔwɔtɔe.”

Tom Eyre, si nye nyanyuikakala (si míeyɔna fifia be mɔɖela) si tso Britain la, gblɔ ale si Biblia Nusrɔ̃viawo dometɔ geɖe se le wo ɖokui me tso nyatia ŋu be: “Ale si woɖe Nyaɖeɖefia ta 12 lia me le nyatia me la do dzidzɔ na nɔviawo. Esi míeva de dzesii be woɖo Fiaɖuƒea anyi le dziƒo la, esia de dzo mía me geɖe wu be míagblɔ nya nyuia na amewo. Nyati sia na míegado vevie gbeƒãɖeɖedɔa geɖe wu eye wòna míekpɔe be Yehowa le nu nyui geɖewo wɔ ge le ŋkeke siwo gbɔna me.”

WOÐI ÐASE TSO YEHOWA ŊU

Egbea, Yehowa Ðasefowo nya nya siwo dze le Yesaya 43:10 nyuie. Afi ma gblɔ be: “Yehowa be: ‘Miawoe nye nye ɖasefowo, Ɛ̃, nye subɔla si metia.’” Do ŋgɔ na ƒe 1925 la, womezãa mawunyakpukpui sia edziedzi le míaƒe agbalẽwo me o. Gake nuwo va trɔ. Le ƒe 1925 me la, wodzro Yesaya 43:10 kple 12 me le yevugbe me Gbetakpɔxɔ ƒe tata 11 sɔŋ me!

Le August 1925 me la, Biblia Nusrɔ̃viawo wɔ takpekpe aɖe le Indianapolis, le Indiana. Nɔviŋutsu Joseph F. Rutherford gblɔ nya aɖe tsɔ do wòezɔ na vavalawo; nya mawo dze le takpekpea ƒe ɖoɖowɔɖi dzi. Egblɔ be: “Míeva takpekpe sia be míaxɔ ŋusẽdodo tso Aƒetɔ la gbɔ ale be míate ŋu ayi gbeadzi kple ŋusẽ yeye anye eƒe ɖasefowo.” Ŋkeke enyi takpekpe ma de dzi ƒo na vavalawo be woaɖe gbeƒã tso Yehowa ŋu, dzi nanɔ wo ƒo woawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si aʋu ɖi na wo ŋu dɔ aɖi ɖase tso Yehowa ŋu.

Le Memleɖa, August 29 la, Nɔviŋutsu Rutherford ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Nuwɔwɔ Kpata Ƒe Yɔyɔ Aɖe.” Le nuƒoa me la, ete gbe ɖe edzi be ele vevie be mí katã míaɖi ɖase eye wògblɔ be: “Yehowa gblɔ na eƒe amewo be . . . : ‘Miawoe nye nye ɖasefowo. . . Nyee nye Mawu.’ Eyome wògblɔ sedede sia si me kɔ be: ‘Mikɔ aflaga dzi na dukɔwo.’ Ame bubu aɖeke mele anyigba dzi si ado aflaga ɖe dzi alo aɖi ɖase na dukɔwo o, negbe Aƒetɔ la ƒe amewo, siwo dzi wòkɔ eƒe gbɔgbɔ ɖo, be woanye yeƒe ɖasefowo la ko.”—Yes. 43:12; 62:10.

Trakt si dzi woŋlɔ “Message of Hope” (Mɔkpɔkpɔ Gbedasi) la ɖo.

Trakt si nye Mɔkpɔkpɔ Gbedasi la

Esi Nɔviŋutsu Rutherford wu nuƒoa nu la, exlẽ nya aɖewo si wona tanyae be “Message of Hope” (Mɔkpɔkpɔ Gbedasi). Takpekpea valawo katã lɔ̃ ɖe nya siwo wòxlẽ la dzi; eƒe akpa aɖe gblɔ be, Mawu Fiaɖuƒea koe ate ŋu ana míakpɔ “ŋutifafa, nudzedziname, lãmesẽ, agbe tegbee, ablɔɖe kple dzidzɔ mavɔ.” Emegbe la, wova ŋlɔ nya siwo wòxlẽ la ɖe trakt aɖe me heɖe egɔme ɖe gbegbɔgblɔ vovovowo me. Woma esiwo ade miliɔn 40 sɔŋ.

Biblia Nusrɔ̃viawo metsɔ ŋkɔ Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi o; ƒe aɖewo va yi hafi wotsɔ ŋkɔ ma. Ke hã, eme va nɔ kɔkɔm na wo ɖe edzi be ele be yewoanye ɖasefowo na Yehowa.

WOTRƆ YI AME SIWO TSƆ ÐE LE EME LA GBƆ

Esi Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi le xexea me godoo la, wode dzi ƒo na wo be woatrɔ ayi ame siwo tsɔ ɖe le nya nyuia me la gbɔ. Esi wowɔ gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ tsɔ ma trakt si nye Mɔkpɔkpɔ Gbedasi vɔ megbe la, habɔbɔa na mɔfiame aɖe le eƒe Nyatakakagbalẽviaa me be: “Mitrɔ yi aƒe siwo katã me miema trakt si nye Mɔkpɔkpɔ Gbedasi le la me, ne ame siwo le aƒea me mexɔ míaƒe agbalẽ bubu aɖeke kpɔ o gɔ̃ hã.”

January 1925 Nyatakakagbalẽvia gblɔ nya si Biblia Nusrɔ̃vi aɖe si le Plano, le Texas la ŋlɔ ɖo ɖa. Egblɔ be: “Ewɔ nuku be ne míetrɔ yi anyigbamama siwo me míeɖi ɖase le kpɔ me la, amewo xɔa mí nyuie wu ne míeyi anyigbamama yeyewo me. Le ƒe ewo siwo va yi me la, míegbugbɔ yi ɖaɖe gbeƒã le nuto sue aɖe si le míaƒe anyigbamama me la me zi gbɔ zi atɔ̃ sɔŋ. . . . Emegbe la, Nɔvinyɔnu Hendrix kple nɔnye gatrɔ yi anyigbamama ma ke me eye woma agbalẽ wu esiwo míema va yi.”

Nyanyuikakala aɖe si le dukɔ si nye Panama me la gblɔ be: “Ame geɖe siwo gbe be yewomaxɔm zi gbãtɔ o la trɔa woƒe nɔnɔme ne metrɔ yi wo gbɔ zi evelia alo etɔ̃lia. Le ƒe sia me la, meɖoe koŋ trɔ yi ame siwo meɖi ɖase na va yi la gbɔ, eye nuteƒekpɔkpɔ nyui geɖewo su asinye.”

MÍELE MƆ KPƆM NA DƆ GEÐE WƆWƆ

Le ƒe sia ƒe ƒe lɛta si Nɔviŋutsu Rutherford ŋlɔna na mɔɖelawo me la, eƒo nu tso gbeƒãɖeɖedɔ si wote ŋu wɔ le ƒe 1925 me kple dɔ siwo le ŋgɔ woawɔ la ŋu. Egblɔ be: “Tso ƒea ƒe gɔmedzedze la, mɔnukpɔkpɔ su mia si mietsɔ nya nyuia fa akɔ na ame geɖe. Dɔ sia na miele dzidzɔ kpɔm . . . Ƒe si gbɔna agana mɔnukpɔkpɔ mi be mianye ɖasefowo na Mawu kple eƒe Fiaɖuƒe la, eye miaɖee afia be yewonye mawusubɔla vavãwo. . . . Eya ta mina mí katã míatsɔ nu sɔsɔe akɔ gbe dzi akafu mía Mawu kple míaƒe Fia la.”

Le ƒe 1925 ƒe nuwuwu la, nɔviawo nɔ ɖoɖo wɔm be yewoakeke Brooklyn alɔdzedɔwɔƒea ɖe enu. Eye le ƒe 1926 me la, habɔbɔa dze xɔtudɔ gãtɔ kekeake gɔme.

Nɔviwo dze xɔ yeye aɖe tutu gɔme.

Esime wonɔ alɔdzedɔwɔƒe si le Adams Street, Brooklyn, New York, kekem ɖe enu le ƒe 1926 me

a Fifia míeyɔnɛ be Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe